< Jan 6 >
1 Potom odšel Ježíš za moře Galilejské neb Tiberiadské.
Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu (si woyɔna hã be Tiberias Ƒu la) yi egodo.
2 A šel za ním zástup veliký; nebo viděli divy jeho, kteréž činil nad nemocnými.
Ameha gã aɖe nɔ eyome, elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu.
3 I všel na horu Ježíš, a tam seděl s učedlníky svými.
Yesu lia togbɛ aɖe, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ anyi ɖe afi ma.
4 Byla pak blízko velikanoc, svátek Židovský.
Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la hã tu aƒe.
5 Tedy pozdvih očí Ježíš, a viděv, že zástup veliký jde k němu, dí Filipovi: Kde nakoupíme chlebů, aby pojedli tito?
Esi Yesu fɔ ta dzi hekpɔ ameha gã aɖe wogbɔna va egbɔ la, ebia Filipo be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le ana ameha gã sia woaɖu?”
6 (Ale to řekl, pokoušeje ho; nebo on věděl, co by měl učiniti.)
Yesu bia nya sia be yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.
7 Odpověděl jemu Filip: Za dvě stě peněz chlebů nepostačí jim, aby jeden každý z nich něco maličko vzal.
Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Ɣleti ade ƒe fetu gɔ̃ hã mate ŋu aƒle nuɖuɖu wòade na ameha sia o!”
8 Dí jemu jeden z učedlníků jeho, Ondřej, bratr Šimona Petra:
Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simɔn Petro nɔvi, gblɔ nɛ be,
9 Jestiť mládenček jeden zde, kterýž má pět chlebů ječných a dvě rybičky. Ale coť jest to mezi tak mnohé?
“Ŋutsuvi aɖe le afi sia si si lubolo sue atɔ̃ kple tɔmelã meme eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?”
10 I řekl Ježíš: Rozkažte lidu, ať se usadí. A bylo trávy mnoho na tom místě. I posadilo se mužů v počtu okolo pěti tisíců.
Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Gbe sɔ gbɔ ɖe teƒe sia. Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ la nɔ anyi ɖe gbeawo dzi.
11 Tedy Ježíš vzal ty chleby, a díky učiniv, rozdával učedlníkům, učedlníci pak sedícím; též podobně z těch rybiček, jakž mnoho chtěli.
Yesu tsɔ aboloawo, eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la, etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã meme eveawo hã ta, eye wòtsɔe na ameawo.
12 A když byli nasyceni, řekl učedlníkům svým: Zbeřte ty drobty, kteříž zůstali, ať nezhynou.
Esi ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie vɔ la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Miƒo abolo wuwlui siwo katã susɔ la nu ƒu be womagaɖi vlo o.”
13 I sebrali a naplnili dvanácte košů drobtů z těch pěti chlebů ječných, kteříž pozůstali po těch, kteříž jedli.
Ale woƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu, eye wòyɔ kusi wuieve sɔŋ.
14 Ti pak lidé, uzřevše ten div, kterýž učinil Ježíš, pravili: Tento jest jistě prorok, kterýž měl přijíti na svět.
Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na le xexe sia me.”
15 Tedy Ježíš věda, že by měli přijíti a chytiti jej, aby ho učinili králem, ušel na horu opět sám jediný.
Yesu kpɔe dze sii be ameawo nɔ didim be yewoalé ye aɖo fiae sesẽtɔe, eya ta ewɔ dzaa galia togbɛ la, eye wòdzo le wo gbɔ.
16 Když pak byl večer, sstoupili učedlníci jeho k moři.
Le fiẽ me la, nusrɔ̃lawo yi ƒuta ɖanɔ elalam le afi ma.
17 A vstoupivše na lodí, plavili se přes moře do Kafarnaum. A bylo již tma, a nepřišel byl Ježíš k nim.
Zã do vɔ keŋ, gake Yesu medo ta ɖa o, eya ta nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wokui ɖo ta Kapernaum.
18 Moře pak dutím velikého větru zdvihalo se.
Ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me, eye ƒu la dze agbo.
19 A odplavivše se honů jako pětmecítma neb třidceti, uzřeli Ježíše, an chodí po moři, a přibližuje se k lodí. I báli se.
Esi woku ʋu la abe agbadroƒe etɔ̃ alo ene ko ene la, wokpɔ Yesu wònɔ tetem ɖe ʋu la ŋuti, enɔ ƒu la dzi zɔm, eye vɔvɔ̃ ɖo wo,
20 On pak řekl jim: Jáť jsem, nebojte se.
ke egblɔ na wo be, “Nyee, migavɔ̃ o.”
21 I vzali ho na lodí ochotně, a hned lodí přiběhla k zemi, do kteréž se plavili.
Wodi be yewoakɔe ade ʋu la me, gake enumake la, ʋu la de tɔkɔ, afi si yim wonɔ la.
22 Nazejtří zástup, kterýž byl za mořem, viděv, že jiné lodičky nebylo, než ta jedna, na kterouž byli vstoupili učedlníci jeho, a že Ježíš nebyl všel s učedlníky svými na lodí, ale sami učedlníci jeho byli se plavili,
Esi ŋu ke la, ameha si nɔ tsitre ɖe ƒu la ƒe go kemɛ dzi la de dzesii be ʋu ɖeka koe nɔ afi ma. Wokpɔ hã be, Yesu meɖo ʋu la kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ woawo ɖeɖe koe yi.
23 (Jiné pak lodí byly připlouly od Tiberiady k tomu místu blízko, kdež byli jedli chléb, když díky učinil Pán, )
Tete ʋu bubu aɖewo tso Tiberia va ɖo afi si ameawo ɖu abolo si Aƒetɔ la yra kple akpedada le.
24 Když tedy uzřel zástup, že Ježíše tu není, ani učedlníků jeho, vstoupili i oni na lodí, a přijeli do Kafarnaum, hledajíce Ježíše.
Esi ameawo kpɔ be Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo menɔ afi ma o la, woɖo ʋuawo heyi Kapernaum be yewoaɖadi Yesu.
25 A nalezše ho za mořem, řekli jemu: Mistře, kdy jsi sem přišel?
Esi woɖo Kapernaum la, wokpɔ Yesu, eye wobiae be, “Nufiala, ɣe ka ɣi nèva ɖo afi sia?”
26 Odpověděl jim Ježíš a řekl: Amen, amen pravím vám: Hledáte mne, ne proto že jste divy viděli, ale že jste jedli chleby a nasyceni jste.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye ɖe esi miekpɔ nukunuwo ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi etsɔ la ta.
27 Pracujte ne o pokrm, kterýž hyne, ale o ten pokrm, kterýž zůstává k životu věčnému, kterýž Syn člověka dá vám. Nebo tohoť potvrdil Bůh Otec. (aiōnios )
Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo.” (aiōnios )
28 Tedy řekli jemu: Co budeme činiti, abychom dělali dílo Boží?
Ameawo biae be, “Nu ka míawɔ be míawɔ dɔ siwo Mawu di?”
29 Odpověděl Ježíš a řekl jim: Totoť jest to dílo Boží, abyste věřili v toho, kteréhož on poslal.
Yesu ɖo eŋu be, “Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖa la dzi ase.”
30 I řekli jemu: Jakéž pak ty znamení činíš, abychom viděli a věřili tobě? Co děláš?
Tete ameawo biae be, “Nukunu ka nàwɔ míakpɔ be míaxɔ dziwò ase? Nu ka nàwɔ?
31 Otcové naši jedli mannu na poušti, jakož psáno jest: Chléb s nebe dal jim jísti.
Mía fofowo ɖu mana le gbea dzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo be woaɖu.’”
32 Tedy řekl jim Ježíš: Amen, amen pravím vám: Ne Mojžíš dal vám chléb s nebe, ale Otec můj vám dává ten chléb s nebe pravý.
Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, menye Mosee na abolo tso dziƒo mi o, ke boŋ Fofonyee.
33 Nebo chléb Boží ten jest, kterýž sstupuje s nebe, a dává život světu.
Abolo si Mawu na lae nye ame si tso dziƒo va, eye wòna agbe xexea me.”
34 I řekli jemu: Pane, dávejž nám chléb ten vždycky.
Ameawo gblɔ be, “Aƒetɔ, tso fifia heyi la, na abolo sia mí.”
35 Ježíš pak řekl jim: Jáť jsem ten chléb života. Kdož přichází ke mně, nebude nikoli lačněti, a kdož věří ve mne, nebude žízniti nikdy.
Yesu gblɔ be, “Nyee nye agbebolo la. Ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o.
36 Ale pověděl jsem vám, anobrž viděli jste mne, a nevěříte.
Gake abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, miekpɔm, gake miexɔ dzinye se o.
37 Všecko, což mi dává Otec, ke mně přijde, a toho, kdož ke mně přijde, nevyvrhu ven.
Ame siwo katã Fofo la tsɔ nam la, woava gbɔnye, eye nyemagbe wo xɔxɔ gbeɖe o.
38 Nebo jsem sstoupil s nebe, ne abych činil vůli svou, ale vůli toho, kterýž mne poslal.
Elabena nyemetso dziƒo va be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.
39 Tatoť jest pak vůle toho, kterýž mne poslal, Otcova, abych ničeho toho, což mi dal, neztratil, ale vzkřísil to v nejposlednější den.
Eye esiae nye ame si dɔm la ƒe lɔlɔ̃nu be magabu ame siwo wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke o, ke boŋ be mana woatsi tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.
40 A tatoť jest vůle toho, kterýž mne poslal, aby každý, kdož vidí Syna a věří v něho, měl život věčný. A jáť jej vzkřísím v den nejposlednější. (aiōnios )
Elabena Fofonye ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame si kpɔa Via dzi, eye wòxɔ edzi se la, akpɔ agbe mavɔ, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.” (aiōnios )
41 I reptali Židé na něho, že řekl: Já jsem chléb ten, kterýž jsem s nebe sstoupil.
Azɔ Yudatɔwo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le eŋu, le esi wògblɔ be yee nye abolo si tso dziƒo va la ta.
42 A pravili: Zdaliž tento není Ježíš, syn Jozefův, jehož my otce i matku známe? Kterak pak dí tento: S nebe jsem sstoupil?
Wogblɔ be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef ƒe vi la oa? Míenya fofoa kple dadaa ɖe! Nu ka ta wòle gbɔgblɔm na mí fifia be, ‘Metso dziƒo va ɖo?’”
43 Tedy odpověděl Ježíš a řekl jim: Nerepcete vespolek.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migalĩ liʋĩliʋĩ be megblɔ nya sia o.
44 Žádný nemůž přijíti ke mně, jediné leč Otec můj, kterýž mne poslal, přitrhl by jej; a jáť jej vzkřísím v den nejposlednější.
Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa la hee ɖe ŋunye, eye le nuwuwuŋkeke la dzi la, mana ame siawo natsi tsitre.
45 Psáno jest v prorocích: A budou všickni učeni od Boha. Protož každý, kdož slyšel od Otce a naučil se, jdeť ke mně.
Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye.
46 Ne že by kdo viděl Otce, jediné ten, kterýž jest od Boha, tenť viděl Otce.
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, negbe ame si tso Mawu gbɔ la koe kpɔ Fofo la.
47 Amen, amen pravím vám: Kdož věří ve mne, máť život věčný. (aiōnios )
“Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi! (aiōnios )
48 Jáť jsem ten chléb života.
Nyee nye agbebolo la!
49 Otcové vaši jedli mannu na poušti, a zemřeli.
Togbɔ be mia fofowo ɖu mana si tso dziƒo hã la, woku.
50 Totoť jest chléb ten s nebe sstupující. Kdož by koli jej jedl, neumřeť.
Ke esiae nye abolo si tso dziƒo va, esi ame aɖu, eye maku o.
51 Jáť jsem ten chléb živý, kterýž jsem s nebe sstoupil. Bude-li kdo jísti ten chléb, živ bude na věky. A chléb, kterýž já dám, tělo mé jest, kteréž já dám za život světa. (aiōn )
Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta.” (aiōn )
52 Tedy hádali se Židé vespolek, řkouce: Kterak tento může nám dáti tělo jísti?
Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome ɖe nya si Yesu gblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Aleke ŋutsu sia atsɔ eƒe ŋutilã na mí be míaɖu?”
53 I řekl jim Ježíš: Amen, amen pravím vám: Nebudete-li jísti těla Syna člověka a píti krve jeho, nemáte života v sobě.
Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, ne ame aɖe meɖu Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã, eye wòno eƒe ʋu o la, agbe manɔ eme o.
54 Kdož jí mé tělo a pije mou krev, máť život věčný, a jáť jej vzkřísím v nejposlednější den. (aiōnios )
Ame si ɖu nye ŋutilã, eye wòno nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. (aiōnios )
55 Nebo tělo mé právě jest pokrm, a krev má právě jest nápoj.
Elabena nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu nye nunono vavã.
56 Kdo jí mé tělo a pije mou krev, ve mně přebývá a já v něm.
Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la nye ame si le menye, eye nye hã mele eme.
57 Jakož mne poslal ten živý Otec, a já živ jsem skrze Otce, tak kdož jí mne, i on živ bude skrze mne.
Abe ale si Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Fofo la ta ene la, nenema ke ame si ɖua nye ŋutilã la anɔ agbe, elabena mena agbe wo.
58 Totoť jest ten chléb, kterýž s nebe sstoupil. Ne jako otcové vaši jedli mannu, a zemřeli. Kdož jí chléb tento, živť bude na věky. (aiōn )
Nyee nye abolo tso dziƒo va. Mia fofowo ɖu mana, eye woku, ke ame si aɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me.” (aiōn )
59 Toto mluvil v škole, uče v Kafarnaum.
Yesu gblɔ nya siawo esime wònɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum.
60 Tedy mnozí z učedlníků jeho, slyševše to, řekli: Tvrdáť jest tato řeč. Kdo ji může slyšeti?
Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se nya sia la, wo dometɔ geɖewo gblɔ be, “Nufiafia sia sesẽ. Ame kae ate ŋu awɔ nu siawo?”
61 Ale věda Ježíš sám v sobě, že by proto reptali učedlníci jeho, řekl jim: To vás uráží?
Yesu de dzesii be yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋĩliʋĩ lĩm, eya ta egblɔ na wo be, “Ɖe nye nyawo ɖia mia nua?
62 Co pak, kdybyste uzřeli Syna člověka, an vstupuje, kdež prvé byl?
Ekema miekpɔ Amegbetɔ Vi la wòyina ɖe dziƒo, afi si wòtso va ɖe!
63 Duch jest, kterýž obživuje, těloť nic neprospívá. Slova, kteráž já mluvím vám, Duch jsou a život jsou.
Gbɔgbɔ la naa agbe; wɔna aɖeke mele ŋutilã ya ŋu o. Nya siwo megblɔ na mi la nye Gbɔgbɔ kple agbe.
64 Ale jsouť někteří z vás, ješto nevěří. Nebo věděl Ježíš od počátku, kdo by byli nevěřící, a kdo by ho měl zraditi.
Gake mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o, kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke.
65 I pravil: Protož jsem vám řekl, že žádný nemůže přijíti ke mně, leč by jemu bylo dáno od Otce mého.
Yesu gagblɔ be, “Esia ta megblɔ na mi be ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo la ŋutɔe hee ɖe ŋunye.”
66 A z toho mnozí z učedlníků jeho odešli zpět, a nechodili s ním více.
Tso esia dzi la, eƒe nusrɔ̃la geɖewo trɔ dzo le egbɔ, eye womegadzea eyome o.
67 Tedy řekl Ježíš ke dvanácti: Zdaliž i vy chcete odjíti?
Yesu bia nusrɔ̃la wuieveawo be, “Miawo hã, miedi be yewoadzoa?”
68 I odpověděl jemu Šimon Petr: Pane, k komu půjdeme? Slova věčného života máš. (aiōnios )
Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame ka gbɔ míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò. (aiōnios )
69 A my jsme uvěřili, a poznali, že jsi ty Kristus, Syn Boha živého.
Míexɔe se, eye mienyae be wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔe la.”
70 Odpověděl jim Ježíš: Však jsem já vás dvanácte vyvolil, a jeden z vás ďábel jest.
Yesu gblɔ nɛ be, “Mi ame wuievee metia, gake mia dometɔ ɖeka nye Abosam!”
71 A to řekl o Jidášovi Šimona Iškariotského; nebo ten jej měl zraditi, byv jeden ze dvanácti.
(Yesu gblɔ nya sia tso Yuda, Simɔn Iskariɔt ƒe vi, ame si nye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, ame si afia eyomemɔ emegbe la ŋu.)