< Zaharija 7 >

1 Četvrte godine kralja Darija, četvrtoga dana devetoga mjeseca, Kisleva, dođe riječ Jahvina Zahariji.
Le Fia Darius ƒe ƒe enelia me, le dzinu asiekɛlia si nye Kislev ƒe ŋkeke enea gbe la, Yehowa ƒe gbe va na Zekaria.
2 Betel je naime poslao Sar-Esera i Regem-Meleka s njihovim ljudima da mole lice Jahvino
Ame siwo le Betel la dɔ Sarezer, Regen Melek kple wo ŋutimewo be woaɖe kuku na Yehowa
3 i da pitaju svećenike u Domu Jahve nad Vojskama i proroke: “Hoćemo li plakati petoga mjeseca i postiti, kao što činimo već tolike godine?”
to nunɔlawo kple nyagblɔɖila siwo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me la dzi be, “Ɖe wòhiã be mafa avi, atsi nu adɔ le ɣleti atɔ̃lia me abe ale si mewɔnɛ ƒe geɖe siwo va yi la enea?”
4 Tada mi dođe riječ Jahve nad Vojskama: “Reci svemu puku zemlje i svećenicima:
Tete Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbe va nam be,
5 'Kad postite i naričete petoga i sedmoga mjeseca već sedamdeset godina, zar meni postite?
“Bia ame siwo katã le anyigba la dzi kple Osɔfoawo be, ‘Esi mietsi nu dɔ, fa avi le ɣleti atɔ̃lia kple adrelia me le ƒe blaadre siwo va yi me la, nyee mietsi nua dɔ na vavã?
6 A kad jedete i pijete, zar sebi ne jedete i pijete?
Esi mienɔ nu ɖum, nɔ nu nom la, ɖe menye na miawo ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ koe oa?
7 Nisu li to propisi koje je Jahve objavio preko negdašnjih proroka kada Jeruzalem bijaše naseljen i miran kao i gradovi oko njega i kada bijaše napučen Negeb i Šefela?'”
Ɖe menye nya siawoe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dzi, esi Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo la nɔ ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ me, eye gbegbe kple ɣetoɖoƒetogbɛwo zu amenɔƒe oa?’”
8 Riječ Jahvina dođe Zahariji:
Yehowa ƒe gbe gava na Zekaria be,
9 “Ovako govori Jahve nad Vojskama: 'Sudite istinito i budite dobrostivi i milosrdni jedni drugima.
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo.
10 Ne tlačite udovu ni sirotu, ni došljaka ni uboga, i ne snujte u srcu pakosti jedan prema drugom.'
Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’
11 Ali oni ne htjedoše poslušati, već prkosno okrenuše leđa; zatisnuše uši da ne bi čuli;
“Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o.
12 otvrdnuše srcem kao kremen, da ne bi čuli Zakon i riječi koje im je slao Jahve nad Vojskama, svojim duhom, preko drevnih proroka. I Jahve nad Vojskama silno se tad razgnjevi.
Wona woƒe dziwo sẽ abe hlihãkpe ene, elabena womedi be yewoase nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo kple se siwo metsɔ na wo to nye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã la dzi o. Esia ta nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, medo dɔmedzoe ɖe wo ŋuti ɖo.
13 I zato, kao što je on zvao a oni ga ne slušaše, tako su sad oni zvali a ja ih nisam slušao - riječ je Jahve nad Vojskama.
“‘Meyɔ wo, gake wogbe tɔtɔ, eya ta esi wodo ɣli yɔm la, nye hã metrɔ megbe de wo,’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
14 I razmeo sam ih među sve narode kojih ne poznavahu, a zemlja iza njih bi opustošena, te nitko nije njome prolazio niti se vraćao. Tako su zemlju blagostanja obratili u pustoš!”
‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’”

< Zaharija 7 >