< Brojevi 16 >

1 Korah, sin Jisharov, sin Kehatov, sin Levijev, pa Datan i Abiram, sinovi Eliabovi, i On, sin Peletov - potomci Rubenovi -
Gbe ɖeka la, Korah, Izhar ƒe viŋutsu kple Kohat ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si nye Levi ƒe dzidzimevi la wɔ ɖoɖo kple Datan kple Abiram, ame siwo nye Eliab ƒe viŋutsuwo kple On, Pelet ƒe viŋutsu. Ame etɔ̃ siawo katã tso Ruben ƒe to la me.
2 ustanu protiv Mojsija zajedno sa dvjesta pedeset Izraelaca, glavara zajednice, uglednih na skupštini i ljudi na glasu.
Ɖoɖo lae nye be woana amewo nadze aglã ɖe Mose ŋu. Ame siwo lɔ̃ ɖe aglãdzedze ƒe ɖoɖo sia dzi kple Israelviwo ƒe xexlẽmee nye ame alafa eve blaatɔ̃. Wonye kplɔlawo kple aɖaŋudelawo.
3 Oni se sjate oko Mojsija i Arona govoreći im: “Vi prelazite mjeru! Sva je zajednica, svi njezini članovi, posvećena i među njima je Jahve. Zašto se onda uzvisujete iznad zajednice Jahvine!”
Woyi Mose kple Aron gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Miaƒe asitɔakɔnyawo va ti kɔ na mí azɔ. Mienyo wu ame bubu aɖeke o. Israelvi ɖe sia ɖe nye Yehowa ƒe ame tiatia, eye wòli kpli mí katã. Mɔ ka miekpɔ be miado mia ɖokuiwo ɖe dzi, agblɔ be ele be míaɖo to mi, eye mianɔ wɔwɔm abe ɖe mielolo wu Yehowa ƒe ame siawo dometɔ aɖe ene?”
4 Kad to ču Mojsije, pade ničice.
Esi Mose se nya si gblɔm wole la, etsyɔ mo anyi.
5 Zatim reče Korahu i svoj njegovoj družini: “Sutra će Jahve pokazati tko je njegov i tko je posvećen, kome dopušta da mu se približi. Koga sebi izabere, k sebi će ga i pustiti.
Egblɔ na Korah kple ame siwo le eŋu la be, “Le ŋdi la, Yehowa afia ame siwo nye etɔwo, ame si le kɔkɔe kple ame si wòtia abe nunɔla ene la mi.
6 Učinite ovo: uzmite kadionike, Korah i sva njegova družina;
Ele be wò, Korah kple yowòmedzelawo katã miawɔ ale: Mitsɔ dzudzɔdosonuwo,
7 sutra stavite u njih vatre i metnite odozgo tamjana pred Jahvom. Koga Jahve odabere, taj neka bude posvećen. Vi prelazite mjeru, Levijevci!”
eye etsɔ la, miade dzo kple lifi wo me le Yehowa ŋkume. Ame si Yehowa atia lae anye ame si le kɔkɔe. Mi Levi ƒe viwo, mia tɔ gbɔ eme.”
8 Potom Mojsije reče Korahu: “Poslušajte, Levijevci!
Mose gblɔ na Korah be, “Azɔ, mi Levi ƒe viwo, miɖo to.
9 Zar vam je malo što vas je Bog Izraelov izdvojio iz Izraelove zajednice da vas približi k sebi te da vršite službu u Jahvinu prebivalištu i da stojite pred zajednicom služeći joj?
Mesɔ gbɔ na mi be Israel ƒe Mawu la ɖe mi ɖa tso Israel ƒe ameha la me, kplɔ mi te ɖe eɖokui ŋu be miawɔ dɔ le Yehowa ƒe Agbadɔ la me, eye miatsi tsitre ɖe ameha la ŋkume asubɔ wo oa?
10 Promaknuo je tebe i s tobom svu tvoju braću Levijevce, a vi još tražite i svećeništvo!
Ɖe ale si wòtsɔ dɔ sia de asi na mi Levi ƒe viwo ɖeɖe ko la mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, ɖe miele didim be yewoazu nunɔlawo hã mahã?
11 Ti i sva tvoja družina, dakle, sjatili ste se protiv Jahve; jer što je Aron da protiv njega rogoborite?”
Yehowa ŋue mi kple mia yomedzelawo katã miebla ɖo. Ame kae nye Aron be mialĩ liʋĩliʋĩ le eŋu?”
12 Zatim posla Mojsije po Datana i Abirama, sinove Eliabove, ali oni odgovore: “Nećemo doći!
Mose ɖo du ɖe Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo, ke wogblɔ be, “Míegbɔna o!”
13 Zar je malo što si nas odveo iz zemlje kojom teče med i mlijeko da nas pobiješ u ovoj pustinji, pa hoćeš da nasilno zagospodariš nad nama?
Ɖeko wogblɔ be, “Ɖe nèbui be nu sue aɖe ko wònye nèwɔ be nèkplɔ mí dzoe le Egipte, tso anyigba nyui ma dzi be yeawu mí le gbegbe afi sia? Ke azɔ la, ɖe nègadi gɔ̃ hã be yeaɖu fia ɖe mía dzia?
14 Nisi nas uveo u zemlju kojom teče med i mlijeko i nisi nam dao u posjed njive i vinograde! Misliš li iskopati oči ovim ljudima? Nećemo doći!”
Gawu la, mèkplɔ mí yi anyigba wɔnuku si ŋugbe nèdo na mí la hã dzi o, eye mèna agbledenyigba kple waingblewo mí o. Ame kawoe nèle agbagba dzem be yeabu abunɛtɔwoe? Míegbɔna o!”
15 Mojsije se vrlo razljuti i reče Jahvi: “Ne obaziri se na njihovu prinosnicu! Ni jednoga njihova magarca nisam prisvojio niti sam ijednoga od njih oštetio.”
Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Yehowa be, “Mègaxɔ woƒe vɔsawo o! Nyemefi woƒe tedzi gɔ̃ hã kpɔ o, eye nyemewɔ nuvevi aɖeke wo dometɔ aɖeke kpɔ hã o.”
16 Zatim Mojsije reče Korahu: “Ti i sva tvoja družina stupite sutra pred Jahvu; ti, i oni, i Aron.
Mose gblɔ na Korah be, “Miva afi sia etsɔ, wò kple yowòmedzelawo katã, eye miado ɖe Yehowa ŋkume; Aron hã anɔ afi sia.
17 Neka svaki uzme svoj kadionik, stavi u nj tamjana i neka svaki donese svoj kadionik pred Jahvu - dvjesta i pedeset kadionika. A i ti i Aron donesite svaki svoj kadionik.”
Ame sia ame natsɔ dzudzɔdosonu ɖe asi, akɔ dzudzɔdonu ɖe wo me. Wo katã ƒe xexlẽme nanye alafa eve blaatɔ̃, eye miatsɔ wo va Yehowa ŋkume. Wò kple Aron hã, miatsɔ miaƒe dzudzɔdosunuwo ɖe asi vɛ.”
18 Svaki uzme svoj kadionik, stavi u nj vatre, onda odozgo metne tamjana i stane s Mojsijem i Aronom kod ulaza u Šator sastanka.
Ale wotsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo vɛ, ɖe dzo ɖe wo me, kɔ dzudzɔdonuwo ɖe wo me, eye wova tsi tsitre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu kple Mose kple Aron.
19 Kad, naprama njima, sabra Korah svu zajednicu na ulazu u Šator sastanka, onda se svoj zajednici pokaza slava Jahvina.
Esi Korah ƒo eyomedzelawo katã nu ƒu ɖe Agbadɔ la ƒe ŋkume be woatsi tsitre ɖe wo ŋuti la, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la.
20 I reče Jahve Mojsiju i Aronu:
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
21 “Odvojite se od te zajednice da je odmah satrem!”
“Miɖe mia ɖokuiwo ɖa le ame siawo dome ale be matsrɔ̃ wo enumake.”
22 Oni popadoše ničice i povikaše: “Bože! Bože životnog duha u svakome tijelu! Zar ćeš se razgnjeviti na svu zajednicu kad je samo jedan sagriješio!”
Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume, eye woƒo koko nɛ gblɔ be, “O! Mawu, amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu, ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe ameawo katã ŋuti esi wònye ame ɖeka koe wɔ nu vɔ̃a?”
23 Onda Jahve reče Mojsiju:
Tete Yehowa gblɔ na Mose be,
24 “Reci toj zajednici: 'Uklonite se iz okolice prebivališta Koraha, Datana i Abirama!'”
“Gblɔ na ƒuƒoƒe la be, ‘Mite ɖa tso Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ.’”
25 Mojsije ustade i pođe k Datanu i Abiramu. Za njim krenuše izraelske starješine.
Ale Mose ɖe abla yi Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ, eye Israel ƒe dumemetsitsiwo kplɔe ɖo.
26 Zatim ovako progovori zajednici: “Odstupite od šatora tih opakih ljudi! Ne dotičite se ničega što je njihovo, da ne budete uništeni zbog svih njihovih grijeha.”
Mose xlɔ̃ nu ameha la be, “Miɖe abla miadzo le ame vɔ̃ɖi siawo ƒe agbadɔwo gbɔ; migaka asi woƒe naneke ŋu o, ne menye nenema o la, abala míawo hã, eye Yehowa atsrɔ̃ miawo hã ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.”
27 Tako se oni udalje iz okolice prebivališta Korahova, Datanova i Abiramova. Uto izađu Datan i Abiram te stanu na ulazu svojih šatora sa svojim ženama, svojim sinovima i svojom nejačadi.
Ale ameawo katã te ɖa le Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ. Datan kple Abiram do go tso woƒe agbadɔwo me, eye wotsi tsitre ɖe woƒe agbadɔwo ƒe mɔnu kple wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vi suewo.
28 “Po ovom ćete vidjeti”, reče Mojsije, “da me Jahve poslao da vršim sva ova djela, a da ih ne činim sam od sebe:
Eye Mose gblɔ be, “To nu sia me la, mianya be Yehowae dɔm ɖa be mawɔ nu siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye susu o.
29 ako ovi ljudi umru kao što umru i svi ljudi; ako ih pohodi sudbina kakva pohodi sve ljude, onda me Jahve nije poslao.
Ne ŋutsu siawo aku dzɔdzɔmeku alo nu si dzɔna ɖe ŋutsu ɖe sia ɖe dzi koe dzɔ ɖe wo dzi la, ekema menye Yehowae dɔm o.
30 Ali ako Jahve učini nečuveno: ako zemlja rastvori svoje ralje i proguta ih sa svim što je njihovo te živi siđu u Šeol, onda znajte da su ovi ljudi prezreli Jahvu.” (Sheol h7585)
Gake nenye be Yehowa ana nu yeye aɖe kura nadzɔ, anyigba nake nu ami wo kple nu sia nu si nye wo tɔ, eye woayi tsiẽƒe agbagbee la, ekema mianya be ŋutsu siawo wɔ nu tovo ɖe Yehowa ŋu.” (Sheol h7585)
31 A kad on završi sve te riječi, tlo se pod njima raspukne;
Esi Mose wu nya siawo nu teti ko la, anyigba la wo le wo te zi ɖeka,
32 zemlja rastvori svoje ralje i proguta ih s njihovim domovima, sa svim Korahovim ljudima i svim njihovim imanjem.
eye anyigba la mi wo kple woƒe aƒemenuwo katã, eye nenema kee nye Korah yomedzelawo katã kple woƒe nunɔamesiwo katã hã.
33 Živi siđu u Šeol, oni i sve njihovo. Onda se nad njima zemlja zatvori i oni iščeznu iz zbora. (Sheol h7585)
Ale woyi tsiẽƒe agbagbe kple woƒe nunɔamesiwo katã, eye anyigba tu ɖe wo nu, hetsrɔ̃ wo, eye wodo ɖa le ameha la dome. (Sheol h7585)
34 Na njihov vrisak svi Izraelci što su stajali oko njih pobjegoše govoreći: “Da i nas zemlja ne proguta!”
Esi ame siwo yi tsiẽƒe la nɔ ɣli dom la, Israelvi siwo katã ƒo xlã wo la de asi sisi me henɔ ɣli dom be, “Anyigba le míawo hã mi ge.”
35 Ali sukne oganj od Jahve te proždre dvjesta i pedeset ljudi koji su prinosili tamjan.
Dzo ge tso Yehowa gbɔ va fia ame alafa eve blaatɔ̃ siwo nɔ dzudzɔ dom.
36 Jahve reče Mojsiju:
Yehowa gblɔ na Mose be,
37 “Kaži Eleazaru, sinu svećenika Arona, da ukloni kadionike - jer su posvećeni - iz toga zgarišta, a neposvećenu vatru iz njih neka razaspe podalje.
“Gblɔ na Eleazar, Aron, nunɔla la ƒe viŋutsu be wòaɖe dzudzɔdonu mawo le dzo la me, eye wòakaka akawo ɖe teƒe didi aɖe, elabena dzoɖesonuawo le kɔkɔe
38 Kadionici onih koji su sagriješili i grijehom život pokopali neka se prekuju u pločice za oblaganje žrtvenika. Doneseni su, naime, pred Jahvu, pa su posvećeni. Neka budu opomenom Izraelcima!”
tso ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woku la ƒe dzudzɔdosonuwo gbɔ. Na wòatsɔ dzudzɔdosonuawo atu ga gbadza aɖe atsyɔ vɔsamlekpui la dzi, elabena dzudzɔdosonu siawo le kɔkɔe esi wowɔ wo ŋu dɔ le Yehowa ŋkume ta. Ale ga gbadza si tsyɔ vɔsamlekpui la dzi la azu ŋkuɖodzinu na Israelviwo.”
39 Tako svećenik Eleazar uze kadionike od tuča što su ih prinosili oni koji izgorješe; prekovaše ih u pločice za oblaganje žrtvenika.
Ale nunɔla Eleazar tsɔ akɔblidzudzɔdosonu alafa eve blaatɔ̃ la tu ga ɖeka hena vɔsamlekpui la dzi tsyɔtsyɔ
40 One su opomena Izraelcima da se nitko nepozvan - nitko tko nije od Aronova potomstva - ne smije približiti da pali tamjan pred Jahvom, kako mu se ne bi dogodilo kao Korahu i njegovoj družini, prema onom što je kazao Jahve po Mojsiju.
be wòanye ŋkuɖodzinu na Israelviwo be ame sia ame si menye Aron ƒe dzidzimevi o la mekpɔ mɔ ava Yehowa ŋkume, eye wòado dzudzɔ o; ne menye nenema o la, nu si wɔ Korah kple eyomedzelawo la awɔ eya hã. Ale wowɔ ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose la dzi.
41 Sutradan je sva zajednica rogoborila protiv Mojsija i Arona. “Pobili ste Jahvin narod!” - govorili su.
Esi ŋu ke ŋdi la, Israelviwo katã gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mose kple Aron ŋu, henɔ gbɔgblɔm be, “Miewu Yehowa ƒe amewo.”
42 Dok se zajednica skupljala protiv Mojsija i Arona, oni se okrenuše prema Šatoru sastanka, i gle! oblak ga prekri i slava se Jahvina pokaza.
Ale ameha gã aɖe ƒo ƒu; kasia woakpɔ agbadɔ la gbɔ ɖa la, wokpɔ lilikpo la kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe la.
43 Tada Mojsije i Aron odoše pred Šator sastanka.
Mose kple Aron yi agbadɔ la ŋgɔ,
44 I Jahve reče Mojsiju:
eye Yehowa gblɔ na Mose be.
45 “Udaljite se od te zajednice; u tili ću je čas uništiti!” Oni padoše ničice.
“Mite ɖa le ame siawo gbɔ, ale be mate ŋu atsrɔ̃ wo enumake.” Ke Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.
46 Zatim Mojsije reče Aronu: “Uzmi kadionik, stavi u nj vatre sa žrtvenika, metni tamjana, a onda se žuri do zajednice da obaviš nad njom obred pomirenja. Gnjev je Jahvin već izbio i zlo je počelo!”
Mose gblɔ na Aron be, “Netsɔ! Tsɔ dzudzɔdosonu ɖeka, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la me de eme, da dzudzɔdonu ɖe edzi, ɖe abla kplii yi ameawo dome, eye nàlé avu ɖe wo nu, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe ge ɖe wo dome, eye dɔvɔ̃ to gɔ̃ hã xoxo.”
47 Aron uze što mu je Mojsije rekao te otrča usred zbora, a kad tamo: pomor među narodom već počeo. Stavi tamjana te obavi obred pomirenja nad narodom.
Aron wɔ nu si Mose ɖo nɛ. Eƒu du yi ameawo dome, elabena dɔvɔ̃ la to xoxo. Etɔ dzo dzudzɔdonu la, eye wòlé avu ɖe wo nu.
48 Zatim stade između mrtvih i živih i zlo se ustavi.
Etsi tsitre ɖe ame kukuawo kple agbagbeawo dome, eye dɔvɔ̃ la nu tso,
49 Bilo ih je mrtvih od toga zla četrnaest tisuća i sedam stotina, osim onih koji su poginuli zbog Koraha.
ke ame akpe wuiene alafa adre ku xoxo kpe ɖe ame siwo ku kple Korah le ŋkeke si do ŋgɔ la ŋu.
50 Aron se vrati k Mojsiju na ulaz u Šator sastanka: pomor se ustavi.
Aron trɔ va Mose gbɔ le agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale dɔvɔ̃ la nu tso.

< Brojevi 16 >