< Jeremija 26 >
1 U početku kraljevanja Jojakima, sina Jošijina, kralja Judina, dođe mi riječ Jahvina.
Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, nya sia va nam tso Yehowa gbɔ.
2 Ovako govori Jahve: “Stani u predvorju Doma Jahvina i svim gradovima judejskim koji dolaze da se poklone u Domu Jahvinu naviještaj sve riječi koje sam ti zapovjedio da im kažeš. I ne izostavi ni jedne jedine.
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eye nàƒo nu na Yudatɔ siwo katã tso du vovovowo me va subɔsubɔ wɔ ge le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Gblɔ nu siwo katã mede se na wò be nàgblɔ na wo, nya ɖeka pɛ hã megato le eme o.
3 Možda će poslušati i vratiti se svaki sa zla puta svoga, pa ću se pokajati za zlo koje naumih učiniti zbog zlodjela njihovih.
Ɖewohĩ woaɖo to eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi. Ekema maɖe asi, eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ ta la ava wo dzi o.’
4 Reci im: 'Ovako govori Jahve: Ako me ne poslušate da hodite po Zakonu što ga stavih pred vas,
Gblɔ na wo be: ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ne mieɖo tom hewɔ ɖe nye se siwo mede na mi la dzi o,
5 slušajući riječi slugu mojih proroka koje vam neumorno šaljem, premda ih do sada niste slušali,
eye ne mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖila siwo meɖo ɖe mi enuenu (ame siwo miedo tokui va yi la ƒe nyawo o la),
6 postupit ću s ovim Domom kao sa Šilom i učinit ću da ovaj grad bude prokletstvo za sve narode na zemlji.'”
ekema mawɔ gbedoxɔ sia abe Silo ene eye du sia azu fiƒodenu le anyigbadzidukɔwo katã dome.’”
7 I svećenici i proroci i sav narod slušahu Jeremiju kako naviješta te riječi u Domu Jahvinu.
Nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le afi ma se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
8 A kad Jeremija izreče sve ono što mu je Gospod zapovjedio da naviješta svemu narodu, zgrabiše ga svećenici i proroci govoreći: “Platit ćeš glavom!
Kaka Yeremia nawu nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ nu la, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo le afi ma la dze Yeremia dzi kpli, helée eye wogblɔ nɛ be, “Èdze na ku!
9 Zašto si u ime Jahvino prorokovao: 'Postupit ću s ovim Domom kao sa Šilom i ovaj će grad biti opustošen te nitko više u njemu neće stanovati?'” I sav se narod skupi na Jeremiju u Domu Jahvinu.
Nu ka ta nègblɔ nya ɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me be gbedoxɔ sia azu abe Silo ene eye du sia azu aƒedo si me ame aɖeke maganɔ o?” Ale zi ƒo ɖe Yeremia ŋuti le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.
10 Čuvši to, starješine judejske dođoše iz kraljevskog dvora u Dom Jahvin i sjedoše pred Nova vrata Doma Jahvina.
Esi Yuda ƒe dumegãwo se nu siawo la, wotso le fiasã la me heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ eye woyi ɖatɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe Agbo Yeye la nu.
11 Tada svećenici i proroci rekoše starješinama i svemu narodu: “Ovaj je čovjek zaslužio smrt jer je prorokovao protiv ovoga grada, kao što ste čuli na svoje uši.”
Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Ele be woatso kufia na ŋutsu sia, elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋuti. Miawo ŋutɔ miesee kple miaƒe towo!”
12 Tada Jeremija reče starješinama i svemu narodu: “Jahve me posla da prorokujem protiv ovoga Doma i ovoga grada sve ono što ste čuli.
Tete Yeremia gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Yehowae dɔm be magblɔ nya siwo miese la ɖi ɖe gbedoxɔ sia kple du sia ŋuti.
13 Popravite, dakle, putove svoje i djela svoja i slušajte glas Jahve, Boga svoga: i pokajat će se za zlo kojim vam se zaprijetio.
Ke azɔ la, miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la. Ekema Yehowa atrɔ eƒe susu eye mahe vɔ̃ si wògblɔ ɖi ɖe mia ŋuti la va mia dzii o.
14 Ja sam, evo, u vašim rukama. Učinite sa mnom što vam se čini dobro i pravo.
Ke nye ya la, mele miaƒe asi me xoxo. Miwɔ nu si miesusu be enyo eye wòle eteƒe la kplim faa.
15 Ali dobro znajte: ako me pogubite, krv nedužnu navalit ćete na sebe, na ovaj grad i na njegove stanovnike. Jer, zaista, Jahve me posla k vama da u vaše uši govorim sve ove riječi.”
Gake meka ɖe edzi na mi be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ va miawo ŋutɔ, du sia kple emenɔlawo dzi; elabena le nyateƒe me la, Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.”
16 Tada rekoše starješine i sav narod svećenicima i prorocima: “Ovaj čovjek nipošto ne zaslužuje smrt, jer nam je govorio u ime Jahve, Boga našega.”
Tete dumegãwo kple ameha la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo be, “Mele be woatso kufia na ŋutsu sia o, elabena egblɔ nya na mi le Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.”
17 Nato ustadoše i neki od najuglednijih u zemlji te rekoše svemu mnoštvu naroda što se ondje okupilo:
Dumegãwo dometɔ aɖewo do ɖe ŋgɔgbe hegblɔ na ameha la be,
18 “Mihej Morešećanin prorokovaše u dane Ezekije, kralja judejskog, i govoraše svemu narodu judejskom: 'Ovako govori Jahve nad Vojskama: Sion će biti polje preorano, Jeruzalem ruševina, a Goru Doma ovog šuma će prekriti.'
“Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gbagbã eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’
19 Je li ga zato pogubio Ezekija, kralj judejski, i sva Judeja? Nisu li se pobojali Jahve i nastojali da Jahvu umilostive, te se Jahve pokaja za zlo kojim im se bijaše zaprijetio? A mi, zar da na duše svoje navalimo tako velik zločin?”
“Ɖe Hezekia, Yuda fia, alo ame aɖe le Yuda wuia? Ɖe Hezekia mevɔ̃ Yehowa hetrɔ ɖe eŋu eye wòdi amenuveve le egbɔ oa? Eye ɖe Yehowa metrɔ eƒe susu ale be megaxa he gbegblẽ si wòɖe gbeƒãe la va wo dzii oa? Míawo ya la míele gbegblẽ dziŋɔ aɖe he ge va mía ɖokuiwo dzii!”
20 Bijaše ondje još neki koji prorokovaše u ime Jahvino, Urija, sin Šemajin, rodom iz Kirjat Jearima. I on prorokovaše protiv ovoga grada i zemlje ove kao i Jeremija.
(Azɔ ame bubu si gagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ mee nye Uria, Semaya ƒe vi si tso Kiriat Yearim. Eya hã gblɔ nya siwo ke Yeremia gblɔ ɖe du sia kple anyigba sia ŋuti.
21 A kad je kralj Jojakim sa svim ratnicima i zapovjednicima čuo te riječi, tražio je da ga smakne. Čuvši to, Urija se prestraši i pobježe u Egipat.
Esi Fia Yehoyakim kple eŋumewo kple eƒe dumegãwo se eƒe nyawo la, fia la di vevie be yeawui, Ke Uria see eye wòsi kple vɔvɔ̃ yi Egipte.
22 Ali kralj Jojakim posla u Egipat Elnatana, sina Akborova, s nekoliko ljudi;
Ke Fia Yehoyakim dɔ Elnatan, Akbor ƒe vi kple ŋutsu bubu geɖewo ɖe eyome.
23 dovedoše oni Uriju iz Egipta i odvedoše ga kralju Jojakimu, koji ga mačem pogubi, a truplo njegovo baci na groblje prostoga puka.
Woyi ɖakplɔ Uria tso Egipte vɛ na Fia Yehoyakim, ame si na wowui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe ame gbɔlowo ɖiƒe.)
24 Ali Ahikam, sin Šafanov, zaštiti Jeremiju te ga ne predaše u ruke narodu da ga pogube.
Gawu la, Safan ƒe vi, Ahikam de megbe na Yeremia ale wometsɔe de asi na ameawo be woawu o.