< Izaija 18 >
1 Jao zemlji krilatih kukaca s one strane rijeka kuških,
Baba na anyigba si le Kus ƒe tɔsisiwo ƒe go kemɛ dzi, afi si tɔdziʋu siwo doa abala la zɔna,
2 tebi koja šalješ morem glasnike i vodom u čamcima rogoznim. Idite, brze skoroteče, k narodu stasitu, tamnoputu, k narodu kog se boje odvajkada, narodu žilavu, zavojevaču, čija je zemlja rijekama izbrazdana.
dukɔ si dɔa amewo ɖona ɖe atsiaƒu kple tɔsisiwo dzi kple aƒlatɔdziʋu siwo ɖia du sesĩe. Midɔ ame dɔdɔ ɖeablawo ɖe dukɔ dzɔatsu si ƒe amewo kɔ, eye wo ŋu zrɔ̃ la gbɔ, dukɔ si amewo vɔ̃na le gbeta, du didiwo ke hã me, dukɔ nyanyra si fiana dzea amewo dzi hetsrɔ̃a wo; dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisi geɖewo si to.
3 Svi stanovnici kruga zemaljskoga, i vi, žitelji zemlje, kad se zastava na brdu digne, gledajte; kad rog zatrubi, slušajte.
Mi xexea me nɔlawo katã kple anyigbadzitɔwo, ne wotu aflaga ɖe towo dzi la, miakpɔe. Ne woku kpẽ la, miasee. Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi:
4 Jer ovako mi govori Jahve: “Mirno ću gledati s mjesta svojega, k'o prozirna žega podnevna, k'o rosan oblak za vrućine žetvene.
“Manɔ anyi kpoo anɔ nu kpɔm tso nɔnyeƒe abe ale si yame kɔnae ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe la ene, abe ale si lilikpo dzaa ahũ le nuŋeɣi le dzomeŋɔli ene.”
5 Prije berbe, kad loza ocvate i cvijet u grozdove dozri, nožima će posjeći mladice, povezati, ukloniti grane.
Elabena hafi nuŋeɣi nava yi ne seƒoƒowo hã nava yi, eye seƒoƒowo nazu wain ɖiɖi la, matsɔ hɛ̃ gobɛ la alã alɔawoe aƒu gbe.
6 Svi će biti ostavljeni grabljivicama gorskim i zvijerima zemaljskim. Grabljivice će na njima ljetovati, zvijeri zemaljske zimovati.”
Woagblẽ wo katã ɖi na to dzi xe ƒonuwo kple anyigbadzilãwo; xe ƒonuwo anɔ wo dzi le dzomeŋɔli, eye anyigbadzilãwo katã anɔ wo dzi le vuvɔŋɔli.
7 U ono će vrijeme narod stasit i tamnoputan, narod kojega se boje odvajkada, narod žilav i zavojevački, čija je zemlja izbrazdana rijekama, donositi darove Jahvi nad Vojskama, k mjestu imena Jahve nad Vojskama - na goru Sion.
Ɣe ma ɣi la, dukɔ si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ si wovɔ̃na le didiƒe ke, dukɔ si kli tsu, eye wònyaa avuzi le ame dzi, dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa le Zion to la gbɔ, afi si wosubɔnɛ le.