< Jeremiáš 8 >

1 V ten čas, dí Hospodin, vyberou kosti králů Judských, i kosti knížat jejich, i kosti kněží, i kosti proroků, ano i kosti obyvatelů Jeruzalémských z hrobů jejich,
“Yehowa be, ‘Le ɣe ma ɣi la, Yuda fiawo kple woƒe dumegãwo ƒe ƒuwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ƒe ƒuwo kple Yerusalem nɔlawo ƒe ƒuwo la, woaɖe wo le woƒe yɔdowo me.
2 A rozmecí je proti slunci a měsíci, i proti všemu vojsku nebeskému, kteréž milují, a kterýmž slouží, a za kterýmiž chodí, a kterýchž hledají, a kterýmž se klanějí. Nebudou sebrány, ani pochovány, budou místo hnoje na svrchku země.
Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.
3 I bude žádostivější smrt nežli život všechněm ostatkům těm, kteříž pozůstanou z rodiny této nešlechetné na všech místech, kdež by koli pozůstali, tam kamž je zaženu, dí Hospodin zástupů.
Afi sia afi si manya wo aɖo ɖo la, dukɔ vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlɛawo adi ku wu agbe.’” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
4 Protož díš jim: Takto praví Hospodin: Tak-liž padli, aby nemohli povstati? Tak-liž se odvrátil, aby se nemohl zase navrátiti?
Gblɔ na wo be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Ne amewo dze anyi la, ɖe womegafɔna oa? Ne wotra mɔ la, ɖe womegatrɔna gbɔna oa?
5 Proč se odvrátil lid tento Jeruzalemský odvrácením věčným? Chytají se lsti, a nechtí se navrátiti.
Ekema nu ka ta ame siawo trɔ dzo ɖo? Nu ka ta Yerusalem le megbe dem ɣe sia ɣi? Woku ɖe beble ŋuti eye wogbe be yewomatrɔ o.
6 Pozoroval jsem a poslouchal. Nemluví, což pravého jest; není, kdo by želel zlosti své, říkaje: Což jsem učinil? Každý obrácen jest k běhu svému jako kůň, kterýž prudce běží k boji.
Meɖo to nyuie, gake womele nu si le eteƒe la gblɔm o. Ame ɖeka pɛ hã meli si eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi venɛ, eye wògblɔna be, “Nu kae nye esi mehewɔ o?” Ame sia ame lé eƒe mɔ tsɔ abe sɔe lũ ɖe aʋa me ene.
7 Ješto čáp u povětří zná nařízené časy své, a hrdlička i řeřáb i vlaštovice šetří času příletu svého, lid pak můj nezná soudu Hospodinova.
Akpaviã le yame ke hã nya eƒe azãgbewo, akpakpa, sagbadre kple tsalĩ, nya ɣeyiɣi si wòle be woaʋu adzo. Gake nye dukɔ ya menya Yehowa ƒe ɖoɖowo o.
8 Jakž můžete říci: Moudří jsme a zákon Hospodinův máme? Aj, jistě nadarmo dělá písař péro, nadarmo jsou v zákoně zběhlí.
“‘Aleke wɔ miate ŋu agblɔ be, “Míenye nunyalawo, elabena Yehowa ƒe se la le mía si,” evɔ le nyateƒe me, agbalẽfialawo ƒe nuŋlɔti trɔe wòzu aʋatso’ o?
9 Kohož zahanbili ti moudří? Kdo jsou předěšeni a jati? Aj, slovem Hospodinovým pohrdají, jakáž tedy jest moudrost jejich?
Ŋu akpe nunyalawo, woƒe mo atsi dãa, eye mɔ aɖe wo. Esi wogbe Yehowa ƒe nya la, nunya ka ƒomevie le wo si?
10 A protož dám ženy jejich jiným, pole jejich těm, kteříž by je opanovali; nebo od nejmenšího až do největšího všickni napořád vydali se v lakomství, od proroka až do kněze všickni napořád provodí faleš.
Eya ta maxɔ wo srɔ̃wo atsɔ na ŋutsu bubuwo eye maxɔ woƒe agblewo atsɔ na amedzrowo. Tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, wo katã le ŋu biãm ɖe viɖe ŋu. Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye ameblelawo.
11 Nebo hojí potření dcery lidu mého po vrchu, říkajíce: Pokoj, pokoj, ješto není žádného pokoje.
Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene. Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa’, evɔ wòhenye ŋutifafa aɖeke meli o hafi.
12 Jsou-liž zahanbováni, proto že ohavnost páchali? Ba ani se co ustydli, ani zahanbiti uměli. Protož padnou, když oni padati budou; v čas, v němž je navštívím, klesnou, praví Hospodin.
Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe.
13 Do konce vykořením je, dí Hospodin. Nebude žádného hroznu na vinném kmenu, ani žádných fíků na fíku, ano i list sprchne, a což dám jim, odjato bude.
Yehowa be, “Maxɔ nuku siwo woxa la le wo si. Wainkawo agbe tsetse, gbo matse ɖe gbotiwo dzi o eye woƒe aŋgbawo ayrɔ. Nu si matsɔ na wo la woaxɔ wo le wo si.”
14 Proč my tu sedíme? Shromažďte se, a vejděme do měst hrazených, a odpočineme tam. Ale Hospodin Bůh náš káže odpočívati nám, když vodou jedovatou napojí nás, proto že jsme hřešili proti Hospodinu.
“Nu ka ta mienɔ anyi ɖe afi sia ɖo? Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me ne míatsrɔ̃ ɖe afi ma! Elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖoe ɖi be miatsrɔ̃ eye wotsɔ aɖitsi na mí be miano elabena míewɔ nu vɔ̃.
15 Èekej pokoje, ale nic dobrého, času uzdravení, ale aj, hrůza.
Míekpɔ mɔ na ŋutifafa gake nu nyui aɖeke meva o. Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ gake ŋɔdzi koe li.
16 Od Dan slyšeti frkání koní jeho, od hlasu prokřikování silných jeho všecka země se třese, kteříž táhnou, aby zžírali zemi i všecko, což jest na ní, město i ty, kteříž bydlejí v něm.
Wose futɔ la ƒe sɔwo ƒe afɔzi le keke Dan. Ne woƒe sɔwo xlɔ̃ ko la, anyigba katã nyea zi. Wova be woaʋuʋu anyigba kple nu siwo katã le edzi, du la kple emenɔlawo katã.”
17 Nebo aj, já pošli na vás hady nejjedovatější, proti nimž nic neprospívá zaklínání, a štípati vás budou, dí Hospodin.
“Kpɔ ɖa, madɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe mia dome. Da siwo miate ŋu asa gbe ade o eye woaɖu mi.” Yehowae gblɔe.
18 Srdce mé ve mně, kteréž by mne mělo občerstvovati v zármutku, mdlé jest.
Oo, nye Akɔfala le xaxa me. Nu te nye dzi ŋu le menye.
19 Aj, hlas křiku dcery lidu mého z země velmi daleké: Zdali Hospodina není na Sionu? Zdali krále jeho není na něm? Proč mne popouzeli rytinami svými, marnostmi cizozemců?
Ɖo to nye dukɔ ƒe avifafa tso anyigba didi aɖe dzi, “Ɖe Yehowa mele Zion oa? Ɖe Fia la megale afi ma oa?” “Nu ka ta wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple dutalegba maɖinuwo do dziku nam ɖo?”
20 Pominula žeň, dokonalo se léto, a my nejsme vyproštěni.
“Nuŋeɣi va yi, eye dzomeŋɔli hã va yi, gake womeɖe mi o.”
21 Pro potření dcery lidu mého potřín jsem, smutek nesu, užasnutí podjalo mne.
Esi wogbã nye dukɔ ta la, nye hã megbã, mexa nu eye dzidzi ƒom.
22 Což není žádného lékařství v Galád? Což není žádného lékaře tam? Proč tedy není zhojena dcera lidu mého?
Ɖe dɔyɔmi mele Gilead oa? Gbedala aɖeke mele afi ma oa? Ke nu ka ta nye dukɔ ƒe abi mele kukum o?

< Jeremiáš 8 >