< Psalmi 59 >
1 Zborovođi. Po napjevu “Ne pogubi!” Davidov. Miktam. Kad je Šaul opkolio kuću da ubije Davida. Izbavi me od dušmana, Bože moj, zaštiti me od mojih protivnika!
David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi Saul dɔ amewo be woadzɔ eƒe aƒe ŋu, eye ne edo go la, woawui. O! Mawu, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me; kpɔ tanye le ame siwo tso ɖe ŋutinye la ta.
2 Izbavi me od bezakonika, od krvoloka spasi me!
Ɖem tso nu vlo wɔlawo ƒe asi me eye nàxɔm tso hlɔ̃dolawo ƒe asi me.
3 Jer evo: dušu moju vrebaju, na me ustadoše silnici. Nema na meni krivnje, o Jahve, ni grijeha:
Kpɔ ale si wode xa ɖi nam lae ɖa! Ame nyanyrawo ɖo nugbe ɖe ŋunye, evɔ la, O Yehowa, nyemedze agɔ, alo wɔ nu vɔ̃ aɖeke o.
4 bez moje krivnje na me nasrću. Probudi se! Dođi mi u pomoć i pogledaj,
Nyemeda vo aɖeke o, evɔ wole klalo be woadze dzinye. Tso, nàxɔ nam; kpɔ xaxa si me mele la ɖa!
5 Jahve, Bože nad Vojskama, Bože Izraelov! Preni se, kazni sve pogane, podlacima nemoj se smilovati!
O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu, nyɔ nàhe to na dukɔwo, mègakpɔ nublanui na ametatrɔla vɔ̃ɖi siawo o. (Sela)
6 Uvečer se vraćaju, reže poput pasa i trče po gradu.
Wotrɔ gbɔ le fiẽ me le gbe tem abe avuwo ene, eye wole tsaglãla tsam le dua me.
7 Gle, kako bljuju ustima; kletve su im na usnama i govore: “Tko nas čuje?”
Kpɔ nu si wotu tso woƒe nu me la ɖa, wotu nyawo tso woƒe nuyiwo me le gbɔgblɔm be, “Ame ka ate ŋu aɖo to mí?”
8 No, ti im se smiješ, o Jahve, i rugaš se poganima svima.
O! Yehowa, wò koe le wo kom, èɖe alɔme le dukɔ mawo katã ŋu.
9 Jakosti moja, gledat ću na te, jer ti si, Bože, zaštita moja, Bog moj, milosrđe moje.
O! Nye ŋusẽ, mele nuwò kpɔm. O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ,
10 Bog neka mi pohiti u susret, nek' me razveseli nad dušmanima mojim!
nye Mawu lɔlɔ̃tɔ. Mawu adze ŋgɔ nam, eye ana makpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe nye ketɔwo dzi.
11 Pobij ih, Bože, da mi narod ne zavode, zbuni i obori ih jakošću svojom, štite naš, Gospodine.
Gake mègawu wo o, O! Aƒetɔ, míaƒe akpoxɔnu, ne menye nenema o la, nye amewo aŋlɔ be. Le wò ŋusẽ me, na woatsa tsaglãla, eye nàhe wo aƒu anyi.
12 Grijeh je svaka riječ usta njihovih: nek se uhvate u svoju oholost, u kletve i laži što ih govore!
Nya sia nya si doa le wo nu la nye nu vɔ̃, woƒe dada nazu abe mɔ ene aɖe wo, Le fiƒodenya kple alakpanya siwo wogblɔ ta la,
13 Istrijebi ih u gnjevu, istrijebi da nestanu, nek' se zna da Bog vlada u Jakovu i do nakraj zemlje!
fia wo kple dziku, fia wo va se ɖe esime womaganɔ anyi o. Ekema woanya va se ɖe anyigba la ƒe mlɔenu ke, be Mawue nye fia ɖe Yakob dzi. (Sela)
14 Uvečer se vraćaju, reže poput pasa i trče po gradu.
Wotrɔ gbɔ le fiẽ me, le gbe tem abe avuwo ene, eye wole tsaglãla tsam le dua me.
15 Nek' lutaju okolo tražeći hranu; i kad se nasite, neka zavijaju.
Wole tsatsam le nuɖuɖu dim, eye ne womeɖi ƒo o la, wonɔa wòwóm.
16 A ja ću opjevati silu tvoju i klicat ću jutrom milosrđu tvome, jer mi ti postade utočište i sklonište u dan nevolje.
Ke nye la, madzi wò ŋusẽ ƒe ha, eye le ŋdi me la, madzi ha le wò lɔlɔ̃ ŋuti, elabena wòe nye nye mɔ sesẽ, kple nye sitsoƒe le xaxaɣiwo.
17 Jakosti moja, tebi ću pjevati, jer ti si, Bože, zaštita moja, Bog moj, milosrđe moje.
O! Nye ŋusẽ, mele kafukafuha dzim na wò. O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ kple nye Mawu si dzi meka ɖo.