< Izaija 4 >
1 I sedam će se žena jagmiti za jednoga čovjeka - u dan onaj: “Svoj ćemo kruh jesti,” reći će, “i u halje se svoje oblačiti, daj nam samo da tvoje nosimo ime, skini sa nas svu sramotu našu.”
Gbe ma gbe la, nyɔnu adre aku ɖe ŋutsu ɖeka ŋu ahagblɔ be, “Míaɖu míawo ŋutɔ ƒe nu, eye míatso avɔ na mía ɖokuiwo. Na woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu ko, nàɖe míaƒe ŋukpe ɖa.”
2 U onaj će dan izdanak Jahvin biti na diku i na slavu, a plod zemlje na ponos i ures spašenima u Izraelu.
Gbe ma gbe la, Yehowa ƒe Atilɔ anya kpɔ, eye ŋutikɔkɔe anɔ eŋu. Anyigba ƒe kutsetse anye dada kple ŋutikɔkɔe na ame siwo susɔ ɖe Israel.
3 Koji ostanu na Sionu i prežive u Jeruzalemu, zvat će se “sveti” i bit će upisani da u Jeruzalemu žive.
Ame siwo susɔ ɖe Zion, ame siwo tsi Yerusalem la, woayɔ wo be kɔkɔe, ame siwo katã ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem.
4 Kad Gospod spere ljagu kćeri sionskih i obriše s Jeruzalema krv prolivenu dahom suda i dahom što spaljuje,
Aƒetɔ la aklɔ ɖiƒoƒo ɖa le Zion nyɔnuwo ŋu. Aklɔ ʋu si kɔ ɖe Yerusalem la ɖa kple nuteƒewɔwɔ ƒe gbɔgbɔ kple dzo ƒe gbɔgbɔ.
5 sazdat će Jahve nad svom Gorom sionskom i nad svima što ondje budu zborovali oblak s dimom danju, a noću sjaj ognja žarkoga. Jer, vrh svega Slava će biti zaklon
Ekema Yehowa ana lilikpo nado ɖe Zion to blibo la kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma kple dzudzɔ la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, anye dzo bibi, eye ŋutikɔkɔe anye agbadɔ.
6 i sjenica da zasjenjuje danju od pripeke, štit i utočište od pljuska i oluje.
Woanye vɔvɔli na anyigba le ŋkeke me kple bebeƒe le tsidzadza kple ahomwo me.