< 2 Kronická 30 >

1 Potom poslal Ezechiáš ke všemu lidu Izraelskému a Judskému, psal také listy k Efraimovi a Manassesovi, aby přišli do domu Hospodinova do Jeruzaléma, a slavili velikunoc Hospodinu Bohu Izraelskému.
Hezekia ɖo du ɖe Israel kple Yuda blibo la eye wòŋlɔ agbalẽwo hã ɖo ɖe Efraim kple Manase toawo, nɔ wo kpem be woava Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem eye woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
2 Snesli se pak byli na tom král i knížata jeho, i všecko shromáždění v Jeruzalémě, aby slavili velikunoc měsíce druhého.
Fia la kple eƒe dziɖulawo kple ameha blibo la si nɔ Yerusalem ɖo tame be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti evelia me.
3 Nebo nemohli slaviti toho času, proto že kněží posvěcených se nedostávalo, aniž se lid byl shromáždil do Jeruzaléma.
Womete ŋu ɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe o elabena nunɔla siwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu la mesɔ gbɔ o eye ameawo mekpe ta ɖe Yerusalem o.
4 I vidělo se to za dobré králi i všemu množství,
Fia la kple eƒe aɖaŋudelawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi
5 A usoudili, aby provolati dali po všem Izraeli, od Bersabé až do Dan, aby přišli k slavení velikonoci Hospodinu Bohu Izraelskému do Jeruzaléma; nebo již byli dávno neslavili tak, jakž psáno jest.
eya ta woɖe gbeƒã Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu to Israelnyigba blibo la dzi, tso Dan yi Beerseba eye wokpe ame sia ame va Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena eteƒe didi Israelviwo megaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ, abe ale si woŋlɔe ɖi ene o.
6 Protož šli poslové s listy od krále a od knížat jeho po vší zemi Izraelské a Judské s rozkazem královským tímto: Synové Izraelští, obraťte se k Hospodinu Bohu Abrahamovu, Izákovu a Izraelovu, i obrátí se k ostatkům, kteříž jste koli znikli ruky králů Assyrských.
Dɔlawo xɔ agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be, “Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya hã natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu.
7 A nebývejte jako otcové vaši a bratří vaši, kteříž převráceně činili proti Hospodinu Bohu otců svých, pročež dal je v zpuštění, jakž sami vidíte.
Miganɔ abe mia nɔviwo, ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ŋu eye wòtsrɔ̃ wo la ene o.
8 Nyní tedy nezatvrzujte šijí svých tak, jako otcové vaši. Podejte ruky Hospodinu, a poďte do svatyně jeho, kteréž posvětil na věky, a služte Hospodinu Bohu svému, a odvrátí se od vás hněv prchlivosti jeho.
Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi.
9 Nebo obrátíte-li se k Hospodinu, bratří vaši i synové vaši milosrdenství obdrží u těch, kteříž je zjímali, tak že se navrátí do země této. Milosrdný zajisté a dobrotivý jest Hospodin Bůh váš, aniž odvrátí tváři od vás, jestliže se obrátíte k němu.
Ne miegatrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, ame siwo ɖe aboyo mia nɔviwo kple mia viwo la, akpɔ nublanui na wo eye woagate ŋu atrɔ agbɔ va anyigba sia dzi elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee eya ta magble mí ɖi, ne míetrɔ ɖe eŋu o.”
10 Když pak ti poslové chodili z města do města po kraji Efraim a Manasse až do Zabulon, posmívali se a utrhali jim.
Ale dɔlawo tsa le duwo katã me le Efraim kple Manase kple Zebulon. Ke enuenu la, ameawo xɔa wo kple nukoko kple vlodoame!
11 Ale však někteří z Asser, Manasses a Zabulon, poníživše se, přišli do Jeruzaléma.
Ke ame aɖewo ya tso Aser, Manase kple Zebulon ƒe viwo dome trɔ ɖe Mawu ŋu eye wova Yerusalem.
12 V Judstvu tolikéž byla ruka Boží, tak že jim dal srdce jedno k vykonání rozkazu králova a knížat, podlé slova Hospodinova.
Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene.
13 I sešlo se do Jeruzaléma lidu mnoho, aby drželi slavnost přesnic měsíce druhého, shromáždění velmi veliké.
Ale ameha gã aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem le ɣleti evelia me hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu.
14 Tedy povstavše, pobořili oltáře, kteříž byli v Jeruzalémě; též i všecky oltáře, na kterýchž se kadívalo, rozbořili a vmetali do potoka Cedron.
Wogbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã le Yerusalem eye wolɔ woƒe gbagbãwo yi ɖakɔ ɖe Kidron tɔʋu la me.
15 Potom pak obětovali beránka velikonočního, čtrnáctého dne měsíce druhého. Kněží pak a Levítové zastyděvše se, posvětili se, a přivedli oběti do domu Hospodinova.
Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ameawo wu alẽviwo hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levitɔwo, ale wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotsɔ numevɔsanuwo yi gbedoxɔ la me.
16 A stáli v řadu svém vedlé povinnosti své podlé zákona Mojžíše muže Božího, a kněží kropili krví, berouce ji z rukou Levítů.
Wotsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo abe ale si Mose, Mawu ƒe ame la, ƒe sewo ɖo na wo ene. Levitɔwo tsɔ vɔsalẽwo ƒe ʋu na nunɔlawo eye wohlẽe.
17 Nebo mnozí byli v shromáždění, kteříž se neposvětili. Protož Levítové zabijeli beránky velikonoční za každého nečistého, k tomu, aby jich posvětili Hospodinu.
Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa.
18 Veliký zajisté díl toho lidu, množství z Efraima, Manassesa, Izachara a Zabulona, neočistili se, a však jedli beránka velikonočního jinak než psáno jest. Ale modlil se Ezechiáš za ně, řka: Dobrotivý Hospodin očistiž toho,
Hekpe ɖe esia ŋu la, ame siwo tso Efraim, Manase, Isaka kple Zebulon ƒe hlɔ̃wo me va la, dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋuti o ale womenɔ Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum nyuie ɖe se la nu o. Fia Hezekia do gbe ɖa ɖe wo ta be,
19 Kdožkoli celým srdcem svým se ustavil, aby hledal Boha, Hospodina Boha otců svých, byť pak i očištěn nebyl vedlé očišťování svatého.
“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, le wò dɔmenyo ta la, tsɔ nu vɔ̃ ke ame siwo le subɔwòm kple woƒe dzi blibo togbɔ be womekɔ wo ɖokuiwo ŋu o hã.”
20 I vyslyšel Hospodin Ezechiáše, a uzdravil lid.
Yehowa se Hezekia ƒe gbedodoɖa eye metsrɔ̃ ameawo o.
21 A tak drželi synové Izraelští, kteříž byli v Jeruzalémě, slavnost přesnic za sedm dní s veselím velikým, a chválili Hospodina každého dne Levítové a kněží na nástrojích sílu Hospodinovu.
Ale Israelviwo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerusalem ŋkeke adre kple dzidzɔ gã. Le ɣe ma ɣi la, Levitɔwo kple nunɔlawo kafua Mawu sesĩe kple hadzidziwo kple gakogoewo gbe sia gbe.
22 Mluvil pak byl Ezechiáš přívětivě ke všechněm Levítům vyučujícím známosti pravé Hospodina. I jedli oběti slavnosti té za sedm dní, obětujíce oběti pokojné, a oslavujíce Hospodina Boha otců svých.
Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.
23 Tedy sneslo se na tom všecko shromáždění, aby učinili tolikéž za druhých sedm dní. Takž slavili jiných sedm dní s radostí.
Ameawo gayi vividodo ɖe ŋkekenyui la ŋu dzi eya ta wo katã woɖoe be yewoagayi ŋkekenyui la ɖuɖu dzi ŋkeke adre bubu.
24 Nebo Ezechiáš král Judský dal shromáždění tomu tisíc volků, a sedm tisíc ovec. Knížata také dala shromáždění volků tisíc, a ovec deset tisíců. A posvětilo se kněží velmi mnoho.
Fia Hezekia na nyitsu akpe ɖeka kple alẽ akpe adre ameawo eye fiaviŋutsuwo hã na nyitsu fɛ̃ akpe ɖeka kple alẽ akpe ewo. Nunɔla geɖewo kɔ wo ɖokuiwo ŋu ɣe ma ɣi.
25 A tak veselilo se všecko shromáždění Judské, i kněží a Levítové a všecko shromáždění, kteréž přišlo z Izraele, i příchozí, kteříž byli přišli z země Izraelské, i obyvatelé Judští.
Yudatɔwo, nunɔlawo, Levitɔwo kple amedzrowo kple ame siwo tso Israelnyigba dzi va la kpɔ dzidzɔ gã aɖe.
26 A bylo veselí veliké v Jeruzalémě; nebo ode dnů Šalomouna syna Davida, krále Izraelského, nic takového nebylo v Jeruzalémě.
Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o.
27 Potom pak vstali kněží i Levítové, a dali požehnání lidu. I vyslyšán jest hlas jejich, a přišla modlitba jejich k příbytku svatosti Hospodinovy v nebe.
Azɔ la, nunɔlawo kple Levitɔwo tsi tsitre, yra ameawo eye Yehowa se woƒe gbedodoɖawo le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me le dziƒo.

< 2 Kronická 30 >