< Ezekiel 35 >
1 I dođe mi riječ Jahvina:
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 “Sine čovječji, okreni lice k Seirskoj gori i prorokuj protiv nje!
“Ame vi, trɔ mo ɖe Seir to la gbɔ, gblɔ nya ɖi ɖe eŋu,
3 Reci joj: 'Ovako govori Jahve Gospod: Evo me na te, Goro seirska! Ruku ću podići na te i pretvoriti te u pustoš i pustinju.
eye nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Metso ɖe ŋuwò, Seir to la, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsɔ wò awɔ aƒedo kple gbegbee.
4 Gradove ću tvoje razvaliti i postat ćeš pustinjom. I znat ćeš da sam ja Jahve!
Matrɔ wò duwo woazu aƒedo, eye wò ŋutɔ àzu gbegbe. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’
5 Vječnu si mržnju gojila i maču predavala sinove Izraelove kad bi ih nesreća pogodila i kad bi im kucnuo čas posljednjega grijeha.
“‘Esi nèlé fu nye dukɔ Israelviwo ɖikaɖika tso blema ke, eye nètsɔ wo de asi na yi le esime woƒe tohehe ɖo kɔkɔƒe la,
6 Zato, života mi moga - riječ je Jahve Gospoda - krvi ću te predati i krv će te progoniti: od krvi nisi prezala, krv će te progoniti!
eya ta meta ɖokuinye ƒe agbe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, be matsɔ wò ade asi na ʋukɔkɔɖi, eye wòanɔ wò yome. Esi mèlé fu ʋukɔkɔɖi o ta la, ʋukɔkɔɖi akplɔ wò ɖo.
7 Od Gore seirske učinit ću pustoš i pustinju, istrijebit ću iz nje polaznika i povratnika.
Mawɔ Seir to la aƒedo kple gbegbe, eye maɖe ame siwo vana, gadzona ɖa le wo dzi.
8 Gore njezine napunit ću truplima: po tvojim brežuljcima, po tvojim dolinama i po tvojim uvalama padat će mačem pokošeni.
Mana ame kukuwo nayɔ toawo dzi, ame siwo tsi yi nu la nayɔ wò togbɛwo dzi, wò baliwo me kple wò gbadzaƒewo katã.
9 Učinit ću od tebe vječnu pustinju, gradovi se tvoji neće napučiti. I znat ćete da sam ja Jahve!'
Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖika, eye amewo maganɔ wò duwo me o. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’
10 Ti reče: 'Ova dva naroda i ove dvije zemlje bit će moji; mi ćemo ih zaposjesti, ako i jest Jahve bio ondje!'
“Elabena ègblɔ be, ‘Dukɔ eve kple anyigba eve siawo anye mía tɔwo, eye míaxɔ wo’ togbɔ be nye, Yehowa, menɔ afi ma hã.
11 'Zato, života mi moga - riječ je Jahve Gospoda - postupit ću s tobom prema gnjevu i ljubomori s kojom ti postupi u svojoj mržnji s njima! Upoznat ćeš me po tome kako ću ti suditi!
Eya ta Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be, ‘Mawɔ na mi ɖe dziku kple ŋuʋaʋã si mieɖe fia le miaƒe fuléle wo me nu, eye mana woanyam ne medrɔ̃ ʋɔnu wo.
12 I znat ćeš da sam ja, Jahve, čuo sve tvoje hule što ih izreče na gore Izraelove govoreći: 'Opustješe, nama su dane za hranu!'
Ekema mianya be, nye Yehowa mese vlodoamenya siwo katã miegblɔ tso Israel ƒe towo kple togbɛwo ŋuti. Miegblɔ be, “Wozu gbegbe, eye wotsɔ wo na mí be míaɖu.”
13 Razmetali ste se, protiv mene govorili i gomilali protiv mene riječi; čuo sam ja!'
Mieƒo adegbe, tsi tsitre ɖe ŋunye, miegblɔ nya vɔ̃wo bababa ɖe ŋunye, eye mese wo.
14 Ovako govori Jahve Gospod: 'Na radost sve zemlje, od tebe ću učiniti pustoš.
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “Esime xexea me katã le aseye tsom la, mana nàzu gbegbe.
15 Kako si se ti radovala što opustje baština doma Izraelova, tako ću učiniti s tobom: opustjet ćeš, Goro seirska, a s tobom i sav Edom! I znat će se da sam ja Jahve!”
Esi miekpɔ dzidzɔ esime Israel ƒe aƒe ƒe domenyinu zu gbegbe ta la, nu si mawɔ wòe nye àzu gbegbe, O! Seir to, wò kple Edom blibo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.”’”