< Jakovljeva 3 >
1 Neka vas, braćo moja, ne bude mnogo učitelja! Ta znate: bit ćemo strože suđeni.
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia dometɔ geɖewo megabu wo ɖokuiwo nufialawoe o, elabena mienyae be mí ame siwo nye nufialawo la, woadrɔ̃ ʋɔnu mí vevie wu ame bubuwo.
2 Doista, svi mnogo griješimo. Ako tko u govoru ne griješi, savršen je čovjek, vrstan zauzdati i cijelo tijelo.
Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame si de blibo, ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la.
3 Ubacimo li uzde u usta konjima da ih sebi upokorimo, upravljamo i cijelim tijelom njihovim.
Numega sue si míedea sɔwo ƒe nu me la, eyae nana be woɖoa to mí, eye míetea ŋu trɔa lã blibo la ɖe afi sia afi.
4 Evo i lađa: tolike su i silni ih vjetrovi gone, a neznatno ih kormilo upravlja kamo kormilarova volja hoće.
Mítsɔ tɔdziʋu gãwo abe kpɔɖeŋu ene. Togbɔ be wololo gãa, eye ya sesẽwo hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe si le ʋua gɔme lae kuɖɔɖola la zãna, tsɔna trɔa tɔdziʋu gã la ƒe mo ɖe afi sia afi si wòdi be tɔdziʋu gã la nayi la.
5 Tako i jezik: malen je ud, a velikim se može ponositi. Evo: kolicna vatra koliku šumu zapali!
Nenema ke, ame ƒe aɖe nye ŋutinu sue aɖe ko, gake etea ŋu ƒoa adegbe gã. Mikpɔ ale si dzoxi sue aɖe tea ŋu tɔa dzo ave gãwoe la ɖa.
6 I jezik je vatra, svijet nepravda jezik je među našim udovima, kalja cijelo tijelo te, zapaljen od pakla, zapaljuje kotač života. (Geenna )
Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo ame ƒe agbenɔnɔ blibo la, eye mlɔeba la, wòtɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzomavɔʋe me. (Geenna )
7 Doista, sav rod zvijeri i ptica, gmazova i morskih životinja dade se ukrotiti, i rod ih je ljudski ukrotio,
Amegbetɔ ate ŋu amla lã ɖe sia ɖe ƒomevi, xeviwo, nutatawo kple tɔmelãwo siaa,
8 a jezik - zlo nemirno, pun otrova smrtonosnog - nitko od ljudi ne može ukrotiti.
gake ame aɖeke mate ŋu amla ame ƒe aɖe o. Enye aɖi vɔ̃ɖi si dzi womate ŋu aɖu o.
9 Njime blagoslivljamo Gospodina i Oca, njime i proklinjemo ljude na sliku Božju stvorene:
Míetsɔa míaƒe aɖe kafua míaƒe Aƒetɔ kple Fofo la, eye míegatsɔa aɖe ma ke ƒoa fi dea amegbetɔ si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me.
10 iz istih usta izlazi blagoslov i prokletstvo. Ne smije se, braćo moja, tako događati!
Kafukafu kple fiƒode dona tso ame ƒe nu ɖeka ma ke me. Ke nɔvinyewo, le nyateƒe me la, mele be wòanɔ alea o.
11 Zar vrelo na isti otvor šiklja slatko i gorko?
Ɖe vudo ɖeka ate ŋu adzi tsi vivi kple dzetsia?
12 Može li, braćo moja, smokva roditi maslinama ili trs smokvama? Ni slan izvor ne može dati slatke vode.
Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amikutsetsewo alo wainka ate ŋu atse gbowoa? Gbeɖe, dzetsivudo hã mate ŋu adzi tsi vivi o.
13 Je li tko mudar i razborit među vama? Neka dobrim življenjem pokaže svoja djela u mudroj blagosti.
Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Neɖee fia to agbe nyui nɔnɔ kple dɔ siwo wòwɔ le ɖokuibɔbɔ si tsoa nunya me la me.
14 Ako u srcu imate gorku zavist i svadljivost, ne uznosite se i ne lažite protiv istine!
Ke ne míaƒe dzi yɔ fũu kple ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple ɖokuitɔdidi la, esia meganye adegbe míanɔ ƒoƒom alo agbe nyateƒe la o.
15 Nije to mudrost koja odozgor silazi, nego zemaljska, ljudska, đavolska.
“Nunya” sia tɔgbi metso dziƒo o, ke boŋ etso anyigba dzi afi sia, eye wònye nu si tso Abosam gbɔ, eye eŋuti mekɔ o,
16 Ta gdje je zavist i svadljivost, ondje je nered i svako zlo djelo.
elabena afi si ŋuʋaʋã kple ɖokuitɔdidi vivivo le la, afi ma masɔmasɔ kple nu vlo ɖe sia ɖe wɔwɔ nɔna.
17 A mudrost odozgor ponajprije čista je, zatim mirotvorna, milostiva, poučljiva, puna milosrđa i dobrih plodova, postojana, nehinjena.
Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe.
18 Plod se pak pravednosti u miru sije onima koji tvore mir.
Ŋutifafame siwo ƒãa ŋutifafa la, xaa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse.