< Otkrivenje 11 >

1 I dana mi je trska slična palici i rečeno mi je: “Ustani i izmjeri hram Božji i žrtvenik i poklonike u njemu!
Wotsɔ aƒla si le abe nudzidzeti ene la nam, eye wogblɔ nam be, “Yi nàdzidze Mawu ƒe gbedoxɔ la kple vɔsamlekpui la, eye nàxlẽ mawusubɔla siwo le afi ma la.
2 Vanjsko dvorište hrama mimoiđi, ne mjeri ga jer je dano poganima: gazit će svetim gradom četrdeset i dva mjeseca.
Ke ɖe xɔxɔnu si le gbedoxɔa ŋuti la le eme; mègadzidzee o, elabena wotsɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o. Woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene-vɔ-eve sɔŋ.
3 I ja ću poslati dva svoja svjedoka da, obučeni u kostrijet, prorokuju tisuću dvjesta i šezdeset dana.
Mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo, eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade.”
4 Oni su dvije masline i dva svijećnjaka što stoje pred Gospodarom zemlje.
Esiawoe nye amiti eve kple akaɖiti eve siwo le tsitre ɖe anyigba la ƒe Aƒetɔ la ŋkume.
5 Ako im tko hoće nauditi, oganj suče iz usta njihovih i proždire njihove neprijatelje. Doista, htjedne li im tko nauditi, tako treba da pogine.
Ne ame aɖe dze agbagba be yeawɔ nu vevi wo la, dzo dona le woƒe nu me hefiaa woƒe futɔwo. Aleae ame si di be yeawɔ nu vevi wo la akue.
6 Oni imaju vlast zaključati nebo da ne pada kiša dok prorokuju; imaju vlast pretvoriti vode u krv i udariti zemlju kojim god zlom kad god htjednu.
Ŋutsu siawo la, ŋusẽ le wo si be woatu dziŋgɔli, ale be tsi magadza le ɣeyiɣi si me wole nya gblɔm ɖi la o; ŋusẽ le wo si be woatrɔ tsiwo woazu ʋu, eye woada dɔvɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe anyigba dzi zi ale si wolɔ̃.
7 A kada dovrše svoje svjedočanstvo, Zvijer koja izlazi iz Bezdana zaratit će s njima, pobijediti ih i ubiti. (Abyssos g12)
Azɔ ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu la, lã si ado tso ʋe globo la me la ava wɔ avu kpli wo, aɖu wo dzi, eye wòawu wo. (Abyssos g12)
8 I njihova će trupla ležati na trgu grada velikoga koji se duhovno zove Sodoma i Egipat, gdje je i Gospodin njihov raspet.
Woƒe ŋutilã kukuawo amlɔ du gã la ƒe mɔtatawo dzi, du gã si wona ŋkɔe le nyamenya nu be Sodom kple Egipte, afi si woklã woƒe Aƒetɔ la ɖe ati ŋu le.
9 Ljudi iz svih puka i plemena i jezika i naroda gledat će njihova trupla tri i pol dana i neće dopustiti da im se trupla u grob polože.
Amewo atso ƒome ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me akpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye woagbe be yewomaɖi wo o.
10 Pozemljari će se radovati i veseliti zbog njihove nesreće i darivati jedan drugoga jer su ta dva proroka zadavala muku pozemljarima.
Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo, elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya ame siwo le anyigba dzi la.
11 Ali nakon tri i pol dana duh životni od Boga uđe u njih i stadoše na noge te strah velik obuze one koji ih promatrahu.
Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre, eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo la.
12 I začuše glas s neba silan: “Uziđite ovamo!” I uziđoše na oblaku u nebo na očigled svojih neprijatelja.
Tete wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Miva dziƒo afii.” Ale woyi dziƒo le lilikpo me, eye woƒe futɔwo da ŋku ɖe wo dzi.
13 U taj čas nasta velik potres: pade desetina grada, a u potresu poginu sedam tisuća ljudi. Preživjele spopade strah te proslaviše Boga nebeskoga.
Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe, eye du la ƒe mama ewo dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé agbetsilawo, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu dziƒoʋĩtɔ la.
14 Drugi Jao prođe. Evo, treći Jao dolazi ubrzo!
Babadodo evelia nu va yi, ke etɔ̃lia gbɔna kpuie.
15 I sedmi anđeo zatrubi. I na nebu odjeknuše silni glasovi: “Uspostavljeno je nad svijetom kraljevstvo Gospodara našega i Pomazanika njegova i kraljevat će u vijeke vjekova!” (aiōn g165)
Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.” (aiōn g165)
16 Tada dvadeset i četiri starješine, što pred Bogom sjedoše na prijestolja,
Eye amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo, ame siwo nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi le Mawu ŋkume la tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu,
17 padoše ničice i pokloniše se Bogu govoreći. “Zahvaljujemo ti, Gospodaru, Bože, Svevladaru, koji jesi i koji bijaše, zato što uze u ruke moć svoju veliku i zakralji se!
le gbɔgblɔm be, “O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na wò, wò ame si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ, elabena èxɔ wò ŋusẽ triakɔ la, eye nèdze dziɖuɖu gɔme.
18 Gnjevili se narodi, ali dođe srdžba tvoja i čas da se sudi mrtvima i naplata dade slugama tvojim prorocima i svetima i svima koji se boje imena tvojega, malima i velikima; i da se unište oni koji kvare zemlju.”
Dukɔwo le nyanyram, eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo, eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti la, ame gblɔewo kple amegãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”
19 I otvori se hram Božji na nebu i pokaza se Kovčeg saveza njegova u hramu njegovu te udare munje i glasovi i gromovi i potres i tuča velika.
Emegbe la, woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo, eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu, eye kpetsi gã aɖe dza.

< Otkrivenje 11 >