< 2 Kronická 25 >
1 V pětmecítma letech kralovati počal Amaziáš, a kraloval dvadceti devět let v Jeruzalémě. Jméno matky jeho Joadan z Jeruzaléma.
Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ asieke. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, tso Yerusalem.
2 A činil to, což pravého bylo před očima Hospodinovýma, ale však ne srdcem upřímým.
Ewɔa nu si dze Mawu ŋu enuenu gake menye ɣe sia ɣi o!
3 I stalo se, když bylo upevněno království jeho, že zmordoval služebníky své, kteříž zabili krále otce jeho.
Esi wòkpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa.
4 A však synů jejich nekázal mordovati, ale učinil tak, jakž psáno jest v zákoně, v knize Mojžíšově, kdež přikázal Hospodin, řka: Nebudou na hrdle trestáni otcové za syny, aniž synové trestáni budou na hrdle za otce, ale jeden každý za svůj hřích umře.
ke mewu wo viwo ya o. Ewɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be, “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, nenema ke viwo hã maku ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o, ke boŋ ele be ame sia ame naku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta.”
5 Zatím shromáždil Amaziáš lid Judský, a ustanovil po domích otcovských čeledí jejich hejtmany a setníky, po všem Judstvu a pokolení Beniaminovu, a sečtl je od dvadcítiletých a výše, a našel jich třikrát sto tisíc vybraných mužů bojovných, kopidlníků a pavézníků.
Gawu la, Amazia yɔ Yuda katã ƒo ƒu eye wòde dɔ asi na wo le woƒe ƒomeawo nu be, woanye asrafo akpewo kple asrafo alafa ɖekawo ƒe aʋafiawo na Yuda kple Benyamin katã. Emegbe la etia ɖekakpui siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema eye wokpɔ be woƒe xexlẽme de akpe alafa etɔ̃, wole klalo na asrafodɔ wɔwɔ ame siwo ate ŋu awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ nyuie.
6 Najal také ze mzdy z Izraele sto tisíc mužů udatných ze sta hřiven stříbra.
Hekpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa ɖeka tso Israel kple klosaloga tɔn etɔ̃.
7 Muž pak Boží přišel k němu, řka: Ó králi, nechť netáhne s tebou vojsko Izraelské; nebo Hospodin není s Izraelem, a všechněmi syny Efraimovými.
Ke nyagblɔɖila aɖe va gblɔ nya si tso Mawu gbɔ la nɛ be, “Oo fia, mègatsɔ aʋawɔlawo tso Israel o elabena Yehowa meli kpli wo o.
8 Ale táhni ty. Učiniž tak, a posilň se k boji; jinak porazí tě Bůh před nepřátely, neboť může Bůh i pomoci i poraziti.
Ne èna woyi aʋa la kple wò amewo la, aleke ke miawɔ aʋa lae hã la, woaɖu mia dzi kokoko elabena ŋusẽ le Mawu si be wòakpe ɖe mia ŋu loo alo wòagblẽ nu me na mi.”
9 Tedy řekl Amaziáš muži Božímu: Jakž pak udělám s stem hřiven stříbra, kteréž jsem dal vojsku Izraelskému? Odpověděl muž Boží: Máť Hospodin mnohem více nad to, což by dal tobě.
Amazia bia Mawu ƒe ame la be, “Klosaloga tɔn etɔ̃ kple afã si mexe ɖe Israel ƒe aʋakɔwo ta ya ɖe?” Mawu ƒe ame la ɖo eŋu nɛ be, “Yehowa ate ŋu ana ga wò wòasɔ gbɔ sãa wu ema.”
10 A tak oddělil Amaziáš vojsko to, kteréž bylo přitáhlo k němu z Efraim, aby odešli na místo své. Pročež rozhněvali se náramně na Judské a navrátili se k místu svému s velikým hněvem.
Ale Amazia na aʋawɔla siwo wòtsɔ la trɔ dzo yi Efraim. Nu sia na wobu be, Amazia ɖi gbɔ̃ yewo eye wodo dɔmedzoe ɖe eŋuti ŋutɔ.
11 Mezi tím Amaziáš posiliv se, vedl lid svůj, a táhl do údolí solnatého, a porazil synů Seir deset tisíců.
Dzi ɖo Amazia ƒo, ekplɔ eƒe aʋakɔ yi Dze Balime eye wowu ame akpe ewo tso Seir.
12 Deset také tisíců živých jali synové Judští, a vedli na vrch skály, a sházeli je s vrchu té skály, tak že se všickni zrozráželi.
Wolé ame akpe ewo bubu agbagbe, kplɔ wo yi to aɖe tame; wotu asi wo tso afi ma eye woge dze agakpewo dzi le balime la, nuvevi wɔ wo eye woku.
13 Vojsko pak to, kteréž zase odeslal Amaziáš, aby netáhlo s ním na vojnu, vtrhlo do měst Judských od Samaří až do Betoron, a pobivše z nich tři tisíce, nabrali loupeží mnoho.
Israel ƒe aʋakɔ si Amazia gbugbɔ ɖo ɖe aƒe la, ge ɖe Yudanyigba dzi eye woha nu le du geɖewo me le Bet Horon lɔƒo ɖo ta Samaria. Wowu ame akpe etɔ̃ eye woha aboyonu geɖewo.
14 I stalo se, když se vracel Amaziáš od porážky Idumejských, že přivezl s sebou bohy synů Seir, a vyzdvihl je sobě za bohy, a skláněl se před nimi, a kadil jim.
Esi Fia Amazia ɖu Edomtɔwo dzi eye wòtrɔ gbɔ la, etsɔ legba siwo woxɔ le Seirtɔwo si la gbɔe. Etsɔ wo ɖo mawuwoe, dea ta agu na wo eye wòdoa dzudzɔ na wo.
15 A protož rozhněval se náramně Hospodin na Amaziáše, a poslal k němu proroka, kterýž jemu řekl: Proč hledáš bohů lidu toho, kteříž nevytrhli lidu svého z ruky tvé?
Nu sia do dɔmedzoe na Yehowa ŋutɔ, eya ta wòɖo nyagblɔɖila aɖe ɖa be wòabia Amazia be, “Nu ka ta nèsubɔ mawu siwo mete ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe amewo tso wò asi me o ɖo?”
16 Stalo se pak, když on k němu mluvil, řekl mu král: Co tě postavili, abys byl rádcím královským? Přestaniž, nechceš-li bit býti. A tak přestal prorok, však řekl: Seznávám, že tě usoudil Bůh zahladiti, poněvadž učiniv to, neuposlechl jsi rady mé.
Fia Amazia ɖo eŋu na nyagblɔɖila la be, “Ɣe ka ɣie mebia wò aɖaŋuɖoɖo kpɔ? Zi ɖoɖoe kaba, ne menye nenema o la, mana woawu wò.” Esi nyagblɔɖila la dzo yina la, egblɔ na Fia Amazia be, “Menya be Mawu ɖo ta me be yeatsrɔ̃ wò le esi nèsubɔ legba siawo eye mèse nye nuxlɔ̃amenya o la ta.”
17 Tedy poradiv se Amaziáš král Judský, poslal k Joasovi synu Joachaza syna Jéhu, králi Izraelskému, řka: Nuže, pohleďme sobě v oči.
Azɔ la, Yuda fia, Amazia, se eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe eye wòho aʋa ɖe Israel fia, Yoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi ŋu.
18 I poslal Joas král Izraelský k Amaziášovi králi Judskému, a řekl: Bodlák, kterýž byl na Libánu, poslal k cedru Libánskému, řka: Dej dceru svou synu mému za manželku. V tom šlo tudy zvíře polní, kteréž bylo na Libánu, a pošlapalo ten bodlák.
Fia Yoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba.
19 Myslil jsi: Aj, porazil jsem Idumejské, protož pozdvihlo tě srdce tvé, tak že se tím honosíš. Medle, zůstaň v domě svém. Proč se máš zapletati v takové zlé, až bys padl i ty i Juda s tebou?
Èle gbɔgblɔm na ɖokuiwò be yeɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?”
20 Ale neuposlechl Amaziáš; nebo od Boha to bylo, aby je vydal v ruku oněchno, proto že hledali bohů Idumejských.
Amazia meɖo to nya sia o elabena Mawu nɔ ɖoɖo wɔm be yeatsrɔ̃e le esi wòde ta agu na Edomtɔwo ƒe mawuwo ta.
21 Takž vytáhl Joas král Izraelský, a pohleděli sobě v oči s Amaziášem králem Judským v Betsemes, kteréž jest Judovo.
Israel fia Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda.
22 I poražen jest Juda před Izraelem, a utíkali jeden každý do příbytků svých.
Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe.
23 Amaziáše pak krále Judského, syna Joasova, jenž byl syn Joachazův, jal Joas král Izraelský u Betsemes, a přivedl jej do Jeruzaléma, a zbořil zdi Jeruzalémské odbrány Efraim až k bráně úhlu na čtyři sta loktů.
Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas kplɔe va Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene.
24 A pobrav všecko zlato a stříbro i všecko nádobí, kteréž se nalezlo v domě Božím u Obededoma, a v pokladích domu královského, také i ty, kteříž byli v zástavě, navrátil se do Samaří.
Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã le Obed Edom si me le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le hekpe ɖe kesinɔnu siwo katã nɔ fiasã la me kple awɔbamewo ŋuti yi Samaria.
25 Byl pak živ Amaziáš syn Joasův, král Judský, po smrti Joasa syna Joachaza, krále Izraelského, patnácte let.
Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi, nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe.
26 Ale o jiných činech Amaziášových, prvních i posledních, vypsáno jest v knize o králích Judských a Izraelských.
Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
27 Od toho zajisté času, jakž se spustil Amaziáš Hospodina, spikli se jedovatě proti němu v Jeruzalémě. A když utekl do Lachis, poslali za ním do Lachis, a zabili jej tam.
Tso esime wòtrɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma.
28 A přinesše ho na koních, pochovali jej s otci jeho v městě Judově.
Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.