< Ezekiel 42 >

1 A zatim me povede na sjever, u vanjsko predvorje, i dovede me do prostorija nasuprot ograđenom prostoru, nasuprot zdanju prema sjeveru.
Tete ŋutsu la kplɔm ɖo ta anyiehe gome yi xɔxɔnu egodotɔ me, eye míeyi xɔ siwo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ƒe axadzi kple egodogli si le anyiehe gome la me.
2 Pročelje im sa sjeverne strane bijaše dugo sto lakata, a široko pedeset lakata.
Xɔ si ƒe ʋɔtru dze ŋgɔ anyiehe la didi mita blaatɔ̃, eye wòkeke mita blaeve vɔ atɔ̃.
3 Nasuprot vratima unutrašnjeg predvorja i nasuprot pločniku vanjskoga predvorja bijahu hodnici jedan prema drugome na tri boja.
Le teƒe eve siwo didi mita ewo tso xɔxɔnu emetɔ gbɔ, eye le teƒe si le xɔxɔnu egodotɔ ƒe kpeɖoɖoawo kasa la, xɔmedziƒoxɔ dze ŋgɔ xɔmedziƒoxɔ le ɖoƒe etɔ̃awo.
4 Pred prostorijama bijaše prolaz prema unutrašnjosti - deset lakata širok i sto lakata dugačak. Vrata im bijahu okrenuta na sjever.
Mɔ aɖe le xɔawo ŋgɔ, ekeke mita atɔ̃, eye wòdidi mita blaatɔ̃. Woƒe ʋɔtruwo ɖo ta anyiehe gome.
5 Gornje prostorije, jer im prostor oduzimahu hodnici, bijahu manje od donjih i srednjih.
Xɔtamexɔ etɔ̃liawo me mekeke abe etetɔwo me ene o, elabena sɔtiwo ƒe akpata xɔ teƒe le wo si.
6 Jer bijahu na tri boja, ali ne imahu stupova kao u predvorju. Zato gornje prostorije bijahu uže od donjih i srednjih.
Sɔtiwo mele xɔtamexɔ etɔ̃lia ƒe xɔwo ŋu abe xɔxɔnu la ene o, ale wo me le sue wu xɔ siwo le ɖoɖo etetɔwo me.
7 Vanjski zid, duž klijeti, prema vanjskom predvorju, ispred klijeti, bijaše dugačak pedeset lakata.
Egodogli aɖe le xɔawo kple xɔxɔnu egodotɔ dome. Ekeke mita blaeve vɔ atɔ̃ le xɔawo ŋgɔ.
8 Jer dužina klijetima vanjskoga predvorja bijaše pedeset lakata, a onima pred Hekalom sto lakata.
Esime xɔ siwo le xɔxɔnu egodotɔ ƒe axadzi didi mita blaeve vɔ atɔ̃ la, esiwo te ɖe gbedoxɔ la ŋu la didi mita blaatɔ̃.
9 U tih prostorija bijaše ulaz s istoka onomu tko im prilazi iz vanjskog predvorja.
Mɔnu le xɔ etetɔwo ŋu le ɣedzeƒe lɔƒo ne woage ɖe wo me to xɔxɔnu egodotɔ la dzi.
10 Po širini zida predvorja prema istoku, pred ograđenim prostorom i pred samim zdanjem, bijaše još prostorijÄa.
Xɔwo nɔ xɔxɔnu egodotɔ ƒe gli ƒe didime ŋu le dziehe gome; wote ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ŋu le gli egodotɔ kasa,
11 Pred njima bijaše prolaz kao ispred klijeti smještenih prema sjeveru: jednake dužine i jednake širine; i svi im izlazi, raspored i vrata bijahu jednaki.
eye mɔnu aɖe nɔ wo ŋgɔ. Esiawo nɔ abe xɔ siwo nɔ anyiehe ene. Woƒe didime sɔ kple woƒe kekeme, eye woƒe mɔnuwo kple dzidzemewo ɖi anyiehexɔwo tɔwo. Woƒe mɔnuwo
12 Bili su kao ulazi u klijeti što bijahu prema jugu: ulaz na početku svakog prolaza, nasuprot zidu zdanja, prema istoku onomu tko bi u njih ulazio.
ɖi xɔ siwo le dziehe gome tɔwo. Mɔnu ɖeka nɔ glia ƒe gɔmedzedze, si le ɣedzeƒe lɔƒo la kasa afi si woato age ɖe xɔawo me.
13 I reče mi: “Sjeverne i južne prostorije ispred ograđenog prostora jesu prostorije Svetišta: ondje svećenici koji prilaze Jahvi blaguju najveće svetinje. Oni će ovdje odlagati najveće svetinje, prinose, okajnice i naknadnice, jer je to mjesto sveto.
Tete wògblɔ nam be, “Xɔ siwo le anyiehe kple dziehe, eye wodze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu la nye nunɔlawo ƒe xɔwo, afi si nunɔla siwo tena ɖe Yehowa ŋu la aɖu vɔsanu kɔkɔeawo le. Afi mae woatsɔ vɔsanu kɔkɔewo, nuɖuvɔsanuwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo kple fɔɖivɔsanuwo ada ɖo, elabena teƒe la le kɔkɔe.
14 A kad svećenici budu ulazili, neće izlaziti iz Svetišta u vanjsko predvorje, nego će tu ostavljati odjeću u kojoj bijahu službu služili, jer je sveta, i oblačiti drugu odjeću da bi se mogli približiti mjestu određenu za narod.”
Ne nunɔlawo ge ɖe Kɔkɔeƒe la ko la, mele be woagayi xɔxɔnu egodotɔ o va se ɖe esime woagblẽ woƒe awu siwo wodo hewɔ subɔsubɔdɔ la ɖe megbe, elabena esiawo le kɔkɔe. Ele be woado awu bubuwo hafi ate ɖe teƒe siwo amewo nɔna la ŋu.”
15 Izmjerivši unutrašnjost Doma, izvede me na istočna vrata i izmjeri sve uokolo.
Esi wòwɔ nu siwo nɔ gbedoxɔ la gbɔ vɔ la, ekplɔm do goe to ɣedzeƒegbo la me, eye wòdzidze teƒe si ƒo xlã afi ma.
16 Mjeračkom trskom izmjeri istočnu stranu: bijaše pet stotina trska, mjeračkih trska,
Etsɔ dzidzeti la dzidze eƒe ɣedzeƒe lɔƒo wòdidi mita alafa eve blaatɔ̃.
17 a zatim se okrenu i izmjeri sjevernu stranu: bijaše pet stotina trska, mjeračkih trska.
Edzidze eƒe anyiehe lɔƒo wòdidi mita alafa eve kple blaatɔ̃ le dzidzeti la nu.
18 Tada se okrenu na južnu stranu i izmjeri: pet stotina trska, mjeračkih trska.
Edzidze eƒe dziehe lɔƒo wòdidi mita alafa eve kple blaatɔ̃ le dzidzeti la nu.
19 Potom se okrenu na zapadnu stranu i izmjeri: pet stotina trska, mjeračkih trska.
Azɔ la, etrɔ do ɖe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòdzidzee wònɔ mita alafa eve kple blaatɔ̃ le dzidzeti la nu
20 On izmjeri zid na sve četiri strane uokolo: bijaše pet stotina trska dugačak i pet stotina širok. Odvajao je sveto mjesto od nesvetoga.
Ale wòdzidze akpa eneawo katã. Gli aɖe ƒo xlãe; gli la didi mita alafa eve kple blaatɔ̃, keke mita alafa eve kple blaatɔ̃, eye wòma kɔkɔeƒe la ɖa tso teƒe bubuawo gbɔ.

< Ezekiel 42 >