< Jeremiáš 39 >

1 Léta devátého Sedechiáše krále Judského, měsíce desátého, přitáhl Nabuchodonozor král Babylonský se vším vojskem svým k Jeruzalému, a oblehli jej.
Le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia me la, Babilonia fia Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔwo katã ɖe Yerusalem ŋuti, eye wòva ɖe to ɖe du la.
2 Jedenáctého pak léta Sedechiášova, měsíce čtvrtého, devátého dne měsíce, prolomeno jest město.
Le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, wogbã du la ƒe gli ƒu anyi.
3 I vešla tam všecka knížata krále Babylonského, a posadila se v bráně prostřední: Nergalšaretser, Samgarnebu, Sarsechim, Rabsaris, Nergalšaretser, Rabmag, a všecka jiná knížata krále Babylonského.
Tete Babilonia fia ƒe amegãwo katã va xɔ zi ɖe Domegbo la ƒe mɔnu. Amegãwoe nye: Nergal Sarezer si tso Samgar, Nebo Sarsekim, dɔnunɔlagã ɖeka, Nergal Sarezer, ame deŋgɔ ɖeka, hekpe ɖe Babilonia fia ƒe amegã bubuwo ŋuti.
4 Stalo se pak, když je uzřel Sedechiáš král Judský, a že všickni muži bojovní utekli, a vyšli v noci z města cestou zahrady královské skrze bránu mezi dvěma zdmi, ušel také cestou pouště.
Ke esi Yuda fia, Zedekia kple eŋusrafowo kpɔ wo la, wosi dzo, wodo le dua me le zãtitina, to fia la ƒe agble me, heto agbo si le gli eveawo dome eye woɖo ta Araba.
5 I honilo je vojsko Kaldejské, a postihli Sedechiáše na rovinách Jerišských, a jali jej a přivedli ho k Nabuchodonozorovi králi Babylonskému do Ribla, do země Emat. Kdežto učinil soud.
Ke Babilonia ƒe aʋakɔ la ti wo yome eye wova tu Zedekia le Yeriko gbegbe. Wolée hekplɔe vɛ na Babilonia fia Nebukadnezar, le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wobu fɔe le.
6 Nebo zmordoval král Babylonský syny Sedechiášovy v Ribla před očima jeho, i všecky nejpřednější Judské zmordoval král Babylonský.
Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viŋutsuwo kple Yuda ƒe ame ŋkutawo katã le eƒe ŋkume.
7 Oči pak Sedechiášovy oslepil, a svázav ho řetězy ocelivými, dovedl jej do Babylona.
Emegbe wògbã ŋku na Zedekia eye wòtsɔ akɔblikɔsɔkɔsɔ dee be wòakplɔe ayi Babilonia.
8 Dům také královský i domy toho lidu vypálili Kaldejští ohněm, a zdi Jeruzalémské pobořili.
Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi.
9 Ostatek pak lidu, kterýž byl zůstal v městě, i poběhlce, kteříž byli ustoupili k němu, a jiný lid pozůstalý zavedl Nebuzardan, hejtman nad žoldnéři, do Babylona.
Aʋafia Nebuzaradan kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na wo kple ame mamlɛawo katã yi aboyo mee le Babilonia.
10 Toliko nejchaternějších z lidu, kteříž nikdež neměli nic, zanechal Nebuzardan, hejtman nad žoldnéři, v zemi Judské, jimž rozdal vinice a rolí v ten den.
Ke aʋafia Nebuzaradan gblẽ ame dahe aɖewo ɖe Yudanyigba dzi, ame siwo si naneke mele o eye ɣe ma ɣi etsɔ waingblewo kple agblenyigbawo na wo.
11 Přikázal pak Nabuchodonozor král Babylonský o Jeremiášovi Nebuzardanovi, hejtmanu nad žoldnéři, řka:
Ke azɔ la Babilonia fia, Nebukadnezar, de se sia le Yeremia ŋuti to aʋafia Nebuzaradan dzi be,
12 Vezmi jej, a pilně ho opatruj, aniž jemu čiň co zlého, ale jakž tobě řekne, tak nalož s ním.
“Kplɔe eye nàkpɔ edzi, mègawɔ vɔ̃ aɖekee o, ke boŋ wɔ nu sia nu si wòabia la nɛ.”
13 Protož poslav Nebuzardan, hejtman nad žoldnéři, a Nebušazban, Rabsaris, a Nergalšaretser, Rabmag, a všickni hejtmané krále Babylonského,
Ale aʋafia, Nebuzaradan, dɔnunɔla, Nebusazban, bubume Nergal Sarezer kple Babilonia fia ƒe amegã bubuwo
14 Poslavše, pravím, vzali Jeremiáše z síně stráže, a dali jej Godoliášovi synu Achikamovu, syna Safanova, aby jej domů dovedl. Takž bydlil u prostřed lidu.
dɔ amewo ɖe Yeremia gbɔ, eye woɖee le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wokplɔe de asi na Ahikam ƒe vi, Gedalia kple Safan ƒe vi be wòakplɔe ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe mee. Ale wòyi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒe amewo dome.
15 Stalo se pak k Jeremiášovi slovo Hospodinovo, když ještě byl zavřín v síni stráže, řkoucí:
Ke esi Yeremia gale dzɔlawo ƒe xɔxɔm ko la, Yehowa ƒe gbe va nɛ be:
16 Jdi a rci Ebedmelechovi Mouřenínu, řka: Takto praví Hospodin zástupů, Bůh Izraelský: Aj, já způsobím to, aby došla slova má na město toto ke zlému a ne k dobrému, a splní se před oblíčejem tvým v ten den.
“Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me.
17 Ale vysvobodím tě v ten den, dí Hospodin, aniž budeš vydán v ruku mužů těch, jejichž oblíčeje se lekáš.
Gake maɖe wò gbe ma gbe eye womatsɔ wò ade asi na ame siwo vɔ̃m nèle la o. Yehowae gblɔe.
18 Nebo jistotně vychvátím tě, abys od meče nepadl, a budeš míti život svůj místo kořisti, proto že jsi naději složil ve mně, dí Hospodin.
Maɖe wò agbe elabena ètsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe dzinye. Yehowae gblɔe.’”

< Jeremiáš 39 >