< Psalmi 26 >

1 Davidov. Dosudi mi pravo, Jahve, jer hodih u nedužnosti, i uzdajuć' se u Jahvu ja se ne pokolebah.
David ƒa ha. O! Yehowa, tso afia nam, elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o. Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã kpɔ gbeɖe o.
2 Ispitaj me, Jahve, iskušaj me, istraži mi bubrege i srce.
O! Yehowa, lolom, dom kpɔ; eye nàdzro nye dzi kple tamesusu hã me,
3 Jer tvoja je dobrota pred očima mojim, u istini tvojoj ja hodim.
elabena wò lɔlɔ̃ le ŋkunye me ɖaa, eye mezɔna le wò nyateƒe la me ɣe sia ɣi.
4 S ljudima opakim ja ne sjedim i ne svraćam podlima.
Nyemanɔ anyi ɖe ameblelawo dome, alo ade ha kple alakpanuwɔlawo o.
5 Mrsko mi je društvo zlotvora, i s bezbošcima sjesti ne želim.
Metsri ame tovowo ƒe habɔbɔ, eye megbe be nyemanɔ ame vɔ̃ɖiwo dome o.
6 U nedužnosti ruke svoje perem i obilazim žrtvenik tvoj, Jahve,
Meklɔ nye asiwo le fɔmaɖimaɖi me, eye meƒo xlã wò vɔsamlekpui, O! Yehowa,
7 da tvoju hvalu javno razglasim i pripovijedam sva divna djela tvoja.
hele wò kafukafuha dzim kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia.
8 O Jahve, ljubim dom u kojem prebivaš i mjesto gdje slava tvoja stoluje.
O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle, afi si wò ŋutikɔkɔe le.
9 Ne pogubi mi dušu s grešnicima ni život moj s krvolocima;
Mègatsɔ nye luʋɔ kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋuti kple nye agbe kpe ɖe hlɔ̃dolawo ŋuti,
10 na rukama je njihovim zločin, a desnica im puna mita.
ame siwo ƒe asi me ɖoɖo vɔ̃ɖiwo le, eye woƒe nuɖusime yɔ fũu kple zãnuxɔxɔ o.
11 A ja u nedužnosti svojoj hodim: izbavi me, milostiv mi budi.
Ke nye la, menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, eya ta ɖem, eye nàkpɔ nublanui nam.
12 Noga mi stoji na pravu putu: u zborovima blagoslivljat ću Jahvu.
Nye afɔ le sɔsɔeƒe. Makafu Yehowa le takpekpe gã la me.

< Psalmi 26 >