< Jeremija 49 >

1 O sinovima Amonovim. Ovako govori Jahve: “Izrael nema sinova, nema nasljednika? Zašto je Milkom baštinio Gad i narod se njegov nastanio u njegovim gradovima?
Nya sia ku ɖe Amonitɔwo ŋuti: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Viŋutsuwo mele Israel si oa? Domenyilawo mele esi oa? Ekema nu ka ta Molek xɔ Gad wòzu etɔ? Nu ka ŋuti eƒe amewo le duwo me?”
2 Zato, evo, dolaze dani - riječ je Jahvina - i učinit ću da se zaore ratni krikovi u Rabi sinova Amonovih, i ona će biti humak poharani, i naseobine njene ognjem popaljene. Tada će Izrael opljačkati svoje pljačkaše” - govori Jahve.
Ke Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mado aʋaɣli ɖe, Amonitɔwo ƒe du, Raba, ŋu. Woagbãe wòazu anyiglago eye kɔƒe siwo ƒo xlãe la, woatɔ dzo wo. Ekema Israel anya ame siwo nyae de gbe la de gbe,” Yehowae gblɔe.
3 “Plači, Hešbone, jer Ar je opustošen, zapomažite kćeri rapske. Opašite kostrijet, tužbalice povedite, obilazite s urezima. Jer Milkom mora u izgnanstvo sa svećenicima i knezovima.
“O Hesbon, fa avi kple ɣli, elabena wogbã Ai! Mido ɣli, O mi Raba me nɔlawo! Mita akpanya ne miafa konyi; miƒu du tso afii yi afi mɛ le glikpɔtɔtɔ la me, elabena Molek ayi aboyo me, kpe ɖe nunɔlawo kple dumegãwo ŋuti.
4 Što se dičiš dolinom svojom, kćeri odmetnice, koja se uzdaš u bogatstvo svoje i govoriš: 'Tko se usuđuje ustati protiv mene?'
Nu ka ŋuti mietsɔ miaƒe balimewo le adegbe ƒom, adegbe ƒom be kutsetse geɖe do go tso wo me? O vinyɔnu ahasitɔ, èda wò susu ɖe wò kesinɔnuwo dzi eye nègblɔ be, ‘Ame kae adze dzinye?’
5 Evo, svaljujem na te stravu odasvud uokolo: bit ćete raspršeni, svak' na svoju stranu, i nitko bjegunce neće skupiti.
Mahe ŋɔdzi va dziwò tso ame siwo ƒo xlã wò la gbɔ.” Aƒetɔ lae gblɔe. “Woanya mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa eye ame aɖeke maƒo aʋasilawo nu ƒu o.
6 Ali uto ću opet promijeniti udes sinova Amonovih” - riječ je Jahvina.
“Gake emegbe la, magaɖo Amonitɔwo ƒe nunyonamewo te.” Yehowae gblɔe.
7 O Edomu. Ovako govori Jahve nad Vojskama: “Zar nema više mudrosti u Temanu, zar u razumnih nesta svj§eta, zar se izvjetrila mudrost njihova?
Ku ɖe Edom ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nunya megale Teman oa? Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia? Ɖe woƒe nunya lé ɣebia?
8 Bježite, gubite se i duboko se sakrijte, stanovnici Dedana, jer Ezavu propast nosim, vrijeme kazne njegove.
Mi ame siwo le Dedan, mitrɔ, misi, miyi ɖaɣla ɖe agado goglowo me, elabena mahe gbegblẽ va Esau dzi, ne ɣeyiɣi de be mahe to nɛ.
9 Dođu li trgači k tebi, ni pabirka neće ostaviti; dođu li kradljivci noćni, opljačkat će sve što žele.
Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la, ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa? Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la, ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa?
10 Jer ja sam onaj što će Ezava pretražiti i skrovišta mu otkriti da se ne mogne sakriti. Pleme je njegovo opustošeno: nema ga više! Nitko ne kaže:
Gake nye la, maɖe amama Esau, mana eƒe ŋukpeƒe nadze ale be mate ŋu aɣla eɖokui o. Viawo, eƒe ƒometɔwo kple eƒe aƒelikawo atsrɔ̃ eye womaganɔ anyi o.
11 'Ostavi siročad svoju, ja ću je prehraniti i neka se udovice tvoje u me pouzdaju!'”
Migblẽ miaƒe tsyɔ̃eviwo ɖi, maʋli woƒe agbe ta. Miaƒe ahosiwo hã neda woƒe susu ɖe dzinye.”
12 Jer ovako govori Jahve: “Gle, oni koji odista ne bi morali piti čašu moraju je iskapiti, i zar upravo ti da ostaneš nekažnjen? Ne, ti nećeš ostati nekažnjen, morat ćeš čašu ispiti!
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nenye be ame siwo medze be woano kplu la o la noe la, ekema nu ka wɔ woaɖe asi le miawo ya ŋu tomahemahee? Eya ta miayi tomahemahee o, ke boŋ miano kplu la godoo.”
13 Jer samim se sobom zakleh - riječ je Jahvina: Bosra će postati ruglo i sramota, pustinja i prokletstvo; a svi njezini gradovi bit će vječne razvaline.”
Yehowa be, “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, Bozra azu aƒedo, ŋɔdzinu, ŋunyɔnu kple ɖiŋudonu eye eƒe duwo katã azu aƒedo tegbetegbee.”
14 Jahve mi vijest uputi, glasnik bi poslan k narodima: “Skupite se! Krenite na nj, krenite! Ustajte! U boj!
Mexɔ gbedeasi sia tso Yehowa gbɔ: Wodɔ dɔla aɖe ɖe dukɔwo gbɔ be wòagblɔ be, “Miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miadze edzi! Mitso, midze aʋa!”
15 Jer, gle, učinit ću te malim među narodima, prezrenim među ljudima.
“Azɔ mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie.
16 Strah te tvoj zaveo, uznositost srca tvoga, ti koji živiš u pećinama kamenim i držiš se visova planinskih te viješ gnijezdo na timoru, k'o orlovi, odande ću te strovaliti” - riječ je Jahvina.
Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò, wò si le agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la, mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,” Yehowae gblɔe.
17 “Edom će postati pustoš; tko god njime prođe, zaprepastit će se i zviždati zbog svih rana njegovih.
“Edom azu ŋɔdzinu, ame siwo katã ato eŋu ava yi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le abi siwo wòxɔ la ta.
18 Razorit će ga kao Sodomu i Gomoru i susjede njihove” - govori Jahve. Čovjek ondje neće stanovati, sin čovječji neće u njem boraviti.
Anɔ abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la ene ale be ame aɖeke manɔ afi ma o, ŋutsu aɖeke manɔ eme o.” Yehowae gblɔe.
19 “Gle, kao lav on izlazi iz guštare jordanske na pašnjake vječno zelene. Ali ću ga učas otjerati i smjestiti ondje svog izabranika. Jer tko je meni ravan? I tko će mene na račun pozvati? I koji će mi pastir odoljeti?”
“Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka, abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me gena ɖe gbe damawo dzi ene. Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia? Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?”
20 Zato čujte što je Jahve naumio učiniti Edomu, čujte što je nakanio protiv stanovnika Temana: i najsitniju jagnjad on će odvući, i sam njihov pašnjak zgrozit će se nad njima.
Eya ta ɖo to nàse nu si Yehowa ɖo ɖe Edom ŋuti, kple nu si wòɖo kplikpaa ɖe Temantɔwo ŋu: Woahe alẽviwo adzoe le alẽha me, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.
21 Od lomljave pada njina zemlja će se potresti, razlijegat će se vapaj do Crvenog mora!
Woƒe anyidzedze ƒe gbeɖiɖi ana anyigba naʋuʋu; eye woase woƒe aviɣli le Ƒu Dzĩ nu ke.
22 Gle, poput orla on se diže i lebdi, nad Bosrom širi krila. U dan onaj srce će junaka edomskih biti kao srce žene u trudovima.
Kpɔ ɖa! Hɔ̃ aɖe ayi yame ʋĩi, eye wòade agba anyi ɖe Bozra dzi. Gbe ma gbe la, Edom ƒe kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
23 O Damasku. Smeteni su Hamat i Arpad jer zlu vijest čuše. Srce im se steže od užasa i smirit se ne može.
Tso Damasko ŋuti: “Hamat kple Arpad ƒe mo tsi dãa, elabena wose nya vɔ̃. Dzi ɖe le wo ƒo, wotɔtɔ eye wotsi dzimaɖi abe atsiaƒu ene.
24 Obeshrabren je Damask, u bijeg udario, strah ga spopao, tjeskoba i bolovi obuzeli ga kao porodilju.
Damasko zu nu beli, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòtrɔ helé du tsɔ, elabena vɔvɔ̃ ɖoe eye ŋeŋe kple vevesese xɔe abe nyɔnu kuléla ƒe vevesese ene.
25 Kako? Napušten je slavni grad, grad radosti moje!
Nu ka ta womegblẽ du xɔŋkɔ si ŋu mekpɔa dzidzɔ le la ɖi o?
26 Zato će mladići njegovi popadati po trgovima, svi će ratnici poginuti u onaj dan - riječ je Jahve nad Vojskama.
Via ŋutsuwo aku, atsi mɔtatawo dzi le nyateƒe me, eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo katã nu gbe ma gbe.
27 “Potpalit ću vatrom zidine Damaska: plamen će proždrijeti dvor Ben-Hadadov.”
Matɔ dzo Damasko ƒe gliwo eye wòafia Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.” Yehowae gblɔe.
28 O Kedaru i kraljevstvima hasorskim koje je potukao Nabukodonozor, kralj babilonski. Ovako govori Jahve: “Ustajte, na Kedar navalite, uništite sinove Istoka!
Nya sia ku ɖe Kedar kple Hazor fiaɖuƒe siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar va dze la ŋu: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Tso, nàdze Kedar dzi eye nàtsrɔ̃ ɣedzeƒetɔwo.
29 Nek' im se oduzmu šatori i stada, šatorska krila i sva im oprema! Neka im se deve odvedu, i nek' viču na njih: 'Strava odasvud!'
Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple woƒe lãhawo eye woaxɔ woƒe gbɔɖemeƒewo kple woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kposɔwo. Amewo ado ɣli ɖe wo ŋu be, ‘Ŋɔdzi ƒo xlã mi!’
30 Bježite glavom bez obzira, duboko se skrijte, žitelji Hasora - riječ je Jahvina. Jer Nabukodonozor, kralj babilonski, snuje naum protiv vas, navalu smišlja:
“Misi dzo kaba! Mi ame siwo le Hazor, mibe ɖe agado goglowo me.” Yehowae gblɔe. “Babilonia fia Nebukadnezar ɖo nugbe ɖe ŋuwò, ewɔ ɖoɖo be wòagblẽ wò.
31 'Ustajte, udarite na mirni narod što živi bez straha - riječ je Jahvina - što nema vrata ni zasuna, što u osami prebiva!
“Tso nàdze dukɔ si li bɔkɔɔ kple dukɔ si si dzideƒo le la dzi. Dukɔ si nu agbo alo akɔbli ƒe mɔnuxenu mele o eye eƒe amewo le dziɖeɖi me.” Yehowae gblɔe.
32 Deve njihove bit će plijen, mnoštvo ovaca otimačina!' I raspršit ću ih na sve strane, one ljude obrijanih zalizaka, i dovest ću odasvud na njih nesreću - riječ je Jahvina.
“Woƒe kposɔwo azu nuhaha eye woƒe lãha gbogboawo azu afunyinu. Makaka ame siwo le didiƒewo, be ya nalɔ wo ɖe nu eye mahe gbegblẽ va wo dzi le go sia go me.” Yehowae gblɔe.
33 Hasor će postati brlog čagaljski i pustinja vječna. Čovjek ondje neće prebivati, neće se ondje nastaniti sin čovječji.”
“Hazor azu nɔƒe na amegaxiwo eye wòazu aƒedo tegbetegbe. Ame aɖeke manɔ afi ma o; aƒe aɖeke manɔ eme o.”
34 Riječ koju Jahve uputi proroku Jeremiji o Elamu, u početku kraljevanja Sidkije, kralja judejskoga.
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia ku ɖe Elam ŋuti, nya sia va nɛ le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedze ƒe ɣeyiɣiwo me:
35 Ovako govori Jahve nad Vojskama: “Lomim, evo, luk Elamov, srž snage njegove.
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maŋe Elam ƒe da, si nye eƒe ŋusẽkpɔtsoƒe.
36 Četiri ću vjetra dognati na Elam sa četiri kraja neba i raspršit Elamce u sva četiri vjetra, i neće biti naroda kamo neće stići bjegunci elamski.
Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe dzogoe eneawo dzi aƒu Elam. Makaka wo ɖe ya eneawo dzi eye dukɔ aɖeke manɔ anyi si ke me womakpɔ Elam ƒe aboyomewo le o.
37 Utjerat ću Elamcima strah u kosti pred njihovim dušmanima. Pustit ću na njih nesreću, oganj gnjeva svojega. Poslat ću mač za njima dok ne budu sasvim uništeni.
Magbã Elam le eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim la ƒe ŋkume, eye mahe gbegblẽ kple nye dziku helĩhelĩ gɔ̃ hã va wo dzi,” Yehowae gblɔe. “Mati wo yome kple yi va se ɖe esime matsrɔ̃ wo katã.
38 I postavit ću u Elamu prijesto svoj i zatrt ću ondje kralja i sve knezove” - riječ je Jahvina.
Maɖo nye zikpui anyi ɖe Elam eye matsrɔ̃ eƒe fia kple dumegãwo.” Yehowae gblɔe.
39 Ali ću okrenut' udes Elama” - riječ je Jahvina.
“Ke hã la, magaɖo Elam ƒe nunyonamewo te le ŋkeke siwo gbɔna me.” Yehowae gblɔe.

< Jeremija 49 >