< Psalmi 17 >

1 Molitva. Davidova. Počuj, Jahve pravedni, i vapaj mi poslušaj, usliši molitvu iz usta iskrenih!
David ƒe gbedodoɖa. See, O! Yehowa, ɖo to nye ɣlidodo kple nye dzɔdzɔenyenye ƒe kukuɖeɖe. Ƒu to anyi ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o.
2 Od tebe nek' mi dođe presuda, tvoje oči vide što je pravo.
Afiatsotso nam netso gbɔwò, eye na wò ŋkuwo nakpɔ nu si le dzɔdzɔe.
3 Istraži mi srce, pohodi noću, ognjem me iskušaj, al' u meni nećeš nać' bezakonja. Ne zgriješiše usta moja
Togbɔ be èdzro nye dzi me eye nèlé ŋku ɖe ŋunye tsitotsito le zã me; ne èdom kpɔ hã la, màkpɔ naneke le menye o. Meɖoe kplikpaa be nye nu mawɔ nu vɔ̃ o.
4 kao što griješe ljudi: po riječima usta tvojih čuvah putove Zakona.
Le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo me la, metsɔ wò numenya kpɔ ɖokuinye dzii be, nyemage ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi o.
5 Korak mi čvrsto prionu za tvoje staze, ne zasta mi noga na putima tvojim.
Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò toƒewo, eye nye afɔ meɖiɖi o.
6 Zazivam te, Bože, ti ćeš me uslišit': prikloni mi uho i čuj riječi moje.
Mele yɔwòm, O! Mawu, elabena àtɔ nam; ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye nàse nye gbedodoɖa.
7 Proslavi na meni dobrotu svoju, ti koji od dušmana izbavljaš one što se utječu desnici tvojoj.
Ɖe wò lɔlɔ̃ gã la ƒe nukunu fia, wò ame si tsɔa wò nuɖusi ɖea ame siwo si wò tso, tso woƒe futɔwo ƒe asi me.
8 Čuvaj me k'o zjenicu oka, sakrij me u sjenu krila svojih
Kpɔ tanye abe wò ŋku ƒe gadaglamakui ene, eye nàɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te,
9 od zlotvora što na me nasrću. Dušmani me bijesni opkoljuju,
ɖem tso ame vɔ̃ɖi siwo le funyafunya wɔmem kple futɔ siwo ɖe to ɖem la ƒe asi me.
10 bešćutno srce zatvaraju i ustima zbore naduto,
Wotu woƒe ŋutasẽdziwo, eye wotsɔa woƒe nuwo gblɔa dadanyawoe.
11 Koraci njini sad me okružuju, smjeraju da me na zemlju obore;
Wodo afɔ nam, eye azɔ la, woɖe to ɖem, woƒe ŋkuwo le te ne woaxlãm ɖe anyigba.
12 slični lavu dok se, zinuv, na plijen obara i laviću što vreba u potaji.
Wole abe dzata dɔwui si le nu dim be yealé, hele adeklo dzi le avekɔe me ene.
13 Ustani, Jahve, presretni ga i obori, od grešnika mi život mačem spasi,
O! Yehowa, tso, kpe akɔ kpli wo, he wo ƒu anyi, eye tsɔ wò yi nàɖem le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
14 a rukom od ljudi, Gospodine: od ljudi kojih je dio ovaj život, kojima želudac puniš dobrima; kojih su sinovi siti, a djeci daju što im pretekne.
O! Yehowa, tsɔ wò asi ɖem le ame siawo tɔgbi kple xexemetɔ siawo ƒe asi me, ame siwo ƒe fetu le agbe sia me. Ètsia ame siwo nèlɔ̃ vevie la ƒe dɔwuame nu; wo viŋutsuwo kpɔ nu nyui geɖe, eye wodzraa kesinɔnuwo ɖo ɖi na wo viwo.
15 A ja ću u pravdi gledati lice tvoje, i jednom kad se probudim, sit ću ga se nagledati.
Ke nye la, makpɔ wò ŋkume le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ hekpɔ wò nɔnɔme ko la, maɖi ƒo.

< Psalmi 17 >