< Ezekiel 17 >

1 Dođe mi riječ Jahvina:
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 “Sine čovječji, smisli zagonetku i iznesi prispodobu domu Izraelovu! Reci:
“Ame vi, to adzo, eye nàgblɔ lododo aɖe na Israel ƒe aƒe la.
3 'Ovako govori Jahve Gospod: Velik orao, velikih krila, duga perja, gusta, šarena paperja, doletje na Libanon i zgrabi cedrov vrh;
Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Hɔ̃ lolo aɖe si ŋu aʋala sesẽ siwo ŋu fu didiwo le, eye wòto fu amadede vovovowo la, va Lebanon. Esi wòdze ɖe sedati aɖe tame la,
4 odlomi mu najvišu grančicu, odnese je u zemlju trgovaca i spusti je u grad prodavača.
eŋe eƒe ɖɔme hetsɔ yi asitsalawo ƒe anyigba dzi, eye wòdoe ɖe asitsalawo ƒe du gã aɖe me.
5 Onda uze izdanak iz zemlje, u plodnu ga njivu posadi, kraj obilnih voda stavi, kao vrbu usadi.
“‘Etsɔ miaƒe anyigba ƒe ku aɖe, eye wòdoe ɖe anyigba nyui aɖe dzi. Edoe abe amuti ene ɖe afi si tsi sɔ gbɔ ɖo.
6 Izdanak proklija, bujan izbi čokot, onizak izraste, mladice mu k orlu segnuše, a pod njim mu žilje bješe; u bujan se razvi čokot, potjera izdanke, mladice razgrana.
Ati la dze, eye wòzu wainti kpehe aɖe si ƒe alɔwo vu. Eƒe alɔwo trɔ ɖo ɖe egbɔ, ke eƒe kewo ya nɔ ete. Ale wòzu wainti toalɔwo, eye aŋugbawo vu ɖe eŋu.
7 Bijaše i drugi orao, velik i velikih krila, gusta perja. I gle, čokot k njemu žilje pruži, k njemu upravi grančice svoje da ga natapa bolje od tla u koje bi zasađen.
“‘Ke hɔ̃ gã bubu aɖe li, si ŋu aʋala sesẽ nɔ, eye wòto fu kpoyo. Wainka la trɔ eƒe kewo ɖo ɖe egbɔ tso afi si wodoe ɖo, eye wòkeke eƒe aʋalawo hena tsii.
8 Na plodnoj njivi, kraj obilnih voda, bješe zasađen: mogao je tjerat' mladice, uroditi rodom, k'o veličanstveni trs izrasti.'
Wodoe ɖe anyigba nyui aɖe si dzi tsi bɔ ɖo, ale be wòato alɔ, atse ku, eye wòazu wainti nyui aɖe.’
9 Reci: 'Ovako govori Jahve Gospod: Hoće l' uspijevati? Neće l' mu orao sve žilje izguliti? Neće l' mu sve plodove potrgati? Neće l' mu sve mladice, čim izbiju, sasušiti? Da, i bez snažne mišice, i bez mnoštva naroda, iščupat će ga iz korijena!
“Gblɔ na wo be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖe wòava eme nenema? Ɖe womahoe, eye woagbe eƒe kutsetsewo, ale be wòaku oa? Eƒe alɔ yeyewo katã aku. Menye abɔ sesẽ aɖe alo ame geɖewoe ahoe kple ke o.
10 Gle, zasađen je! Hoće l' uspijevati? Čim ga takne istočnjak, neće l' sav usahnuti? Da, na lijehama iz kojih niče uvenut će.'”
Ne woahoe ado gɔ̃ hã ɖe, adzea? Ɖe maku keŋkeŋ ne ɣedzeƒeya ƒo lɔe oa? Ɖe maku le afi si wòtsi le oa?’”
11 Dođe mi riječ Jahvina:
Eye Yehowa ƒe nya va nam be,
12 “Reci domu odmetničkome: 'Zar ne znate što ovo znači?' Reci im: 'Eto, dođe kralj babilonski u Jeruzalem, zarobi mu kralja i sve knezove, odvede ih k sebi u Babilon.
“Gblɔ na ƒome dzeaglã la be, ‘Ɖe miese nu siawo gɔme oa?’ Gblɔ na wo be, ‘Babilonia fia yi Yerusalem, eye wòkplɔ eƒe fia kple bubumewo yi Babilonia.
13 Odvede i izdanak iz kraljevskoga koljena, sklopi s njima savez i zakletvom se obveza, pošto odvede sve mogućnike iz zemlje,
Elé fiaƒomea me tɔ aɖe, wɔ nubabla kplii, eye wòka atam nɛ. Ekplɔ anyigba la ƒe ame ŋkutawo dzoe,
14 da će kraljevstvo ostati neznatno i da se neće dizati, nego će čuvati i držati savez s njime.
ale be wòate fiaɖuƒe la ɖe to, magate ŋu afɔ o, eye wòatsi agbe ne ewɔ nubabla la dzi ko.
15 Ali se on od njega odmetnu; poslanike uputi u Egipat, tražeći od njega konje i jaku vojsku. Hoće li uspjeti? Može li umaći onaj tko tako radi? Raskinu savez, pa da umakne?
Ke fia la dze aglã ɖe eŋu esi wòɖo eƒe amewo ɖe Egipte be woaxɔ sɔwo kple aʋakɔ gã aɖe vɛ. Adze edzi nɛa? Ɖe ame si wɔ nu sia tɔgbi la ate ŋu asia? Ɖe wòatu nubabla la, gake ate ŋu asia?’
16 Života mi moga, riječ je Jahve Gospoda: jer prezre zakletvu kralja koji ga na prijestolje posadi i razvrže savez s njime, u njegovoj će zemlji umrijeti, usred Babilona!
“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, aku ɖe Babilonia, ɖe fia si ɖoe zi dzi la ƒe anyigba dzi, ame si ƒe atam wòdo vloe kple ame si ƒe nubabla wòtu.
17 Svojom silnom vojskom i mnoštvom naroda faraon mu neće pomoći u boju kad onaj digne nasipe i sagradi kule opsadne da mu zatre mnogo ljudstvo.
Farao kple eƒe aʋakɔ triakɔ la kple eƒe ameha gã mana kpekpeɖeŋu aɖeke le aʋa me ne woƒo kpo ɖe eŋu, eye wotu xɔ tsralawo be woawu ame geɖewo o.
18 Prezreo je zakletvu, razvrgao savez. Da, iako ruku bijaše dao, sve to učini! Ne, neće umaći!'
Edo vlo atam la to nubabla la tutu me. Esi wòlɔ̃ ɖe nubabla la dzi hafi wɔ nu siawo katã ta la, mate ŋu asi o.’
19 Stoga ovako govori Jahve Gospod: 'Života mi moga, zakletvu što je prezre i savez što ga razvrže oborit ću na glavu njegovu!
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Zi ale si mele agbe la, mana nye atam si wòdo vloe kple nye nubabla si wòtu la nava eƒe ta dzi.
20 Mrežu ću nad njim razapeti i uhvatit će se u moju zamku, pa ću ga odvesti u Babilon i ondje mu suditi zbog nevjere kojom mi se iznevjeri.
Makeke nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, eye mabu fɔe le afi ma, elabena meto nyateƒe nam o.
21 Cvijet vojske njegove od mača će pasti, a ostatak se raspršiti u sve vjetrove. I spoznat ćete da ja, Jahve, tako rekoh.'
Eƒe aʋawɔla siwo le sisim la katã atsi yi nu, eye eƒe agbetsilawo akaka ɖe yawo katã nu, ekema mianya be nye Yehowae gblɔe.’
22 Ovako govori Jahve Gospod: 'S vrha cedra velikoga, s vrška mladih grana njegovih, odlomit ću grančicu i posadit' je na gori visokoj, najvišoj.
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Nye ŋutɔ maŋe sedati aɖe ƒe ɖɔme tso etame ke, eye madoe. Maŋe eƒe ɖɔme ado, eye madoe ɖe to kɔkɔ aɖe dzi.
23 Na najvišoj gori izraelskoj nju ću zasaditi: razgranat će se ona, plodom uroditi.
Israel ƒe to kɔkɔwo dzie madoe ɖo; aɖe alɔwo, atse ku, eye wòazu sedati nyui aɖe. Xevi ɖe sia ɖe ƒomevi awɔ atɔ ɖe eme. Woakpɔ sitsoƒe le eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te.
24 I sve će poljsko drveće znati da ja sam Jahve koji visoko drvo ponizujem, a nisko uzvisujem; zeleno drvo sušim, a drvu suhu dajem da rodi. Ja, Jahve, rekoh i učinit ću!'”
Gbemetiwo katã anya be nye Yehowae bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mena ati kpui la tsi hekɔ. Mena ati mumu la ku, eye ati kuku la dze.’ “Nye Aƒetɔ Yehowae ƒo nu, eye mawɔe ade goe.”

< Ezekiel 17 >