< Mudre Izreke 11 >

1 Lažna je mjera mrska Jahvi, a puna mjera mila mu je.
Yehowa tsri nudanu amebatɔ, ke nudakpe si de blibo la nye eƒe dzidzɔ.
2 S ohološću dolazi sramota, a u smjernih je mudrost.
Dada doa ŋgɔ na ŋukpeɖuɖu, ke ɖokuibɔbɔ hea nunya vɛ.
3 Pravednike vodi nevinost njihova, a bezbožnike upropašćuje njihova opačina.
Ame dzɔdzɔewo ƒe ta me nyui ɖoɖo kplɔa wo, ke nuteƒemawɔlawo la, woƒe dzi me eve susu tsrɔ̃a wo.
4 Ne pomaže bogatstvo u dan Božje srdžbe, a pravednost izbavlja od smrti.
Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe, ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me.
5 Nedužnomu pravda njegova put utire, a zao propada od svoje zloće.
Ame maɖifɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ dzɔdzɔe ɖe wo ŋgɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔ̃wɔwɔ hea wo ƒua anyi.
6 Poštene izbavlja pravda njihova, a bezbožnici se hvataju u svoju lakomost.
Ame dzɔdzɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea wo, ke didi vlowo zua mɔ ɖea nuteƒemawɔlawo.
7 Kad zao čovjek umre, nada propada i ufanje u imetak ruši se.
Ne ame vɔ̃ɖi ku la, eƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃na, nu siwo katã wòle mɔ kpɔm na tso eƒe ŋusẽ me la zua tofloko.
8 Pravednik se od tjeskobe izbavlja, a opaki dolazi na mjesto njegovo.
Woɖea ame dzɔdzɔe tso fu me eye wòvaa ame vɔ̃ɖi la dzi boŋ.
9 Bezbožnik ustima ubija svoga bližnjega, a pravednici se izbavljaju znanjem.
Mawumavɔ̃la tsɔa eƒe nu gblẽa ehavi domee, ke woɖea ame dzɔdzɔe la to sidzedze me.
10 Sa sreće pravedničke grad se raduje i klikuje zbog propasti opakoga.
Ne nu dze edzi na ame dzɔdzɔe la, du blibo kpɔa dzidzɔ, ke ne ame vɔ̃ɖi tsrɔ̃ la, wodoa dzidzɔɣli.
11 Blagoslovom pravednika grad se diže, a ustima opakih razara se.
To dzɔdzɔetɔ ƒe yayra dzi wodoa du ɖe dzi, ke wotsrɔ̃nɛ to ame vɔ̃ɖi ƒe nu dzi.
12 Nerazumnik prezire svoga bližnjega, dok čovjek uman šuti.
Ame manyanu doa vlo ehavi, ke ŋutsu nugɔmesela léa eƒe aɖe.
13 Tko s klevetom hodi, otkriva tajnu, a čovjek pouzdana duha čuva se.
Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla, ke ame ɖɔʋu ɣlaa nya.
14 Gdje vodstva nema, narod propada, jer spasenje je u mnogim savjetnicima.
Dukɔ aɖe dzea anyi, ne mɔfiala meli o, ke dziɖuɖu vana to aɖaŋuɖola geɖewo dzi.
15 Veoma zlo prolazi tko jamči za drugoga, a bez straha je tko mrzi na jamstvo.
Ame si de megbe na ame bubu la akpe fu, ke ame si gbe akpesisi abe ŋugbedodo ƒe dzesi ene la anɔ dedie.
16 Ljupka žena stječe slavu, a krepki muževi bogatstvo.
Wodea bubu nyɔnu dɔmenyotɔ ŋu, ke ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.
17 Dobrostiv čovjek sam sebi dobro čini, a okrutnik muči vlastito tijelo.
Ŋuistu dɔmenyotɔ wɔa nyui na eɖokui, gake ŋutsu ŋutasẽla hea hiã vaa eɖokui dzii.
18 Opak čovjek pribavlja isprazan dobitak, a tko sije pravdu, ima sigurnu nagradu.
Woxea fetu si me beble le la na ame vɔ̃ɖi, ke ame si ƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku la axa nu geɖe.
19 Tko je čvrst u pravednosti, ide u život, a tko za zlom trči, na smrt mu je.
Ame si nye dzɔdzɔetɔ vavã la, akpɔ agbe, ke ame si ti nu vɔ̃ɖi yome la yia eƒe ku me.
20 Mrski su Jahvi srcem opaki, a mili su mu životom savršeni.
Yehowa tsri ame siwo ƒe dzi daa alakpa, ke ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe mɔwo ŋu o la ƒe nu nyoa eŋu.
21 Zaista, zao čovjek neće proći bez kazne, a rod će se pravednički izbaviti.
Maka ɖe esia dzi na mi be, womagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi la o, ke woana ablɔɖe ame dzɔdzɔewo.
22 Zlatan je kolut na rilu svinjskom: žena lijepa, a bez razuma.
Abe ale si sikaŋɔtigɛ nɔa ha ƒe ŋɔtimee ene la, nenema kee nye nyɔnu dzetugbe si meɖoa ŋu ɖo o.
23 Pravednička je želja samo na sreću, a nada je opakih prolazna.
Ame dzɔdzɔewo ƒe didiwo vaa eme na wo nyuie, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ wua nu le dziku me.
24 Tko dijeli obilato, sve više ima, a tko škrtari, sve je siromašniji.
Ame ɖeka naa nu faa gake egakpɔa geɖe ɖe edzi, ame bubu vea nu le nu si wòle be wòana la ŋu gake ahe ko wòdana.
25 Podašna duša nalazi okrepu, i tko napaja druge, sam će se napojiti.
Nu adze dzi na ame si na nu faa, ame si na amewo ƒe dzi dze eme la, woana eya ŋutɔ hã ƒe dzi nadze eme.
26 Tko ne da žita, kune ga narod, a blagoslov je nad glavom onoga koji ga prodaje.
Ame si tsɔ bli ɣla la amewo aƒo fi adee gake yayra ava ame si lɔ̃ be yeadzra etɔ la dzi.
27 Tko traži dobro, nalazi milost, a tko za zlom ide, ono će ga snaći.
Ame si ti nyui yome la, amewo adi nyui nɛ gake vɔ̃ vana na ame si le vɔ̃ dim.
28 Tko se uzda u bogatstvo, propada, a pravednici uspijevaju kao zeleno lišće.
Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi la adze anyi gake ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe gbe dama ene.
29 Tko vlastitu kuću zapusti, vjetar žanje, a luđak je sluga mudromu.
Ame si he dzɔgbevɔ̃e va eƒe ƒome dzi la, ya anye eƒe domenyinu eye bometsila anye subɔla na nunyala.
30 Plod je pravednikov drvo života, i mudrac je tko predobiva žive duše.
Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye agbeti, eye ame si ɖea luʋɔwo la, nunyalae.
31 Ako se pravedniku plaća na zemlji, još će se više opakomu i grešniku.
Ne ame dzɔdzɔewo xɔ wo tɔ gome le anyigba dzi la, ekema aleke wòahanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo!

< Mudre Izreke 11 >