< Izaija 27 >

1 U onaj dan kaznit će Jahve mačem ljutim, velikim i jakim Levijatana, zmiju hitru, Levijatana, zmiju vijugavu, i ubit će zmaja morskoga.
Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa atsɔ eƒe yi dziŋɔ, gã, sẽŋu la ahe to na Leviatan, da si nɔa eɖokui xatsam la; awu ʋɔ driba si le atsiaƒu me la hã.
2 U onaj dan pjevajte mu, vinogradu vinorodnom:
Le ŋkeke ma dzi la, “Miadzi ha tso waingble si tse fũu la ŋu.
3 Ja, Jahve, njega čuvam, svaki čas ga zalijevam, i da ga tko ne ošteti, danju i noću stražim.
Nye Yehowae kpɔa edzi. Medea tsii ɣe sia ɣi. Medzɔa eŋu zã kple keli be ame aɖeke magagblẽe o.
4 Nema gnjeva u meni! Nek' se trnje i drač samo pojavi, protiv njega ustat ću u boj, svega ću ga sažgati!
Nyemedo dziku o. Ɖe wònye ŋu kple aŋɔkawoe mie nam la, anye ne meho aʋa ɖe wo ŋuti, atɔ dzo wo katã.
5 Ili u moje nek' dođe okrilje, neka sklopi mir sa mnom, mir neka sklopi sa mnom!
Ema manɔmee la, woneva di sitsoƒe le gbɔnye; woneva míawɔ ŋutifafa, ɛ̃, woneva wɔ ŋutifafa kplim.”
6 Dolaze dani kad će se ukorijeniti Jakov, razgranit' se i procvasti Izrael, i sav svijet plodovima napuniti.
Ŋkekewo li gbɔna esi Yakob ato ke; Israel aƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexea me katã.
7 Je li ga udario kako udari one koji njega udarahu? Je li ga ubio kako ubi one koji njega ubiše?
Ɖe Yehowa ƒoe ƒu anyi abe ale si Yehowa ƒo ame siwo ƒoe ƒu anyi la enea? Ɖe wòwui abe ale si wowu ame siwo wui la enea?
8 Za kaznu ga potjera, izagna, odnese ga silnim dahom svojim u dan istočnjaka.
To aʋawɔwɔ kple aboyomeyiyi me, ètu nu kplii, etsɔ eƒe gbeɖeɖe dziŋɔ la nyae do goe abe gbe si gbe ɣedzeƒeya ƒo la ene.
9 Tako će se okajati bezakonje Jakovljevo; a ovo je sve plod oproštenja grijeha njegova. Neka se smrve svi kamenovi žrtvenika kao što se u prah drobi krečno kamenje! Nek' se više ne dižu ašere i sunčani stupovi!
To esia me ko woalé avu Yakob ƒe vodadawo, eye esia anye kutsetse si ado tso eƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me. Eyae nye be wòagbã vɔsamlekpuiwo; woatu wɔ abe ɣe ene eye aƒeliwo ƒe dzudzɔʋeʋĩdoƒewo maganɔ anyi o.
10 Jer opustje tvrdi grad, naselje je poharano, napušteno kao pustinja. Telad ondje pase - leži ondje, grmlje brsti.
Du si woglã la zu aƒedo, amenɔƒe si amewo megale o. Wogblẽe ɖi wòzu gbegbe, afi si nyiviwo ɖua gbe le; afi mae wotsyɔa akɔ ɖo, eye woɖua wainti ƒe alɔwo
11 Kad mu se osuše grane, lome ih, dolaze žene i oganj pale. Jer to je narod nerazuman, zato ga neće žaliti Stvoritelj, Tvorac mu se neće smilovati.
Wainka la kuna, ŋena dzea anyi, eye nyɔnuwo fɔnɛ doa dzoe, elabena wonye ame masenugɔmewo. Eya ta woƒe Wɔla metrɔ dɔ me ɖe wo ŋu o, eye woƒe Wɔla meve wo nu o.
12 Jahve će u dan onaj klasje vrijeći od Eufrata do Potoka egipatskog, i bit ćete pobrani jedan po jedan, djeco Izraelova.
Le ŋkeke ma dzi la, O! Mi Israelviwo, Yehowa aƒo mi abe lu ene tso Frat tɔsisi la to va se ɖe Egipte tɔʋuwo to, eye wòagayɔ mi aƒo ƒui ɖeka ɖeka.
13 U onaj dan zatrubit će velika trublja, i doći će izgubljeni u zemlji asirskoj, i koji bijahu izgnani u zemlju egipatsku, i poklonit će se Jahvi na Svetoj gori, u Jeruzalemu.
Le ŋkeke ma dzi la, kpẽ sesẽ aɖi. Ame siwo le tsɔtsrɔ̃m le Asiria kple ame siwo si yi Egipte la, woatrɔ agbɔ ava subɔ Yehowa le to kɔkɔe si le Yerusalem la dzi.

< Izaija 27 >