< Jošua 16 >

1 Sinovima Josipovim pripao je ždrijebom posjed: od Jordana kod Jerihona, od Jerihonskih voda na istok, pa pustinjom k Betelskoj gori;
Yosef ƒe vi siawo, ame siwo nye Efraim kple Manase ƒe viwo la, ƒe anyigba dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le Yeriko, to gbegbe la va yi tonyigba la dzi le Betel,
2 od Betel-Luza međa se nastavljala područjem Arkijaca do Atarota.
to afi ma yi Luz kple Atarɔt
3 Potom se spuštala na zapad do jafletske međe, sve do Donjeg Bet-Horona i do Gezera, odakle je izlazila na more.
le Arkitɔwo ƒe anyigba dzi, ɖo ta ɣetoɖoƒe, yi Yafletitɔwo ƒe liƒo dzi, yi keke Bet Horon le gbadzaƒe, to Gezer heyi ɖatɔ Domeƒu la.
4 To je bila baština Josipovih sinova: Manašea i Efrajima.
Esiae nye anyigba si Yosef ƒe viwo, Manase kple Efraim woxɔ.
5 Područje sinova Efrajimovih po njihovim porodicama bilo je ovo: međa baštine njihove prema istoku išla je od Atrot Adara pa do Gornjega Bet-Horona.
Esiae nye Efraim ƒe viwo ƒe anyigba le woƒe ƒome nu. Efraim ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo tso Atarot Ada ɖo ta ɣedzeƒe heyi Bet Horon le toawo dzi,
6 Odatle se pružala do mora ... (išla na) Mikmetat na sjeveru i zavijala dalje na istok prema Taanat Šilu i prolazila s istočne strane do Janoaha.
eye wòtso afi ma yi Domeƒu la ŋu. Mixmetat nɔ eƒe anyiehe lɔƒo. Liƒo la bi ɖo ta ɣedzeƒe; edze le Taanat Silo ŋu le Yanoa ƒe ɣedzeƒe
7 Od Janoaha spuštala se u Atarot i Naarat i onda, dotičući se Jerihona, udarala na Jordan.
hetrɔ yi anyigbeme, yi Atarɔt kple Naara, ɖatɔ Yeriko, eye wòwu nu ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.
8 Od Tapuaha išla je ta međa prema zapadu do potoka Kane te izbijala na more. To je bila baština plemena sinova Efrajimovih po njihovim porodicama.
Eƒe ɣedzeƒeliƒo ƒe afã le dzigbeme gome tso Tapua, to Kana tɔʋu la ŋu yi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Efraimviwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.
9 A Efrajimovi su sinovi imali sve te gradove s njihovim selima i još odvojene gradove usred baštine sinova Manašeovih.
Wotsɔ du aɖewo tso Manase to la ƒe afã ƒe anyigba dzi hã na Efraim ƒe viwo.
10 Ali nisu uspjeli otjerati Kanaanaca koji su živjeli u Gezeru. Tako su Kanaanci ostali među sinovima Efrajimovim do danas, ali im bijaše nametnuta tlaka.
Womenya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la ɖa le anyigba la dzi o, ale wogale Efraim ƒe viwo dome abe kluviwo ene.

< Jošua 16 >