< Ezekiel 28 >

1 I dođe mi riječ Jahvina:
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 “Sine čovječji, kaži knezu tirskome: 'Ovako govori Jahve Gospod: Tvoje se srce uzoholi, ti reče: 'Ja sam bog! Na božjem prijestolju sjedim u srcu morskom.' Iako čovjek, a ne Bog, ti srce svoje izjednači s Božjim.
“Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be, “‘Mawu aɖe menye, menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’ Ke amegbetɔ ko nènye, menye mawu aɖekee nènye o, togbɔ be èbuna be yenya nu abe mawu aɖe ene hã.
3 Bješe, eto, od Daniela mudriji, nijedna ti tajna ne bje skrivena!
Ɖe nènya nu wu Daniel mahã?
4 Mudrošću svojom i razborom nateče bogatstva, riznicu napuni srebrom i zlatom!
Èwɔ wò nunya kple gɔmesese ŋu dɔ hekpɔ hotsui na ɖokuiwò, eye nèƒo ƒu sika kple klosalo ɖe wò nudzraɖoƒewo.
5 Mudar li bijaše trgovac, bogatstvo svoje namnoži! Al' ti se s bogatstva srce uzoholi.'
Le wò nunya gã tso asitsatsa ŋu ta la, èdzi wò hotsuikpɔkpɔ ɖe edzi, eye le wò hotsuikpɔkpɔ ta la, wò dzi dana.
6 Stog ovako govori Jahve Gospod: 'Jer svoje srce s Božjim izjednači,
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Be nèbu be yenya nu, yenya nu abe mawu aɖe ene ta la,
7 dovest ću, evo, na te tuđince najnasilnije među narodima. Isukat će mačeve na mudrost ti divnu, i ljepotu će ti okaljati,
makplɔ amedzrowo aƒu wò, dukɔ si me tɔwo mekpɔa nublanui na ame kura o. Woatsɔ woƒe yi ɖe wò nyonyo kple wò nunya ŋu, eye woagblẽ wò atsyɔ̃ gã la me.
8 bacit će te u jamu da umreš nasilnijom smrću od onih što umiru na pučini morskoj!
Woatutu wò ade aʋlime, eye àku ku veve aɖe le atsiaƒuwo titina.
9 Hoćeš li tada pred krvnikom reći: 'Ja sam bog'? Čovjek si, a ne bog, u ruci svojih ubojica.
Ɖe nàgblɔ le ɣe ma ɣi me be, ‘Mawu aɖee menye’ le ame siwo le wuwòm la ŋkumea? Amegbetɔ ko nènye, mènye mawu aɖeke o, le ame siwo le wuwòm la ƒe asi me.
10 Umrijet ćeš smrću neobrezanih od ruke tuđinske! Jer ja, Jahve, rekoh to' - riječ je Jahve Gospoda.”
Àku abe aʋamatsomatsotɔwo ene le amedzrowo ƒe asi me. Nye Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
11 I dođe mi riječ Jahvina:
Yehowa ƒe nya va nam be,
12 “Sine čovječji, zakukaj tužaljku nad tirskim kraljem. Reci mu: 'Ovako govori Jahve Gospod: Gle, ti bješe uzor savršenstva, pun mudrosti i čudesno lijep!
“Ame vi, dzi konyifaha aɖe ɖe Tiro fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: “‘Ènye blibodede ƒe kpɔɖeŋu, nunya yɔ mewò, eye wò nyonyo de blibo.
13 U Edenu, vrtu Božjem, ti življaše, resio te dragulj svaki, sard, topaz i dijamant, krizolit, oniks i jaspis, safir, smaragd i zlato. Načinjeni bjehu bubnjevi i frule, na dan ti rođenja bjehu pripravljeni.
Ènɔ Eden, Mawu ƒe abɔ la me, kpe xɔasi ɖe sia ɖe ɖo atsyɔ̃ na wò, Kanelian, krisolit kple emerald, topaz, oniks kple yaspa, lapis lazuli, tɔkuɔs kple beril. Sikae wotsɔ ɖo to na wò, eye eya kee wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na wò le gbe si gbe wowɔ wò.
14 Postavih te kao raskriljena keruba zaštitnika: bio si na svetoj gori Božjoj, hodio si posred ognjena kamenja.
Wosi ami na wò abe kerubi, amedzikpɔla ene, elabena nenemae meɖo wòe. Ènɔ Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, eye nèzɔ le dzokpewo dome.
15 Savršen bješe na putima svojim od dana svojega rođenja dok ti se u srcu ne zače opačina.
Vodada aɖeke menɔ wò zɔzɔme ŋu tso gbe si gbe wowɔ wò va se ɖe esime wokpɔ ŋutasesẽ le mewò o.
16 Obilno trgujući, napuni se nasiljem i sagriješi. Zato te zbacih s gore Božje, istrgoh te, kerube zaštitniče, isred ognjenoga kamenja.
To wò asitsatsa yi teƒe geɖewo me la, ŋutasesẽ yɔ mewò, eye nèwɔ nu vɔ̃. Eya ta menya wò ŋukpedoametɔe le Mawu ƒe to la dzi; menya wò kerubi, amedzikpɔla, le dzokpeawo dome.
17 Srce ti se uzoholi zbog ljepote tvoje, mudrost svoju odnemari zbog svojega blaga! Na zemlju te bacih i predah te zemaljskim kraljevima da te prezirno gledaju.
Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, eye nègblẽ wò nunya le wò atsyɔ̃ ta. Ale metsɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba. Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume
18 Mnoštvom svog bezakonja, nepoštenim trgovanjem oskvrnu svoja svetišta! Pustih oganj posred tebe da te proždre. Pretvorih te na zemlji u pepeo na oči onih što te motre.
To wò nu vɔ̃ geɖewo kple wò asitsatsa si me nuteƒewɔwɔ mele o me la, èdo gu wò Kɔkɔeƒewo. Eya ta mena dzo do tso mewò, fia wò, eye mena nèzu afi le anyigba, le ame siwo katã nye nukpɔlawo la ŋkume.
19 Svi koji te poznaju među narodima zgroziše se nad tobom! Jer ti strašilo posta, nestade zauvijek.'”
Dukɔ siwo katã nya wò la ƒe nu ku le ŋutiwò; wò nuwuwu dziŋɔ la va ɖo, eye màganɔ anyi akpɔakpɔ o.’”
20 I dođe mi riječ Jahvina:
Yehowa ƒe nya va nam be,
21 “Sine čovječji, okreni lice k Sidonu, prorokuj protiv njega.
“Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe Sidon gbɔ. Gblɔ nya ɖi ɖe eŋu,
22 Reci: 'Ovako govori Jahve Gospod: Evo me protiv tebe, Sidone, proslavit ću se usred tebe! I znat će se da sam ja Jahve kada nad njim sud izvršim i svetost svoju pokažem u njemu.
eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Metso ɖe ŋuwò, O! Sidon, eye makpɔ nye ŋutikɔkɔe tso mewò. Woanya be nyee nye Yehowa ne mehe to nɛ, eye mefia ɖokuinye kɔkɔe le eme.
23 I poslat ću na nj kugu i krv po ulicama njegovim; i mrtvi će posred njega padati od mača, koji ti odasvud prijeti, i znat će se tada da sam ja Jahve.
Mana dɔvɔ̃ nadze edzi, eye ʋu nasi le eƒe ablɔwo dzi. Ame kukuwo adze anyi le eme, eye yi anɔ eŋu le eƒe axa ɖe sia ɖe dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.
24 I više neće biti domu Izraelovu trna što ranjava nit' žaoke što razdire među svima uokolo koji ga preziru! I znat će se da sam ja Jahve!'”
“‘Eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi aƒo xlã Israelviwo, ame siwo ƒe aɖewo nye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame o. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
25 Ovako govori Jahve Gospod: “A kad skupim sav dom Izraelov između naroda po kojima su razasuti, očitovat ću u njima svoju svetost pred očima narodÄa. I nastanit će se u svojoj zemlji što je dadoh sluzi svome Jakovu.
“‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne meƒo ƒu Israelviwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo me la, mafia ɖokuinye kɔkɔe le wo dome le dukɔwo ŋkume. Ale woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla, Yakob la dzi.
26 I u njoj će živjeti u miru, gradit će domove i saditi vinograde. Živjet će u pouzdanju dok budem izvršivao svoj sud nad svima koji ih naokolo prezirahu. I znat će da sam ja Jahve, Bog njihov.”
Woanɔ dedie le afi ma, woatu xɔwo, eye woade waingble, woanɔ dedie ne mehe to na ame siwo katã ƒo xlã wo, eye wodoa vlo wo. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.’”

< Ezekiel 28 >