< Izaija 21 >

1 Proroštvo primorskoj pustinji. Kao što vihori, hujeći nad Negebom, dolaze iz pustinje, kraja strahotna
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe gbegbe si le ƒuta la ŋu. Amedzidzela aɖe ava dze mia dzi tso gbegbe, anyigba dziŋɔ aɖe dzi abe ale si ahom tuna toa anyigbemenyigba dzi ene.
2 - otkri mi se u strašnom viđenju - tako pljačkaš pljačka, pustošnik pustoši. “Navali, Elame, opsjedni, Medijo! Dokrajčit ću sve jauke.”
Woɖe ŋutega dziŋɔ aɖe fiam; ametatrɔla trɔ ame ta, nuhala kpɔ nuhaha. Elam dze edzi! Media ƒu kpo ɖe eŋu! Mana hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nawu nu.
3 Zato bedra moja probadaju grčevi; bolovi me spopadaju k'o trudovi porodilju; od smućenosti ogluših, od straha obnevidjeh.
Eya ta vevesese na nye ameti blibo la meʋuʋu. Vevesese ƒo ɖem abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Nu siwo mese la na memu sɔgɔsɔgɔ, eye dzidzi ƒom le nu siwo mekpɔ la ta.
4 Srce mi dršće, groza me obuze, sumrak za kojim čeznuh postade mi užas.
Nye dzi tso, vɔvɔ̃ na medzo nyanyanya. Ale fiẽ fafɛ si mele mɔ kpɔm na la zu ŋɔdzi gã aɖe nam.
5 Postavljaju stol, prostiru stolnjak, jede se i pije ... Ustajte, knezovi, mažite štit!
Woɖo kplɔ̃wo. Nuwo katã sɔgbe, woɖu nu, wono nu! Kasia ɣli ɖi be, mitso, mi amegãwo ne miasi ami na miaƒe akpoxɔnuwo.
6 Jer Gospod mi ovako reče: “Idi, postavi stražara! Što vidi, nek' javi.
Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Yi nàɖo gbetakpɔla, eye na wòaɖe gbeƒã nu siwo katã wòkpɔ.
7 Vidi li konjanike, jahače udvojene, jahače na magarcima, jahače na devama, neka dobro pazi s pažnjom napetom!”
Ne ekpɔ tasiaɖamwo kple sɔdolawo ƒe hã, tedzidolawo kple kposɔdolawo la, ekema neɖo to, wòagaɖo to nyuie.”
8 A stražar viknu: “Povazdan, Gospodaru, stojim na stražarnici, čitavu noć na straži prostojim.”
Gbetakpɔla ɖe gbe abe dzata ene be, “Nye Aƒetɔ, metsi tsitre ɖe nye dzɔƒe la gbe sia gbe kple zãwo katã me.
9 I gle, dolaze konjanici, jahači udvojeni. Oni mi viknuše, oni rekoše: “Pade, pade Babilon! Svi kipovi njegovih bogova o zemlju se razbiše.”
Kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe le tasiaɖam me kple sɔdolawo ƒe ha gbɔna, eye wòna ŋuɖoɖo siam be, ‘Babilonia mu, gamu. Wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.’”
10 Omlaćeno žito, čedo gumna moga, što čuh od Jahve nad Vojskama, Boga Izraelova, objavih vam!
O! Nye dukɔ si wogbã gudugudu le lugbɔƒe abe lu ene, megblɔ nu siwo katã Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la de asi nam be magblɔ la na mi.
11 Proroštvo o Edomu. Viču mi iz Seira: “Stražaru, koje je doba noći? Stražaru, koje je doba noći?”
Esiae nye Mawu ƒe nyagblɔɖi ɖe Duma ŋu. Ame aɖe yɔm tso Seir be, “Gbetakplɔla, zã gbɔ tsɔa? Gbetakpɔla zã gbɔ tsɔa?”
12 Stražar odgovori: “Dolazi jutro, a zatim opet noć. Hoćete li pitati, pitajte, vratite se, dođite!”
Gbetakpɔla ɖo eŋu be, “Esusɔ vie ŋu nake, gake zã agado ake. Nya si nèdi be yeabia la, biae, gake gatrɔ gbɔ.”
13 Proroštvo o Arapima. U šikarama pustinjskim počivate, dedanske karavane.
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Arabia ŋu. Mi asiha siwo tso Dedam, ame siwo ƒu asaɖa anyi ɖe Arabia ƒe avekɔewo me,
14 Vodu iznesite pred žedne, stanovnici zemlje temske, iziđite s kruhom pred bjegunca.
mi ame siwo le Tema, miku tsi vɛ na ame siwo tsikɔ le wuwum. Mitsɔ nuɖuɖu vɛ na aʋasilawo,
15 Pred mačevima bježe oni, pred mačem trgnutim, pred lukom zapetim, pred bojem žestokim.
elabena wosi le yi si woɖe le aku me la kple da si me wovu kpakple aʋa si dzi ŋɔ la nu.
16 Da, ovako mi reče Gospod: “Još jedna godina, godina nadničarska, i nestat će sve slave Kedrove.
Ale Aƒetɔ la gblɔ nam nye esi, “Le ƒe ɖeka me tututu abe ale si awɔbamenɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, Kedar ƒe atsyɔ̃ katã nu ayi.
17 A od mnogobrojnih strijelaca među hrabrim sinovima Kedrovim malo će ih ostati.” Tako je govorio Jahve, Bog Izraelov.
Aŋutrɔdala mamlɛawo kple aʋawɔla siwo susɔ le Kedar la anye ame ʋɛ aɖewo ko.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.

< Izaija 21 >