< Ruta 3 >

1 Onda će joj Noemi, svekrva njezina: “Kćeri moja, da ti potražim mirno mjesto gdje bi mogla biti sretna?
Gbe ɖeka la, lɔ̃xoa Naomi gblɔ nɛ be, “Vinye, ɣeyiɣi mede be madi ŋutsu aɖe na wò nàɖe, ale be nàganɔ srɔ̃gbe oa?
2 Vidiš, Boaz, s čijim si se poslenicima našla, naš je rođak. Evo, on će noćas vijati ječam na gumnu.
Ŋutsu si le nye susu me lae nye Boaz. Enyo dɔ me na mí ŋutɔ, eye gawu la, míaƒe ƒometɔ wònye. Menya be ele lu gbɔ ge le zã sia me le eƒe lugbɔƒe,
3 Umij se ti i namaži, lijepo se odjeni pa idi na gumno. Ne daj da te prepozna prije nego što se najede i napije.
eya ta wɔ ɖe nya si magblɔ na wò la dzi. Le tsi, nàsi amiʋeʋĩ, eye nàta avɔ nyui aɖe ayi lugbɔƒea. Mègana wòakpɔ wò o, va se ɖe esime wòaɖu nu vɔ hafi.
4 Kad bude lijegao, dobro pazi gdje će leći; pa kad legne, otiđi onamo, podigni mu pokrivač s nogu i lezi ondje! Tada će ti on reći što ti je činiti.”
Lé ŋku ɖe afi si wòamlɔ la ŋu, eye nàyi aɖaklo avɔ ɖa le eƒe afɔ gbɔ, eye nàmlɔ eƒe afɔ nu. Ekema agblɔ nu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la na wò.”
5 Ona joj odgovori: “Učinit ću sve kako mi kažeš.”
Rut ɖo eŋu be, “Enyo, mesee; mawɔ nu sia nu si nègblɔ la.”
6 I siđe na gumno i učini sve kako joj je svekrva naredila.
Ale Rut yi lugbɔƒe la, eye wòwɔ nu si lɔ̃xoa gblɔ nɛ la pɛpɛpɛ.
7 A Boaz, pošto je jeo i pio i tako se odobrovoljio, ode i leže kraj stoga. Onda ona priđe polako, otkri mu noge i leže.
Esi Boaz ɖu nu, eye wòno nu vɔ la, eyi ɖamlɔ anyi dzidzemetɔe ɖe afi si woƒo lu ƒu ɖo la. Rut wɔ ɖɔɖɔɖɔ yi ɖaɖe avɔ le Boaz ƒe afɔ gbɔ, eye wòmlɔ eƒe afɔ nu.
8 Kad bijaše oko ponoći, trže se čovjek i obrnu se, i gle: žena leži do njegovih nogu.
Le zãtitina lɔƒo la, Boaz ɖi vo, nyɔ hefɔ bɔbɔ nɔ anyi. Ekpɔ nyɔnu aɖe wòmlɔ eƒe afɔ nu.
9 “Tko si?” - upita on, a ona odgovori: “Ja sam Ruta, sluškinja tvoja. Raširi skut svoje haljine na sluškinju svoju jer si mi skrbnik.”
Ebiae be, “Wò ame kae?” Rut ɖo eŋu be, “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue, nye aƒetɔ. Keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye.”
10 “Blagoslovio te Jahve, kćeri moja!” - dočeka on. “Ovaj drugi tvoj čin milosti još je vredniji od prvoga, jer se nisi trudila da slijediš mlade poslenike, bili oni bogati ili siromašni.
Boaz do ɣli be, “Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe wò ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wò wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi.
11 I zato se, kćeri moja, sada ne plaši: učinit ću ti sve što zatražiš, jer sva vrata moga naroda znaju da si čestita žena.
Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu dɔ, elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe.
12 Jest, uistinu sam ti skrbnik; ali postoji još bliži od mene.
Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be wò ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wò wum.
13 Ostani noćas; ako te sutra ujutro on kao skrbnik htjedne uzeti, dobro, neka te uzme; a ne htjedne li, uzet ću te ja, tako mi Jahve! Spavaj do jutra.”
Tsi afi sia dɔ. Ne ŋu ke la, maƒo nu kplii. Ne aɖe wò la, ekema enyo; newɔ eƒe dɔdeasi. Ke ne maɖe wò o la, ekema meta Yehowa be nye ŋutɔ maɖe wò. Mlɔ afi sia va se ɖe esime ŋu nake.”
14 I spavaše ona do njegovih nogu do jutra. On ustade prije nego što mogaše čovjek čovjeka razaznati jer mišljaše: “Ne treba da znaju da je žena bila na gumnu.”
Ale Rut mlɔ Boaz ƒe afɔ nu va se ɖe fɔŋli. Efɔ kaba hafi ŋu ke nyuie, elabena Boaz gblɔ nɛ be, “Mègana ame aɖeke nanya be nyɔnu aɖe va lugbɔƒe le afi sia o.”
15 I kaza joj: “Daj ogrtač što je na tebi i drži ga dobro.” Ona ga pridrža, a on joj nasu šest mjerica ječma i naprti joj. I ode ona u grad.
Boaz gagblɔ nɛ hã be, “Ɖo wò taɖedzi la ɖe anyigba.” Esi Rut wɔ alea la, Boaz ku lu dzidzenu ade kɔ ɖe avɔ la me, eye wòlée nɛ. Ale wòtrɔ yi aƒe me.
16 Kad je stigla, upita je svekrva: “Što je s tobom, kćeri moja?” A ona joj pripovjedi sve što je učinio za nju.
Esi wòɖo aƒe me la, lɔ̃xoa biae be, “Vinyenyɔnu, aleke nèdee?” Rut gblɔ nu sia nu si Boaz wɔ nɛ la na lɔ̃xoa,
17 I nadoveza: “Ovih šest mjerica ječma dade mi kazujući: 'Ne smiješ se vratiti svekrvi praznih ruku.'”
eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be, “Eyae tsɔ lu dzidzenu ade sia nam hegblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Menyo be nàtrɔ ayi lɔ̃xowò gbɔ kple asi ƒuƒlu o.’”
18 Nato će joj Noemi: “Budi mirna, kćeri moja, dok ne vidiš što će biti: jer neće on imati spokoja dok sve još danas ne dokrajči.”
Tete Naomi gblɔ na Rut be, “Vinyenyɔnu, lala va se ɖe esime nàkpɔ ale si nya la ava wu enui ɖa, elabena Boaz madzudzɔ o, va se ɖe esime wòakpɔ ta na nya la egbea.”

< Ruta 3 >