< 3 Mosebog 12 >
1 Og Herren talede til Mose og sagde:
Yehowa gblɔ na Mose be,
2 Tal til Israels Børn og sig: Naar en Kvinde undfanger og føder en Dreng, da skal hun være uren syv Dage, lige som de Dage ere, i hvilke hun er uren ved sin Svaghed.
“De se siawo na Israelviwo be, ‘Ne nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adre, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi.
3 Og paa den ottende Dag skal hans Forhuds Kød omskæres.
Ele be woatso aʋa na ɖevia le ŋkeke enyia gbe.
4 Og hun skal blive hjemme i tre og tredive Dage, under hendes Blods Renselse; hun skal ikke røre ved noget helligt og ikke komme til Helligdommen, førend hendes Renselses Dage ere fuldendte.
Ekema le ŋkeke blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ siwo akplɔe ɖo, le ale si eŋuti mekɔ haɖe o ta la, maka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋuti o, eye made Agbadɔ me hã o.
5 Men føder hun en Pige, da skal hun være uren to Uger, som under hendes Svaghed; og hun skal blive hjemme seks og tresindstyve Dage, under hendes Blods Renselse.
Ne nyɔnu aɖe dzi nyɔnuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o kɔsiɖa eve, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ekema le ŋkeke blaade-vɔ-ade siwo akplɔe ɖo me la, ʋu si anɔ dodom le eŋuti la ana be eƒe ŋuti nanɔ kɔkɔm.
6 Og naar hendes Renselsesdage ere fuldendte efter en Søn eller efter en Datter, skal hun fremføre et aargammelt Lam til Brændoffer, og en Dueunge eller en Turteldue til Syndoffer, til Forsamlingens Pauluns Dør, til Præsten.
“‘Ne nyɔnu la ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɣeyiɣi de la, ne via nye ŋutsuvi loo alo nyɔnuvi hã la, ele na nyɔnu la be wòana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wòana ahɔnɛ alo akpakpa ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Atsɔ nu siawo ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu,
7 Og han skal ofre det for Herrens Ansigt og gøre Forligelse for hende, saa bliver hun ren efter sin Blodgang, Dette er Loven for hende, som føder en Dreng eller Pige.
nunɔla la asa vɔ na Yehowa, eye wòalé avu ɖe enu. Ekema eŋuti akɔ azɔ le ʋu si do le eŋu to vidzidzi me la megbe. “‘Esiawoe nye nu siwo wòle be woawɔ le vidzidzi megbe.
8 Men formaar hendes Haand ikke et Lam, da skal hun tage to Turtelduer eller to unge Duer, een til Brændoffer og een til Syndoffer; saa skal Præsten gøre Forligelse for hende, og hun er ren.
Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’”