< Ezechiel 30 >

1 Opět se stalo slovo Hospodinovo ke mně, řkoucí:
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 Synu člověčí, prorokuj a rci: Takto praví Panovník Hospodin: Kvělte: Ach, nastojte na tento den.
“Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Mifa avi, miagblɔ be, Baba na ŋkeke ma,
3 Nebo blízko jest den, blízko jest, pravím, den Hospodinův, den mrákoty, čas národů bude.
elabena ŋkeke ma gogo, Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe, ŋkeke si dzi blukɔ ado, ŋkeke si ahe dzɔgbevɔ̃e va dukɔwo dzi.
4 A přijde meč do Egypta, a bude přetěžká bolest v Mouřenínské zemi, když padati budou zbití v Egyptě, a poberou zboží jeho, a zbořeni budou základové jeho.
Yi aɖe atso ɖe Egipte ŋu, eye ŋɔdzi aɖo Kus. Ne ame ku le Egipte la, woalɔ Egipte ƒe kesinɔnuwo adzoe, eye woakaka eƒe gɔmeɖoɖo ƒe agunu.
5 Mouřenínové a Putští i Ludští i všelijaká směsice, též Kubští i obyvatelé země smlouvy s nimi mečem padnou.
Kus kple Libia, Lidia kple Arabia katã, Kub kple dukɔ siwo katã me tɔwo le nubabla la me la, atsi yinu kpe ɖe Egiptetɔwo ŋu.’
6 Takť praví Hospodin, že padnou podpůrcové Egypta, a snížena bude vyvýšenost síly jeho; od věže Sevéne mečem padati budou v ní, praví Panovník Hospodin.
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Egipte dzi nɔlawo adze anyi, eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la ayi to tso Migdol va se ɖe Aswan; woatsi yinu le eme.’ Aƒetɔ Yehowa gblɔe.
7 I budou v pustinu obráceni nad jiné země pusté, a města jejich nad jiná města pustá budou.
“Woazu gbegbe le anyigba siwo wogblẽ la dome, eye woƒe duwo anɔ du siwo wogbã la dome.
8 I zvědí, že já jsem Hospodin, když zapálím oheň v Egyptě, a potříni budou všickni pomocníci jeho.
Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne metɔ dzo Egipte, eye mefanya eƒe kpeɖeŋutɔwo katã.
9 V ten den vyjdou poslové od tváři mé na lodech, aby přestrašili Mouřenínskou zemi ubezpečenou, i budou míti bolest přetěžkou, jakáž byla ve dni Egypta; nebo aj, přicházíť.
“Gbe ma gbe la, ame dɔdɔwo atso gbɔnye anɔ tɔdziʋuwo me be woado ŋɔdzi na Kus le eƒe ɖokuiŋudzedze me. Vɔvɔ̃ aɖo wo le Egipte ƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la ta, elabena ele vava ge godoo.
10 Takto praví panovník Hospodin: Učiním zajisté konec množství Egyptskému skrze ruku Nabuchodonozora krále Babylonského.
“‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Matsrɔ̃ Egipte ameha gã la to Nebukadnezar, Babilonia fia ƒe asi dzi.
11 On i lid jeho s ním, nejukrutnější národové přivedeni budou, aby zkazili tu zemi; nebo vytrhnou meče své na Egypt, a naplní tu zemi zbitými.
Woakplɔ eya kple eƒe aʋakɔ, ame siwo mekpɔa nublanui na amewo le dukɔwo katã dome o la, vɛ be woagblẽ anyigba la. Woaɖe woƒe yi le aku me ɖe Egipte ŋu, eye woana ame kukuwo nayɔ anyigba la dzi.
12 A obrátě řeky v sucho, prodám tu zemi v ruku nešlechetných, a tak v pustinu uvedu zemi, i což v ní jest, skrze ruku cizozemců. Já Hospodin mluvil jsem.
Mana Nil tɔsisi la namie, eye madzra anyigba la na ame vɔ̃ɖiwo. Mana amedzrowo ƒe asi nagblẽ anyigba la kple nu sia nu si le edzi. Nye, Yehowae ƒo nu.
13 Takto praví Panovník Hospodin: Zkazím i ukydané bohy, a konec učiním modlám v Nof, a knížete z země Egyptské nebude více, když pustím strach na zemi Egyptskou.
“‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Magbã woƒe legbawo, eye maɖe aklamakpakpɛ siwo le Memfis la ɖa. Dziɖula aɖeke maganɔ Egipte azɔ o, eye mana vɔvɔ̃ naɖo ame sia ame le anyigba la dzi.
14 Nebo pohubím Patros, a zapálím oheň v Soan, a vykonám soudy v No.
Mana Egipte ƒe dzigbeme nazu gbegbe, matɔ dzo Zoan, eye mahe to na Tebes.
15 Vyleji prchlivost svou i na Sin, pevnost Egyptskou, a vypléním množství No.
Matrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe Pelusium, Egipte ƒe mɔ sesẽtɔ la dzi, eye matsrɔ̃ Tebes ƒe amehawo.
16 Když zapálím oheň v Egyptě, velikou bolest bude míti Sin, a No bude roztrháno, Nof pak nepřátely bude míti ve dne.
Matɔ dzo Egipte; Pelusium anɔ ŋeŋem kple vevesese, ahom akplɔ Tebes adzoe, eye Memfis axaxa le nyadzɔɖeamedziwo ta.
17 Mládenci On a Bubastští mečem padnou, panny pak v zajetí půjdou.
Heliopolis kple Bubastis ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, eye duawo me tɔwo ŋutɔ aɖe aboyo wo ɖokuiwo.
18 A v Tachpanches zatmí se den, když tam polámi závory Egypta, a přítrž se stane v něm vyvýšenosti síly jeho. Mrákota jej přikryje, dcery pak jeho v zajetí půjdou.
Tapanhes ƒe ŋkeke ado viviti, ne mekaka Egipte ƒe kɔkuti; afi mae Egipte ƒe ŋusẽ, si dzi wòdana ɖo la, aɖo eƒe seƒe le. Lilikpo atsyɔ edzi, eye woaɖe aboyo eƒe duwo me tɔwo.
19 A tak vykonám soudy při Egyptu, i zvědí, že já jsem Hospodin.
Ale mahe to na Egipte, eye wòanya be nyee nye Yehowa.’”
20 Opět bylo jedenáctého léta, prvního měsíce, sedmého dne, že se stalo slovo Hospodinovo ke mně, řkoucí:
Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be,
21 Synu člověčí, rámě Faraona krále Egyptského zlámal jsem, a aj, nebudeť uvázáno, ani přičiněno lékařství, aniž přiložen bude šat pro obvázání jeho a posilnění jeho k držení meče.
“Ame vi, meŋe Farao, Egipte fia ƒe abɔ ɖeka. Womeblae kple avɔ wòatsya o, eye womeblae kple ati be, wòagasẽ alé yi o.
22 Protož takto praví panovník Hospodin: Aj, já jsem proti Faraonovi králi Egyptskému, a polámi ramena jeho, i sílu jeho, i budeť zlámané, a vyrazím meč z ruky jeho.
Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe Farao, Egipte fia ŋu. Maŋe eƒe abɔ eveawo, eye mana yi nage le esi.
23 A rozptýlím Egyptské mezi národy, a rozženu je do zemí.
Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi.
24 Posilním zajisté ramen krále Babylonského, a dám meč svůj v ruku jeho, i polámi ramena Faraonova, tak že stonati bude před ním, jakž stonává smrtelně raněný.
Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ, ke maŋe Farao ƒe abɔwo, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ame si ŋu wode kubi ene.
25 Posilním, pravím, ramen krále Babylonského, ramena pak Faraonova klesnou. I zvědí, že já jsem Hospodin, když dám meč svůj v ruku krále Babylonského, aby jej vztáhl na zemi Egyptskou.
Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, ke Farao ya ƒe abɔwo aku ɖe eŋuti. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babilonia fia be woanyee le yame ɖe Egipte ŋu.
26 A tak rozptýlím Egyptské mezi národy, a rozženu je do zemí, i zvědí, že já jsem Hospodin.
Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’”

< Ezechiel 30 >