< Izaija 11 >

1 Isklijat će mladica iz panja Jišajeva, izdanak će izbit' iz njegova korijena.
Atilɔ aɖe adze tso Yese ƒe ke me; tso eƒe ke me la, atilɔ aɖe atse ku.
2 Na njemu će duh Jahvin počivat', duh mudrosti i umnosti, duh savjeta i jakosti, duh znanja i straha Gospodnjeg.
Yehowa ƒe Gbɔgbɔ anɔ eya amea dzi, nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ; aɖaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ kple sidzedze kple Yehowavɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ,
3 Prodahnut će ga strah Gospodnji: neće suditi po viđenju, presuđivati po čuvenju,
eye Yehowavɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu, alo atso nya me ɖe nu si eƒe to se la nu o,
4 već po pravdi će sudit' ubogima i sud prav izricat' bijednima na zemlji. Šibom riječi svoje ošinut će silnika, a dahom iz usta ubit' bezbožnika.
gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me, eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe. Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la, eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe.
5 On će pravdom opasati bedra, a vjernošću bokove.
Dzɔdzɔenyenye anye eƒe alidziblaka, eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito.
6 Vuk će prebivati s jagnjetom, ris ležati s kozlićem, tele i lavić zajedno će pasti, a djetešce njih će vodit'.
Amegaxi anɔ alẽvi gbɔ, lãklẽ atsyɔ akɔ anyi ɖe gbɔ̃vi gbɔ bɔkɔɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ le ŋutifafa me, eye ɖevi sue aɖe akplɔ wo.
7 Krava i medvjedica zajedno će pasti, a mladunčad njihova skupa će ležati, lav će jesti slamu k'o govedo.
Nyinɔ aɖu gbe le sisiblisiwo dome, wo viwo atsyɔ akɔ anyi ɖe teƒe ɖeka, eye dzata gɔ̃ hã aɖu gbe abe nyitsu ene.
8 Nad rupom gujinom igrat će se dojenče, sisanče će ruku zavlačiti u leglo zmijinje.
Vi nonowo ata le ƒli ƒe do nu, eye ɖevi suewo aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me.
9 Zlo se više neće činiti, neće se pustošiti na svoj svetoj gori mojoj: zemlja će se ispuniti spoznajom Jahvinom kao što se vodom pune mora.
Naneke mahe vɔ̃ alo gbegblẽ va nye to kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi abe ale si tsi yɔa atsiaƒu mee ene.
10 U dan onaj: Jišajev izdanak, dignut kao stijeg narodima, puci će željno tražiti. I prebivalište njegovo bit će slavno.
Gbe ma gbe la, Yese ƒe ke la anye aflaga na anyigbadzitɔwo katã. Dukɔwo katã ava ƒo zi ɖe eŋu, elabena eƒe nɔƒe anye ŋutikɔkɔeteƒe.
11 U dan onaj: Jahve će drugi put ruku pružiti da otkupi Ostatak svoga naroda, one što ostanu iz Asira i iz Egipta, iz Patrosa, Kuša i Elama, iz Šineara, Hamata i s morskih otoka.
Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia.
12 Podignut će stijeg narodima, sabrat će Izraelu prognanike i skupiti Judi raspršene sa sva četiri kraja zemlje.
Atu aflaga na dukɔwo, eye wòaƒo Israelvi siwo woɖe aboyoe la nu ƒu. Aƒo Yuda ƒe vi siwo ka hlẽ ɖe xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi la nu ƒu.
13 Ljubomor će nestat' Efrajimov, bit će istrijebljeni dušmani Judini; Efrajim neće više zavidjeti Judi, a Juda neće biti neprijatelj Efrajimu.
Efraim ƒe ŋuʋaʋã nu atso, eye Yehowa atsrɔ̃ Yuda ƒe futɔwo. Efraim magaʋã ŋu Yuda o, alo Yuda nagaxaxa Israel ɖo o.
14 Filistejcima na zapadu za vrat će sjesti, zajedno će plijeniti sinove Istoka; ruku će svoju pružit' na Edom i Moab, bit će im pokorni sinovi Amonovi.
Mlɔeba la, wo kple eve la woaɖi aga adze Filistitɔwo dzi le ɣetoɖoƒe, eye woaha dukɔ siwo le ɣedzeƒe la. Woƒe asi asu Edom kple Moab dzi, eye Amon ƒe vi azu wo tenɔlawo.
15 Jahve će isušit' zaljev mora egipatskog, zamahnut će rukom protiv Eufrata; snagom daha razbit će ga na sedam potoka da se u obući može prelaziti:
Yehowa ana Egipte ƒu la namie, eye wòanye eƒe asi le Frat tɔsisi dzi kple ya xɔdzo sesẽ. Amae ɖe tɔʋu adre me ale be woate ŋu atsoe kple atokota gɔ̃ hã.
16 i bit će cesta Ostatku njegova naroda, koji preživio bude iz Asira, kao što bijaše Izraelcima kad iziđoše iz zemlje egipatske.
Ale wòanye mɔtata na eƒe ame mamlɛ siwo susɔ tso Asiria abe ale si wònɔ na Israel esi wòkplɔ wo do goe tso Egipte ene.

< Izaija 11 >