< Ezechiel 46 >

1 Takto praví Panovník Hospodin: Brána síně vnitřní, kteráž patří k východu, bude zavřená po šest dní všedních, v den pak sobotní otevřína bude; též v den novměsíce otvírána bude.
“‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ele be xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nanɔ tutu le dɔwɔŋkeke adeawo me, ke woaʋui le Dzudzɔgbe la kple Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui la dzi.
2 I přijde kníže cestou síně brány zevnitř, a postaví se u veřeje té brány, a budou obětovati kněží obět zápalnou jeho, i oběti pokojné jeho, a pokloně se na prahu brány, potom vyjde. Brána pak nebude zavírána do večera,
Fiavi ŋutsuvi la ato gota age ɖe eme to akpata la ƒe agbo me, eye wòatsi tsitre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti nu. Nunɔlaawo asa numevɔwo kple akpedavɔwo, asubɔ le agbo la ƒe agbali me, eye wòado go, gake womatu agbo la o va se ɖe fiẽ me.
3 Aby se klaněl lid země té u dveří brány té ve dny sobotní, i na novměsíce před Hospodinem.
Le Dzudzɔgbewo kple Ɣleti Yeyewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la, anyigba la dzi nɔlawo asubɔ le Yehowa ŋkume le agbo la ƒe mɔnu.
4 Obět pak zápalná, kterouž obětovati má kníže Hospodinu v den sobotní, šest beránků bez vady a skopec bez poškvrny,
Numevɔsa si fiavi ŋutsuvi la tsɔ vɛ na Yehowa le Dzudzɔgbe la dzi la, anye agbo fɛ̃ ade kple agbo ɖeka, lã siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o.
5 A obět suchá, efi na skopce, i na beránky obět suchá, podlé toho, jakž naděleno, a oleje hin na efi.
Nuɖuvɔsa si wòna kpe ɖe agbo la ŋu la, anye wɔ agba ɖeka, eye nuɖuvɔsa si kpe ɖe agbo fɛ̃awo ŋu la asɔ gbɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe didi nu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖeka ɖe sia ɖe ŋu.
6 Ke dni pak novměsíce ať jest volek mladý bez poškvrny, a šest beránků i skopec bez poškvrny.
Le Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui dzi la, ana nyitsu fɛ̃ ɖeka, alẽvi ade kple agbo ɖeka, lã siwo katã ŋuti kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o.
7 Též ať obětuje efi oběti suché při volku, a efi při skopci i při beráncích, seč bude moci býti, a oleje hin na efi.
Nu siwo wòana hena nuɖuvɔsa la woe nye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu la ŋu, eye wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo la ŋu, wòana nu si eya ŋutɔ lɔ̃ la kpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu.
8 Kníže pak vcházeje, cestou síňce též brány půjde, a cestou její odejde.
Ne fiavi ŋutsuvi la ge ɖe eme la, ato akpata la ƒe agbo nu, eye wòado go to teƒe ma ke.
9 Ale když vcházeti bude lid země té před Hospodina na slavnosti, ten kdož vejde cestou brány půlnoční, aby se klaněl, vyjde cestou brány polední; a ten kdož vejde cestou brány polední, vyjde cestou brány půlnoční. Nenavrátí se cestou té brány, kterouž všel, ale naproti ní vyjde.
“‘Ne anyigba la dzi nɔlawo va Aƒetɔ Yehowa ŋkume le ŋkekenyui ɖoɖiawo dzi la, ame sia ame si age ɖe eme to agbo anyiehemetɔ me be yeasubɔ la, ado go to agbo dziehetɔ me. Nenema ke, ame sia ame si age ɖe eme to agbo dziehetɔ me la, ado go to agbo anyiehetɔ me. Ame aɖeke mado go to agbo si me wòto ge ɖe eme o, ke ame sia ame ado go to agbo evelia me.
10 A když oni vcházeti budou, kníže mezi nimi vcházeti bude, a když odcházeti budou, odejde.
Fiavi ŋutsuvi la anɔ wo dome age ɖe eme ne ameawo ge ɖe eme, ado go ne ameawo do go.
11 Též na svátky i na slavnosti ať jest suchá obět, efi na volka a efi na skopce, a na beránky, což naděleno, a oleje hin na efi.
“‘Le azãwo kple ŋkekenyui ɖoɖiwo dzi la, nuɖuvɔsa la anye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu, wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, eye nu sia nu si dze ame aɖe ŋu la, nakpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe wɔ agba ɖeka ŋu.
12 Bude-li pak obětovati kníže obět dobrovolnou, zápal aneb oběti pokojné dobrovolně Hospodinu, tedy ať jest mu otevřína brána, kteráž k východu patří, a ať obětuje zápal svůj aneb pokojné oběti své, tak jakž obětuje v den sobotní. Potom odejde, a brána bude zavřína po odchodu jeho.
Ne fiaviŋutsu la wɔ lɔlɔ̃nununana na Aƒetɔ Yehowa, numevɔsa alo akpedavɔsa la, woaʋu agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nɛ. Ana eƒe numevɔsa alo akpedavɔsawo abe ale si wòwɔna le Dzudzɔgbe la ene. Ekema ado go, eye ne edo go la, woatu agbo la.
13 K tomu beránka ročního bez poškvrny obětovati bude v zápal každý den Hospodinu; každého jitra beránka obětovati bude.
“‘Gbe sia gbe la, miana alẽvi aɖe si xɔ ƒe ɖeka, lã si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o hena numevɔsa na Aƒetɔ Yehowa; mianae ŋdi sia ŋdi.
14 Též suchou obět přičiní k němu, každého jitra šestý díl efi, též oleje třetinu hin k skropení mouky bělné, suchou obět Hospodinu, nařízením věčným ustavičně.
Kpe ɖe esia ŋu la, ŋdi sia ŋdi miana nuɖuvɔsa wɔ agba ɖeka kple ami lita ene be woatsɔ ablu wɔ lae. Nuɖuvɔsa sia nana Aƒetɔ Yehowa nye ɖoɖo mavɔ.
15 A tak budou obětovati beránka i obět suchou, i olej každého jitra, zápal ustavičný.
Ale woana alẽvi la kple nuɖuvɔsa la kple ami la ŋdi sia ŋdi hena gbe sia gbe ƒe numevɔsa.
16 Taktoť praví Panovník Hospodin: Dá-li kníže dar někomu z synů svých, dědictvíť jeho jest, synů jeho buď, k vládařství jejich dědičnému.
“‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne fiaviŋutsu la na nu via ŋutsuwo dometɔ aɖe tso eƒe domenyinu me la, anye Via ŋutsu la ƒe dzidzimeviwo hã tɔ; anye wo tɔ to domenyinyi me.
17 Jestliže pak dá dar z dědictví svého některému z služebníků svých, také bude jeho až do léta svobodného, kdyžto navrátí se knížeti tomu; však dědictví jeho budou míti synové jeho.
Ke, ne ena nane eƒe subɔlawo dometɔ ɖeka tso eƒe domenyinyi me la, anye subɔla la tɔ va se ɖe ablɔɖeƒe la dzi, ekema agazu fiaviŋutsu la tɔ. Eƒe domenyinuwo nye viawo ɖeɖe ko tɔ; woawo tɔe.
18 Aniž bude bráti kníže z dědictví lidu, z vládařství jejich je vytiskuje; z svého vládařství dědictví dá synům svým, aby nebyl rozptylován lid můj žádný z vládařství svého.
Fiaviŋutsu la maxɔ ameawo ƒe domenyinuwo, anya ameawo le woƒe domenyinuwo gbɔ o. Ana domenyinuwo viawo tso eya ŋutɔ ƒe domenyinuwo me, ale womama nye ameawo dometɔ aɖeke ɖa tso nu si nye etɔ la gbɔ o.’”
19 Potom vedl mne průchodem, kterýž jest po straně brány, k kněžím do komůrek svatých, kteréž patřily na půlnoci, a aj, tu bylo místo po dvou bocích k západu.
Azɔ la, ŋutsu la kplɔm to mɔnu si le agbo la xa yi xɔ kɔkɔe siwo dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ; xɔ siawo nye nunɔlawo tɔwo, eye wòfia teƒe aɖem le axadzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
20 I řekl mi: Toto jest místo, kdež vaří kněží oběti za vinu a za hřích, kdež smaží oběti suché, aby nevynášeli do síně zevnitřní ku posvěcování lidu.
Egblɔ nam be, “Afi siae nunɔlaawo aɖa fɔɖivɔsawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo le. Woame nuɖuvɔsawo hã le afi sia be womatsɔ wo ava xɔxɔnu egodotɔ, eye woakɔ ameawo ŋuti o.”
21 Vyvedl mne též do síně zevnitřní, a vodil mne po čtyřech koutech síně, a aj, síň byla v každém rohu té síně.
Azɔ la, ekplɔm yi xɔxɔnu egodotɔ, eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe dzogoe eneawo dzi.
22 Ve čtyřech úhlech té síně byly síně s komíny, čtyřidcíti loket zdélí a třídcíti zšíří; míra jednostejná těch čtyř síní nárožních.
Le xɔxɔnu egodotɔ ƒe dzogoe eneawo dzi la, mekpɔ xɔxɔnu bubu le dzogoe ɖe sia ɖe dzi, ɖe sia ɖe didi mita blaeve, eye wòkeke mita wuiatɔ̃. Dzidzeme ɖeka li na xɔxɔnu eneawo le dzogoe eneawo dzi.
23 A v těch čtyřech byly kuchyňky vůkol, též ohniště zdělána v těch kuchyňkách vůkol.
Woɖo kpegli ɖe xɔxɔnu eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me ƒo xlãe, eye woɖi mlekpui ɖe kpegliawo ŋu ƒo xlãe kpe ɖo.
24 I řekl mi: Ta jsou místa těch, kteříž vaří, kdežto vaří služebníci domu oběti lidu.
Egblɔ nam be, “Esiawoe nye dzodoƒe siwo me ame siwo subɔna le gbedoxɔ la me la aɖa ameawo ƒe vɔsanuwo le.”

< Ezechiel 46 >