< 3 Mojžišova 25 >

1 Mluvil ještě Hospodin k Mojžíšovi na hoře Sinai, řka:
Yehowa gblɔ na Mose le Sinai to la dzi bena,
2 Mluv synům Izraelským a rci jim: Když vejdete do země, kterouž já dávám vám, odpočívati bude země, nebo sobota jest Hospodinova.
“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia na ge dzi la, ele be anyigba la naɖu dzudzɔgbe na Yehowa.
3 Šest let osívati budeš rolí svou, a šest let obřezovati budeš vinici svou a sbírati úrody její.
Miaƒã miaƒe nukuwo, aɖe miaƒe waintiwo ŋu, eye miaxa miaƒe agblemenukuwo,
4 Sedmého pak léta sobotu odpočinutí bude míti země, sobotu Hospodinovu; nebudeš na poli svém síti a vinice své řezati.
ke le ƒe adrelia me la, miagblẽ anyigba la ɖi le Yehowa ŋkume; miagade agble ɖe edzi o. Migaƒã nukuwo o, eye migaɖe miaƒe waintiwo ŋu le ƒe blibo la me o.
5 Což se samo od sebe zrodí obilí tvého, nebudeš toho žíti, a hroznů vinice zanechané od tebe nebudeš sbírati. Rok odpočinutí bude míti země.
Migaŋe nuku siwo mie le wo ɖokuiwo si o; migagbe wain tsetsewo gɔ̃ hã na mia ɖokuiwo o, elabena ƒe adrelia nye dzudzɔƒe na anyigba la.
6 Ale ovoce země toho odpočinutí budete míti ku pokrmu, ty i služebník tvůj, i děvka tvá, i nájemník tvůj, i příchozí tvůj, kterýž bydlí u tebe,
Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si ado tso anyigba la me le dzudzɔƒe la me la, anye nuɖuɖu na mi, na wò ŋutɔ, wò ŋutsusubɔla kple wò nyɔnusubɔla kple agbatedɔwɔla kple ame si le gbɔwò le ŋkeke mawo me ko,
7 I hovado tvé, i všeliký živočich, kterýž jest v zemi tvé, všecky úrody její budou míti ku pokrmu.
hekpe ɖe wò aƒemelãwo kple lã wɔadã siwo le wò anyigba dzi la ŋu. Nu sia nu si anyigba la na la, woate ŋu aɖui.
8 Sečteš také sobě sedm téhodnů let, totiž sedmkrát sedm let, tak aby čas sedmi téhodnů let učinil tobě čtyřidceti devět let.
“‘Xlẽ dzudzɔƒe teƒe adre ale be dzudzɔƒe teƒe adreawo ƒe teƒe adre nanye ƒe blaene-vɔ-asiekɛ.
9 Tedy dáš troubiti trubou veselé všudy sedmého měsíce v desátý den; v den očišťování dáš troubiti trubou po vší zemi vaší.
Ekema na woaku kpẽ le afi sia afi le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewoa gbe; le Avuléŋkeke la dzi la, na woaku kpẽ le wò anyigba blibo la dzi.
10 I posvětíte léta padesátého, a vyhlásíte svobodu v zemi té všechněm obyvatelům jejím. Léto milostivé toto míti budete, abyste se navrátili jeden každý k statku svému, a jeden každý k čeledi své zase přijde.
Kɔ ƒe blatɔ̃lia ŋuti, eye nàɖe gbeƒã ablɔɖe le anyigba blibo la dzi na edzinɔlawo. Anye Aseyetsoƒe na mi. Mia dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ ayi eƒe ƒome ƒe nunɔamesiwo gbɔ, eye ame sia ame atrɔ ayi eƒe to si me wòtso la me.
11 Ten rok milostivý padesátého léta míti budete; nebudete síti, ani žíti toho, což by samo od sebe vzrostlo, ani sbírati vína opuštěných vinic léta toho.
Ƒe blaatɔ̃lia anye Aseyetsoƒe na mi. Migaƒã nu alo axa nuku siwo mie le woawo ŋutɔ ɖokui si alo agbe waintsetse siwo tsi gbe me o,
12 Nebo milostivé léto jest, protož za svaté je míti budete; ze všelikého pole jísti budete úrody jeho.
elabena Aseyetsoƒe kɔkɔe aɖee wònye na mi. Le ƒe ma me la, miaƒe nuɖuɖu anye nuku siwo miexa tso agble me.
13 Toho léta milostivého navrátí se jeden každý k statku svému.
“‘Ɛ̃, le ƒe ma me la, ame sia ame atrɔ ayi wo de, ayi nu si nye eƒe ƒomea tɔ la gbɔ; ne edzra nane la, woagbugbɔe nɛ!
14 Když nějakou věc prodáš bližnímu svému, aneb koupíš něco od bližního svého, nikoli neutiskujte jeden druhého.
“‘Ne èdzra anyigba na Israelvi aɖe alo ƒlee le esi la, mègabae o.
15 Vedlé počtu let po létu milostivém koupíš od bližního svého, a vedlé počtu let, v kterýchž úrody bráti máš, prodá tobě.
Aseyetsoƒe la ŋu nàƒle nu le nɔviwo si ɖo, eye ƒe ale si sinu nàŋe nu la ŋu wòadzrae na wò ɖo.
16 Èím více bude let, tím větší placení bude, a čím méně let, tím, menší placení bude; nebo počet úrod prodá tobě.
Ne Aseyetsoƒe la le ŋgɔ ƒe geɖe la, anyigba la ƒe home akɔ. Ke ne ƒe ʋɛ aɖewo koe susɔ la, asi la abɔbɔ, elabena nu si ŋuti wole asi dom ɖo lae nye agblemenuku siwo anyigbatɔ yeye la akpɔ le anyigba la dzi.
17 Protož nikoli neoklamávejte jeden druhého, ale boj se každý Boha svého; nebo já jsem Hospodin Bůh váš.
Migaba mia nɔewo o, ke boŋ mivɔ̃ miaƒe Mawu; nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
18 Ostříhejte ustanovení mých, a soudy mé zachovávejte a čiňte je, a bydliti budete v zemi té bezpečně.
“‘Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ nye seawo dzi, ekema mianɔ dedie le anyigba la dzi.
19 A přinese vám země úrody své; i budete jísti až do sytosti, bydlíce bezpečně v ní.
Ne miewɔ seawo dzi la, miaƒe agblemenukuwo aʋã, eye miaɖu nu aɖi ƒo.
20 Pakli díte: Co budeme jísti léta sedmého, jestliže nebudeme síti, ani shromažďovati užitků svých?
Ke miabia be, “Nu ka míaɖu le ƒe adrelia me esi womeɖe mɔ na mí be míaƒã nu alo aŋe nu le ƒe ma me o?”
21 Dám požehnání své vám léta šestého, tak že přinese úrody na tři léta.
Mayra mi le ƒe adelia me ale gbegbe be anyigba la ana nuɖuɖu si asu mia nu ƒe etɔ̃.
22 I budete síti léta osmého, a jísti úrody staré až do léta devátého; dokudž by nezrostly úrody jeho, jísti budete staré.
Ne mieƒã nukuwo le ƒe enyilia me la, miaɖu miaƒe nu xoxowo, eye miayi wo ɖuɖu dzi va se ɖe esime ƒe asiekɛlia ƒe nuŋeɣi naɖo.
23 Země pak nebude prodávána v manství; nebo má jest země, a vy jste příchozí a podruzi u mne.
“‘Miɖo ŋku edzi be tɔnyee nye anyigba la, eya ta migadzrae ɖikaa o. Gbɔnyenɔlawo kple amedzro siwo le agble dzi nam ko mienye!
24 A po vší zemi vládařství svého dopustíte dávati výplatu země.
Le anyigbadzadzra ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe me la, ele be woaɖo kpe edzi be anyigbadzrala la agate ŋu agbugbɔ anyigba la axɔ ɣe sia ɣi.
25 Jestliže by ochudl bratr tvůj, tak že by prodal něco z statku svého, tedy přijde příbuzný jeho, nejbližší jeho, a vyplatí prodanou věc od bratra svého.
“‘Ne hiã tu ame aɖe, eye wòdzra eƒe anyigba ƒe akpa aɖe la, ekema eƒe ƒometɔ tututuwo ate ŋu axe fe ɖe eta, axɔe.
26 Pakli kdo nemaje výplatce, mohl by tomu sám dosti učiniti, tak že shledal by, což potřebí k vyplacení:
Ne ƒometɔ aɖeke meli si ate ŋu axɔe o, eye wòva kpɔ ga emegbe la,
27 Tedy počte léta prodaje svého, a navrátí, což zůstane, tomu, jemuž prodal; tak zase přijde k statku svému.
ekema eya ŋutɔ agate ŋu aƒlee ɣe sia ɣi, eye wòaxe ga ɖe eta ɖe nuŋeɣi siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe naɖo la nu. Ele be anyigbaƒlela la naxɔ ga la, eye wòagbugbɔ anyigba la na anyigbatɔ gbãtɔ.
28 Pakli by nemohl shledati toho, což by navrátiti měl, tedy zůstane věc prodaná v rukou toho, kterýž ji koupil, až do léta milostivého. I postoupí mu ji v čas léta milostivého, a on navrátí se zase k dědictví svému.
Ke ne anyigbatɔ gbãtɔ la mete ŋu gbugbɔe ƒle o la, ekema anyigba la anye eƒlela la tɔ va se ɖe Aseyetsoƒe la dzi. Ke ele be wòagbugbɔe na anyigbatɔ la le Aseyetsoƒe la me kokoko.
29 Když by kdo prodal dům k bydlení v městě hrazeném, bude míti právo k vyplacení jeho, dokudž nevyplní se rok prodaje jeho. Za celý rok bude míti právo k vyplacení jeho.
“‘Ne ame aɖe dzra eƒe aƒe le du si woɖo gli ƒo xlãe me la, agate ŋu axɔe le ƒe ɖeka me ko.
30 Pakliť ho nevyplatí dříve, než vyjde ten celý rok, tedy zůstane dům ten v městě hrazeném tomu, kterýž jej koupil, dědičně v pronárodech jeho, aniž ho postoupí v létě milostivém.
Ke ne mete ŋu xɔe le ƒe ɖeka ma me o la, ekema azu eƒlela kple eƒe dzidzimeviwo tɔ ɖikaa, eye magbugbɔ ayi edzrala ƒe asi me le Aseyetsoƒe la gɔ̃ hã me o.
31 Domové pak ve vsech, kteréž nejsou zdí ohrazené, tak jako pole země počítati se budou. Budou moci býti vyplacováni, a léta milostivého navráceni budou.
Ke aƒe siwo le du siwo womeɖo gli ƒo xlã o me ya la le ko abe aƒe siwo wotso ɖe agblewo dzi ene, eya ta woate ŋu agbugbɔ wo axɔ ɣe sia ɣi, eye woagbugbɔ wo na nutɔ gbãtɔwo le Aseyetsoƒe la me kokoko.
32 Ale města Levítská, a domové v městech dědictví jejich, ti vždycky vyplaceni mohou býti od Levítů.
“‘Mele alea le Levitɔwo ya gome o. Levitɔwo ya ate ŋu agbugbɔ woƒe aƒewo axɔ ɣe sia ɣi, le du siwo wotsɔ na wo la me,
33 Ten pak, kdož vyplacuje, ať jest z Levítů. Aneb ať vyjde kupec z koupeného domu a města dědictví jeho v čas léta milostivého; nebo domové měst Levítských jsou dědictví jejich mezi syny Izraelskými.
ke ne Levitɔ aɖeke mexɔe o la, ekema woaɖe asi le aƒe si wodzra le woawo ŋutɔ ƒe du me la ŋuti le Aseyetsoƒe la dzi, elabena Levitɔwo ƒe duwo nye woawo ŋutɔ tɔ le Israelviwo dome.
34 Pole pak na předměstí měst jejich nebude prodáváno, nebo dědictví jejich věčné jest.
Womeɖe mɔ na Levitɔwo be woadzra lãnyiƒenyigba siwo ƒo xlã woƒe duwo o, elabena wonye wo tɔ ɖikaa, eye womagate ŋu anye ame bubu aɖeke tɔ o.
35 Jestliže by schudl bratr tvůj, a ustaly by ruce jeho u tebe, posilníš ho; též příchozí aneb podruh živiti se bude při tobě.
“‘Ne hiã tu hawòvi, Israelvi, eye magate ŋu akpɔ eɖokui dzi o la, enye wò dɔdeasi be nàkpe ɖe eŋu. Na wòava nɔ gbɔwò le wò aƒe me abe amedzro si dze gbɔwò ene.
36 Nevezmeš od něho lichvy aneb úroku, ale báti se budeš Boha svého, aby se mohl bratr tvůj živiti u tebe.
Mègaxɔ deme ɖe ga si nèdo nɛ la dzi o, ke boŋ vɔ̃ wò Mawu, eye nàna wòanɔ gbɔwò.
37 Peněz svých nedáš jemu na lichvu, aniž pro zisk půjčovati budeš obilí svého.
Ɖo ŋku edzi be deme aɖeke mele eme o, eye nàna nu sia nu si hiãe la adzɔmaxɔe. Mègati viɖe yome o.
38 Já jsem Hospodin Bůh váš, kterýž jsem vyvedl vás z země Egyptské, abych vám dal zemi Kananejskou, a byl vám za Boha.
Esiae nye sedede tso nye, Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be matsɔ Kanaanyigba ana mi, eye manye miaƒe Mawu.
39 Jestliže by pak schudl bratr tvůj u tebe, tak že by se prodal tobě, nebudeš ho podrobovati v dílo otrocké.
“‘Ne nɔviwò Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na wò la, mele be nàwɔ eŋu dɔ abe kluvi bubuawo ene o,
40 Jakožto nájemník a jako podruh bude při tobě; až do léta milostivého sloužiti bude u tebe.
ke boŋ nàbui abe wò agbatedɔwɔla alo wò amedzro ene, eye wòasubɔ wò va se ɖe Aseyetsoƒe la me.
41 Potom vyjde od tebe s dětmi svými, a navrátí se k čeledi své, a v dědictví otců svých navrátí se.
Le Aseyetsoƒe la me la, ate ŋu adzo kple viawo, eye wòatrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo kple eƒe domenyinuwo gbɔ.
42 Nebo jsou služebníci moji, kteréž jsem vyvedl z země Egyptské; nebudou prodáváni tak jako jiní služebníci.
Esi wònye nyee kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, eye nye subɔlawo mienye ta la, mele be woadzra mi abe kluvi bubuawo ene loo
43 Nebudeš panovati nad ním tvrdě, ale báti se budeš Boha svého.
alo awɔ fu mi o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu.
44 Služebník pak tvůj aneb děvka tvá, kteréž míti budeš, budou z národů těch, kteříž jsou vůkol vás; z nich kupovati budete služebníky a děvky.
“‘Miate ŋu aƒle kluviwo tso dukɔ bubu siwo ƒo xlã mi la me,
45 I od synů bydlitelů, kteříž jsou u vás pohostinu, od těch kupovati budete, a z čeledí těch, kteříž jsou s vámi, kteréž zplodili v zemi vaší, a budou vám v dědictví.
eye miate ŋu aƒle amedzro siwo ƒo xlã mi la ƒe viwo, togbɔ be wodzi wo le miaƒe anyigba dzi hã.
46 A vládnouti budete jimi právem dědičným, i synové vaší po vás, abyste je dědičně obdrželi. Na věčnost služby jejich užívati budete, ale nad bratřími svými, syny Izraelskými, nižádný nad bratrem svým nebude tvrdě panovati.
Woanye kluviwo na mi tegbetegbe, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo. Ke mele be miawɔ mia nɔvi, Israelviwo ya nenema o.
47 Jestliže by pak zbohatl příchozí aneb host, kterýž bydlí s tebou, a bratr tvůj přišel by na chudobu při něm, tak že by se prodal příchozímu aneb hosti tvému, aneb obyvateli, kterýž jest z čeledi cizí,
“‘Ne amedzro aɖe si le mia dome zu hotsuitɔ, eye ne Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na amedzro hotsuitɔ la alo hotsuitɔ la ƒe ƒometɔ la,
48 Když by se tedy prodal, může zase vyplacen býti. Někdo z bratří jeho vyplatí ho.
Israelvi la nɔviŋutsu,
49 Buďto strýc jeho, aneb syn strýce jeho vyplatí jej, aneb někdo z přátel krevních jeho, z rodiny jeho, vyplatí ho; aneb jestli potom sám bude moci s to býti, vyplatí se.
fofoa alo dadaa nɔviŋutsu, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu, viŋutsu alo ame sia ame si nye eƒe ƒometɔ tututu la ate ŋu axɔe. Eya ŋutɔ hã ate ŋu axɔ eɖokui ne ate ŋu akpɔ ga home la.
50 I počte se s tím, kterýž ho koupil, od léta, v kterémž se jemu prodal, až do léta milostivého, aby peníze, za něž jest prodán, byly vedlé počtu let; a jakožto s nájemníkem, tak se s ním stane.
Fe si wòaxe ɖe eƒe ablɔɖe ta la, aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe la naɖo la ŋu. Esɔ kple fe si woaxe na agbatedɔwɔlawo le ƒe mawo me.
51 Jestliže ještě mnoho let zůstává k létu milostivému, vedlé nich navrátí výplatu svou z peněz, za něž koupen jest.
Ne ƒe geɖewo ava yi hafi Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema amea axe ga si wòxɔ esime wòdzra eɖokui la ƒe akpa gãtɔ.
52 Pakli málo zůstává let do léta milostivého, tedy počte se s ním, a vedlé počtu let jeho navrátí výplatu svou.
Ne ƒeawo va yi, eye wòsusɔ ƒe ʋɛ aɖewo ko Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema axe ga si wòxɔ esi wòdzra eɖokui la ƒe akpa sue aɖe ko.
53 Tak jako s čeledínem ročním nakládáno bude s ním; nebude nad ním tvrdě panovati před očima tvýma.
Ne edzra eɖokui na amedzro aɖe la, ele be amedzro la nalé be nɛ abe agbatedɔwɔla ene, ke mawɔ eŋu dɔ abe kluvi alo nu si nye etɔ la ene o.
54 Pakli by se nevyplatil v těch letech, tedy vyjde léta milostivého on, i synové jeho s ním.
“‘Ne womete ŋu xɔe hafi Aseyetsoƒe la ɖo o la, ekema woana ablɔɖe eya ŋutɔ kple viawo le Aseyetsoƒe la me.
55 Nebo synové Izraelští jsou moji služebníci, služebníci moji jsou, kteréž jsem vyvedl z země Egyptské: Já Hospodin Bůh váš.
Elabena nye amewoe nye Israelviwo. Nyee ɖe wo tso Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’”

< 3 Mojžišova 25 >