< Psalmi 54 >

1 Zborovođi. Uza žičana glazbala. Poučna pjesma. Davidova. Kad su Zifijci došli k Šaulu govoreći: “David se kod nas Spasi me, Bože, svojim imenom i jakošću svojom izbori mi pravdu!
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. David kpa ha sia esi Zifitɔwo yi Saul gbɔ gblɔ nɛ be, “Ɖe David meva ɣla ɖe mía dome oa?” Ɖem, O! Mawu, ɖem kple wò ŋkɔ, tsɔ wò ŋusẽ tso afia nam.
2 Poslušaj, Bože, moju molitvu i usliši riječi usta mojih!
O! Mawu, se nye gbedodoɖa, eye nàƒu to anyi ɖe nye numenyawo ŋu.
3 Oholice ustadoše na me i moj život traže silnici: na Boga se ne osvrću.
Amedzrowo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ti nye agbe yome, ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. (Sela)
4 Evo, Bog mi pomaže, Gospodin krijepi život moj.
Mawu nye nye xɔnametɔ vavã, Aƒetɔ lae nye ame si lém ɖe asi.
5 Okreni nesreću na dušmane moje, zatri ih u vjernosti svojoj.
Vɔ̃ negbugbɔ va ame siwo le ŋunye gblẽm la dzi, tsrɔ̃ wo le wò nuteƒewɔwɔ ta.
6 Od srca rado ću ti žrtvovati, slavit ću ti ime, Jahve, jer je dobrostivo,
Masa lɔlɔ̃nuvɔsa na wò, O! Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo.
7 jer ti me izbavi iz svake nevolje, i oko moje vidje postiđene moje dušmane.
Eɖem tso nye xaxawo katã me, eye nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye futɔwo dzii.

< Psalmi 54 >