< Ezekiel 9 >

1 Tada zagrmje na moje uši i reče: “Kazne grada! Priđite svaka sa svojim zatornim oružjem u ruci!”
Tete mesee wòdo ɣli sesĩe gblɔ be, “Mikplɔ dua ŋu dzɔlawo va afii, ɖe sia ɖe natsɔ aʋawɔnu ɖe asi”
2 I gle, dođoše šestorica ljudi s gornjih vrata, što su okrenuta k sjeveru, svaki sa svojim zatornim oružjem u ruci. Među njima bijaše i jedan odjeven u lan, s pisarskim priborom za pojasom. Uđoše oni i stadoše uz tučani žrtvenik.
Mekpɔ ame ade wotso dzigbegbo si dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ gbɔna; ɖe sia ɖe lé aʋawɔnu dziŋɔ aɖe ɖe asi. Ame aɖe nɔ wo dome, edo aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye wòkpla agbalẽŋlɔnuwo ɖe eƒe axame. Woge ɖe eme, eye wotsi tsitre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa.
3 A Slava Boga Izraelova vinu se s kerubina, nad kojima lebdijaše, prema pragu Doma. I pozva čovjeka odjevena u lan, koji imaše za pojasom pisarski pribor,
Azɔ la, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, afi si wònɔ tsã, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Tete Yehowa yɔ ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu, ame si ƒe aklito agbalẽŋlɔnuwo le la,
4 te mu reče: “Prođi gradom Jeruzalemom i znakom 'tau' obilježi čela sviju koji tuguju i plaču zbog gnusoba što se u njemu čine!”
eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàto Yerusalem du la katã me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo se veve eye wole nu xam le ŋunyɔnu siwo wowɔna le dua me la ŋuti.”
5 A drugima reče na moje uši: “Pođite za njim gradom i ubijajte bez milosrđa. Oči vaše neka se ne sažale i nemajte smilovanja.
Esi menɔ to ɖom la, egblɔ na ame bubuawo be, “Midze eyome to du la me, eye miawu amewo. Migakpɔ nublanui na ame aɖeke loo, alo miaƒe dɔ me natrɔ ɖe ame aɖeke ŋu o.
6 Pobijte starce, mladiće, djevojke, djecu i žene; istrijebite ih sve do posljednjega. Ali na kome bude znak 'tau', njega ne dirajte. Počnite od mojega Svetišta!” I oni počeše od starješina koji stajahu pred Domom.
Miwu ŋutsu tsitsiwo, ɖekakpuiwo, ɖetugbiwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, gake migaka asi ame aɖeke si ŋu dzesi le la ŋu o.” Midze egɔme tso ame tsitsi siwo nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi.
7 I reče im: “Oskvrnite Dom moj i napunite mu predvorje truplima! Krenite!” I oni iziđoše te zaredaše ubijati gradom.
Eye wògblɔ na wo be, “Migblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la, eye miana ame kukuawo nayɔ eƒe xɔxɔnu. Miyi!” Ale woyi, eye wode asi ameawo wuwu me le du la katã me.
8 Dok su oni klali, ja ostadoh, bacih se ničice i zavapih: “Jao, Jahve Gospode! Zar ćeš zaista uništiti sve što preostade od Izraela da iskališ svoj gnjev nad Jeruzalemom?”
Esi wonɔ ameawo wum, eye nye ɖeka metsi anyi la, metsyɔ mo anyi, eye medo ɣli be, “Ao! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nèle Israel ƒe ame mamlɛawo katã tsrɔ̃ ge le wò dɔmedzoe kɔkɔ sia ɖe Yerusalem ŋu la mea?”
9 Reče mi: “Veoma je veliko bezakonje doma Izraelova i doma Judina; zemlja je puna krvi, a grad krcat zločina. Govore: 'Jahve je ostavio zemlju! Ne vidi Jahve!'
Eɖo eŋu nam be, “Israel kple Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ, ʋukɔkɔɖi xɔ anyigba la dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ yɔ du la me. Wogblɔna be, ‘Yehowa gbe nu le anyigba la gbɔ. Yehowa mekpɔa nu o.’
10 I zato se moje oči neće sažaliti i neću im se smilovati: djela ću im njihova oboriti na glavu!”
Eya ta nyemakpɔ nublanui na wo alo atsɔe ake wo o, ke boŋ mana nu si wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi.”
11 I gle, čovjek odjeven u lan, koji imaše za pojasom pisarski pribor, javi vijesti: “Učinih kako si mi zapovjedio!”
Tete ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye agbalẽŋlɔnuwo le eƒe axame la gblɔ be, “Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ.”

< Ezekiel 9 >