< Propovjednik 10 >

1 Uginula muha usmrdi mirisno ulje, a i malo ludosti jače je od mudrosti i časti.
Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu! Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe kple bubu gã me.
2 Mudrac kroči pravim putem, a luđak krivim.
Nunyala ƒe dzi nana wòwɔa nyui ke bometsila ƒe dzi nana wòwɔa nu vɔ̃.
3 Dovoljno je da luđak pođe putem: kako razbora nema, svakomu pokazuje da je lud.
Àte ŋu adze si bometsila le ale si wòle zɔzɔm le ablɔ dzi la me!
4 Ako se na te digne vladaočev gnjev, ne ostavljaj svoga mjesta, jer blagost sprečava velike grijehe.
Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mègadzo le egbɔ o, elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu.
5 Ima zlo što ga vidjeh pod suncem kao prestupak koji dolazi od vladaoca:
Megade dzesi nu vɔ̃ɖi aɖe tso fiawo kple dziɖulawo ŋu esi melé ŋku ɖe nuwo ƒe yiyi me le xexea me ŋu.
6 ludost se podiže na najviša mjesta, a veliki zauzimaju niske položaje.
Mekpɔe be wona ŋusẽ gã bometsilawo hetsɔ wo ɖo amewo nu eye wometsɔ bubuteƒe na kesinɔtɔwo abe ale si dze ene o.
7 Vidjeh sluge na konjima, a knezove gdje idu pješice kao sluge.
Gawu la, mekpɔ subɔlawo wonɔ sɔ dom le esime fiaviŋutsuwo nɔ afɔ zɔm abe subɔlawo ene!
8 Tko jamu kopa, u nju pada; i tko ruši zid, ujeda ga zmija.
Ame si ɖea vudo la, eyae gena ɖe eme. Ame si gbãa gli toa eme la, eyae da ɖuna.
9 Tko lomi kamenje, ono ga ranjava; tko cijepa drva, može nastradati.
Ame si gbãa kpe la, eyae kpe wɔa nuvevii! Ame si dzea nake la, eyae fia sina!
10 Kad zatupi željezo i oštrica mu nije nabrušena, tada treba više snage; a nagrada mudrosti je uspjeh.
Ame si le fia maɖamaɖa ŋu dɔ wɔm la, wɔa eƒe ŋusẽ geɖe ŋu dɔ. Dze nunya eye nànyre fia la nyuie.
11 Ako zmija ujede prije čaranja, ništa onda opčaratelj ne koristi.
Ne da ɖu ame hafi wosa gbe de daa la, ekema gbesala mewɔ dɔ nyui aɖeke o.
12 Pune su miline riječi iz usta mudraca, a bezumnika upropašćuju njegove usne.
Nya si tso nunyala ƒe nu me nyea amenuvenya, ke bometsila ƒe nuyiwo gblẽa nu le eya ŋutɔ ŋu.
13 On počinje svoje besjede ludošću i svršava ih potpunim bezumljem.
Eƒe nyawo ƒe gɔmedzedze nyea numanyamanya eye eƒe nyawo ƒe nuwuwu nyea tsukuku vɔ̃ɖi.
14 Luđak previše govori: čovjek ne poznaje budućnost, i tko mu može kazati što će poslije njega biti?
Bometsila nyaa nu sia nu tso etsɔ si gbɔna la ŋu eye wòƒoa nu tso nu si wònya la ŋu tsitotsito! Ke ame ka tututu ate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge?
15 Luđake mori njihov trud; tko ne zna puta, ne može u grad.
Dɔ sue aɖe ko wɔwɔ nana ɖeɖi tea eŋu ale gbegbe be ŋusẽ meganɔa eŋu hena dua me yiyi o.
16 Jao tebi, zemljo, kad ti je kralj premlad i knezovi se već ujutro goste.
Babaa na dukɔ si ƒe fia nye ɖevi eye eƒe kplɔlawo mua aha ŋdi kanya gbe sia gbe.
17 Blago tebi, zemljo, kad ti je kralj plemenit i knezovi ti u svoje vrijeme blaguju da se okrijepe, a ne da se opiju.
Woayra dukɔ si ƒe fia nye bubume, eƒe kplɔlawo wɔa dɔ sesĩe hafi ɖua nu eye wonoa nu bena woatsɔ ado ŋusẽ wo ɖokuiwo hena dɔ si le wo ŋgɔ la wɔwɔ.
18 S lijenosti se ugiblju grede, zbog nebrige prokišnjava kuća.
Kuviawɔwɔ nana xɔ ƒe daɖedziwo nyena ɖe eme, eye alɔgblɔlɔwɔwɔ nana xɔ ɖuɖuna.
19 Ali su gozbe radi zabave i vino uveseljava život, a novci pribavljaju sve.
Nuɖuɖu hea nukoko vanɛ, wain hea dzidzɔ vanɛ, eye gae dia nu sia nu kpɔna.
20 Ni u svojoj misli ne kuni kralja, ni u svojoj ložnici ne kuni bogataša, jer će ptice odnijeti glas i kleveta lako okrilati.
Mègado ɖiŋu na fia la le wò susu me ke gɔ̃ hã o; mègaƒo fi de kesinɔtɔ le wò xɔ gã me ke gɔ̃ hã o, elabena xevi sue aɖe agblɔ nu si nègblɔ tso wo ŋu la na wo.

< Propovjednik 10 >