< Luka 5 >

1 Dok se jednom oko njega gurao narod da čuje riječ Božju, stajaše on pokraj Genezaretskog jezera.
Gbe ɖeka esi Yesu le tsitre nɔ nu fiam le Genesaret ƒuta la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la.
2 Spazi dvije lađe gdje stoje uz obalu; ribari bili izašli iz njih i ispirali mreže.
Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la to. Ɖɔkplɔlawo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me.
3 Uđe u jednu od tih lađa; bila je Šimunova pa zamoli Šimuna da malo otisne od kraja. Sjedne te iz lađe poučavaše mnoštvo.
Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me, eye wògblɔ na Simɔn ame si tɔ nye ʋua be wòakui tso go ŋu ayi tsia dzi vie. Esi wòbɔbɔ nɔ eme la, efia nu ameha la tso afi ma.
4 Kada dovrši pouku, reče Šimunu: “Izvezi na pučinu i bacite mreže za lov.”
Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, “Azɔ miyi tsia ƒe gogloa ƒe ke ne miada ɖɔ ɖe afi ma ekema miaɖe lã fũu.”
5 Odgovori Šimun: “Učitelju, svu smo se noć trudili i ništa ne ulovismo, ali na tvoju riječ bacit ću mreže.”
Simɔn ɖo eŋu nɛ be, “Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu, gake míeɖe naneke o, gake esi nègblɔe ko la, míagada ɖɔ la.”
6 Učiniše tako te uhvatiše veoma mnogo riba; mreže im se gotovo razdirale.
Wogada ɖɔ la ake ke azɔ la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu me!
7 Mahnuše drugovima na drugoj lađi da im dođu pomoći. Oni dođoše i napuniše obje lađe, umalo im ne potonuše.
Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli yɔ wo nɔvi siwo nɔ ʋu bubu me le tsia dzi la be woava kpe ɖe yewo ŋu. Woɖe lã fũu wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be yewoanyrɔ gɔ̃ hã.
8 Vidjevši to, Šimun Petar pade do nogu Isusovih govoreći: “Idi od mene! Grešan sam čovjek, Gospodine!”
Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, “O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ, elabena nye nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o.”
9 Zbog lovine riba što ih uloviše bijaše se zapanjio on i svi koji bijahu s njime,
Elabena lã geɖe si woɖe la wɔ nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo.
10 a tako i Jakov i Ivan, Zebedejevi sinovi, drugovi Šimunovi. Isus reče Šimunu: “Ne boj se! Odsada ćeš loviti ljude!”
Nenema kee nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo, eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo hã. Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ɖelawo!”
11 Oni izvukoše lađe na kopno, ostaviše sve i pođoše za njim.
Esi wova ɖi go teti ko la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu yome.
12 I dok bijaše u jednom gradu, gle čovjeka puna gube! Ugledavši Isusa, padne ničice i zamoli ga: “Gospodine, ako hoćeš, možeš me očistiti.”
Gbe ɖeka la, Yesu kpɔ kpodɔléla aɖe le kɔƒe aɖe si me wòɖi tsa de la me. Esi kpodɔléla la kpɔ Yesu ko la, edze klo tsyɔ̃ mo anyi heɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na be ŋutinye nakɔ.”
13 Isus pruži ruku i dotakne ga se govoreći: “Hoću, očisti se!” I odmah nesta gube s njega.
Yesu ka asi ŋutsua hegblɔ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ!” Ŋutsua ŋuti kɔ enumake, eye dɔ la vɔ le eŋu.
14 I zapovjedi mu: “Nikome ni riječi, nego otiđi, pokaži se svećeniku i prinesi za svoje očišćenje kako propisa Mojsije, njima za svjedočanstvo.”
Azɔ Yesu de se nɛ be, “Mègagblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”
15 Glas se o njemu sve više širio i silan svijet grnuo k njemu da ga sluša i da ozdravi od svojih bolesti.
Nya sia kaka ɖe teƒe geɖewo xoxo, eye ame geɖewo ŋutɔ ƒo zi ɖe eŋu be yewoase eƒe mawunya, eye wòada gbe hã le yewo ŋu.
16 A on se sklanjao na samotna mjesta da moli.
Gake zi geɖe la, edia ɣeyiɣi aɖe dona le wo dome dzaa yia gbedzi afi aɖe ɖadoa gbe ɖa.
17 I jednog je dana on naučavao. A sjeđahu ondje farizeji i učitelji Zakona koji bijahu došli iz svih galilejskih i judejskih sela i Jeruzalema. A sila ga je Gospodnja nukala da liječi.
Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple sefialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem la me. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu.
18 I gle, ljudi doniješe na nosiljci čovjeka koji bijaše uzet. Tražili su da ga unesu i stave preda nj.
Kasia, ame aɖewoe nye esiwo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va doe. Wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoato ameha la dome akɔe yi Yesu gbɔe,
19 Budući da zbog mnoštva nisu našli kuda bi ga unijeli, popnu se na krov te ga između crepova s nosiljkom spuste u sredinu pred Isusa.
gake womete ŋui o le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta. Le esia ta wolia xɔa, eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔ la kple eƒe aba ɖe Yesu kɔme tututu.
20 Vidjevši njihovu vjeru reče on: “Čovječe, otpušteni su ti grijesi!”
Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na dɔnɔa be, “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”
21 Pismoznanci i farizeji počeše mudrovati: “Tko je ovaj što huli? Tko može grijehe otpuštati doli Bog jedini?”
Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo nɔ ameawo dome la bia wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevi tututu ame sia buna be yenye? Egblɔ busunya! Elabena ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake tsɔ wu Mawu?”
22 Proniknuvši njihovo mudrovanje, upita ih Isus: “Što mudrujete u sebi?
Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ, eya ta eɖo ŋu na wo be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea?
23 Što je lakše? Reći: 'Otpušteni su ti grijesi' ili reći: 'Ustani i hodi?'
Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso, nàzɔ azɔli mahã’?
24 Ali da znate: Vlastan je Sin Čovječji na zemlji otpuštati grijehe!” I reče uzetomu: “Tebi zapovijedam: ustani, uzmi nosiljku i idi kući!”
Ke ne mianyae bena ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒe me.”
25 I on odmah usta pred njima, uze na čemu ležaše i ode kući slaveći Boga.
Ame sia ame ke ŋku ɖi be yeakpɔ nu, kasia, ŋutsua tsi tsitre ɖe eƒe afɔ eveawo dzi, ŋlɔ eƒe aba, eye wòɖo ta aƒe me henɔ Mawu kafum bobobo.
26 A sve obuze zanos te su slavili Boga i puni straha govorili: “Danas vidjesmo nešto neviđeno!”
Ame siwo katã nɔ afi ma la ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ ɖo wo, wokafu Mawu nɔ gbɔgblɔm be, “Míekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe egbe.”
27 Nakon toga iziđe i ugleda carinika imenom Levija gdje sjedi u carinarnici. I reče mu: “Pođi za mnom!”
Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ dugadzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe amebaba ta. Dugadzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.”
28 On sve ostavi, usta i pođe za njim.
Ale Levi gblẽ nu sia nu ɖi, eye wòtso enumake hedze eyome.
29 I Levi mu u svojoj kući priredi veliku gozbu. A s njime bijaše za stolom veliko mnoštvo carinika i drugih.
Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu, eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe kplɔ̃ sia ŋu le eƒe aƒe me.
30 Farizeji i pismoznanci njihovi negodovahu i govorahu njegovim učenicima: “Zašto s carinicima i grešnicima jedete i pijete?”
Farisitɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ kpɔtsotso le Yesu ƒe nuwɔna sia ŋu, eye wohe nya kple eƒe nusrɔ̃lawo vevie be Yesu ɖua nu henoa nu kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo.
31 Isus im odgovori: “Ne treba zdravima liječnika, nego bolesnima.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe.
32 Nisam došao zvati pravedne, nego grešnike na obraćenje.”
Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ko, hena dzimetɔtrɔ.”
33 A oni mu rekoše: “Učenici Ivanovi, a tako i farizejski, počesto poste i obavljaju molitve, tvoji pak jedu i piju.”
Ameawo gayi edzi bia Yesu be nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo wɔnɛ ene o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe hã.
34 Reče im Isus: “Ne možete svatove prisiliti da poste dok je zaručnik s njima.
Ke Yesu bia wo be, “Ne wokpe amewo be woava do dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖelawo ŋu ɖe, ɖe amekpekpe siawo agbe nuɖuɖu le esime srɔ̃tɔ la ŋutɔ li kpli wo mahã?
35 Doći će već dani: kad im se ugrabi zaručnik, tada će postiti, u one dane!”
Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi woava kplɔ srɔ̃tɔ la adzoe le ameawo gbɔ, eye ne edzɔ alea la, woatsi nu dɔ le ɣeyiɣi ma me.”
36 A kazivao im je i prispodobu: “Nitko neće otparati krpe s novog odijela da je stavi na staro odijelo. Inače će i novo rasparati, a starom neće pristajati krpa s novoga.”
Azɔ Yesu do lo sia na wo be, “Ame aɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo si vuvu lae o. Ne wotsɔ avɔnuɖeɖi yeye ka avɔ xoxo si vuvu la, menya kpɔna o; gawu la, enana be avɔa ƒe teƒe si woka la gavuvuna ɖe edzi wu tsã.
37 “I nitko ne ulijeva novo vino u stare mješine. Inače će novo vino proderati mješine pa će se i ono proliti i mješine će propasti.
Nenema ke womekɔa aha yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o; ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo xoxo la awo, eye aha la katã akɔ ɖe anyigba.
38 Nego, novo vino neka se ulijeva u nove mješine!”
Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo.
39 “I nitko pijuć staro, ne zaželi novoga. Ta veli se: 'Valja staro!'”
Nenema kee ame aɖeke menoa aha tsitsi vɔ teti ko ganoa yeyetɔ tɔtɔnɛ o, elabena wogblɔna godoo be, ‘Mɔ xoxotɔwo nyo wu.’”

< Luka 5 >