< 2 Ljetopisa 3 >

1 Salomon tada poče graditi Dom Jahvi u Jeruzalemu, na Morijskoj gori, ondje gdje je njegov otac David imao viđenje. To je mjesto koje je pripravio David, gumno Jebusejca Ornana.
Tete Solomo na wodze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Wotui ɖe Yerusalem, le Moria to la dzi, afi si Yehowa ɖe eɖokui fia Solomo fofo, Fia David le, afi si Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe nɔ. David tia teƒe ma be wòanye gbedoxɔ la ƒe nɔƒe.
2 Salomon otpoče gradnju drugoga mjeseca četvrte godine svojega vladanja.
Xɔtutu la ŋutɔ dze egɔme le ɣleti evelia ƒe ŋkeke evelia dzi le Fia Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me.
3 Ovo su temelji koje je Salomon postavio za gradnju Doma Božjega: šezdeset lakata u duljinu - po staroj mjeri lakta - a u širinu dvadeset lakata.
Gɔmeɖokpe si Solomo ɖo na Mawu ƒe gbedoxɔ la didi mita blaeve-vɔ-adre eye wòkeke mita asieke le nudzidzenu xoxo la nu.
4 Trijem, koji je bio pred Domom, imao je, po širini ovoga potonjega, u dužinu dvadeset lakata, a visok je bio sto i dvadeset lakata. Obložio ga je iznutra čistim zlatom.
Akpata si nɔ gbedoxɔ la ŋkume la didi mita asieke va se ɖe gbedoxɔ la ƒe kekeme eye wòkɔ mita blaatɔ̃-vɔ-ene. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme katã.
5 Veliku je dvoranu obložio čempresovinom, koju je prekrio čistim zlatom i postavio palme i cvjetne vijence.
Woklã sesewuʋuƒowo ɖe gbedoxɔ la ŋutɔ me, wofa sika nyuitɔ ɖe ʋuƒoawo ŋu eye woɖe detiwo kple kɔsɔkɔsɔwo ɖe sika la me.
6 Optočio je potom Dvoranu blistavim draguljima; zlato je bilo zlato parvajimsko.
Etsɔ kpe xɔasi siwo nya kpɔna ŋutɔ la ɖo ɖe gliawo me be woado xɔa me ƒe nyonyo ɖe ŋgɔ. Sika la nye sika nyuitɔ tso Parvaim.
7 Prekrio je njime Dvoranu: grede, pragove, zidove i vratna krila te izrezao kerubine po zidovima.
Wofa sika si me woɖe mawudɔlawo ɖo la ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo, daɖedziwo, ʋɔtruwo kple kpuiawo katã ŋu.
8 Potom sazda dvoranu Svetinje nad svetinjama. Bila je, prema hramskoj širini, dvadeset lakata duga i dvadeset lakata široka i obloži je sa šest stotina talenata suhog zlata.
Teƒe si woyɔna be Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la le gbedoxɔ la ƒe akpa ɖeka. Eƒe didime nye mita asieke eye eƒe kekeme hã nye mita asieke. Wofa sika si ƒe kpekpeme nye “tɔn” blaeve-vɔ-ɖekɛ la ɖe gliawo ŋu.
9 Za čavle je dao na mjeru pedeset zlatnih šekela. I gornje je odaje obložio zlatom.
Sikagatagbadzɛ siwo ŋu dɔ wowɔ la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye gram alafa atɔ̃ blaadre. Wofa sika ɖe xɔtaxɔawo hã me.
10 U dvorani Svetinje nad svetinjama napravi dva kerubina, liveno djelo. I njih obloži zlatom.
Solomo na wowɔ mawudɔla eve, efa sika ɖe wo ŋu eye wòtsɔ wo da ɖe xɔ, emetɔ, si nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me.
11 Krila kerubina bila su dvadeset lakata duga: jedno krilo od pet lakata dodirivaše hramski zid, a drugo od pet lakata doticaše krilo drugoga kerubina.
Kerubiawo ƒe aʋalawo ƒe didime le mita ewo. Kerubi gbãtɔ ƒe aʋala ɖeka didi mita eve kple afã eye wotɔ gbedoxɔ la ƒe gli. Aʋala evelia, si hã didi mita eve kple afã la tɔ kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka.
12 Tako je i krilo drugoga kerubina, od pet lakata, dodirivalo hramski zid, a drugo mu se krilo, od pet lakata, spajalo s krilom drugoga kerubina.
Nenema ke kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka, si didi mita eve kple afã la tɔ gbedoxɔ la ƒe gli eye eƒe aʋala evelia, si hã didi mita eve kple afã la, tɔ kerubi gbãtɔ ƒe aʋala.
13 Raširena, krila kerubina imala su dvadeset lakata. Stajali su kerubini uspravno, lic-a okrenutih Dvorani.
Kerubi eveawo ƒe aʋalawo didi mita ewo. Wole tsitrenu eye wodze ŋgɔ xɔ gã la.
14 Napravi zastor od ljubičastog baršuna, od grimiza, karmezina i bÓeza te na njemu izveze kerubine.
Etsi xɔmetsovɔ si nye aklala si wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka lɔ̃e eye wota mawudɔlawo ɖe eme la ɖe xɔ sia ƒe mɔnu.
15 Pred Dvoranom napravi dva stupa dugačka trideset i pet lakata, a glavice im na vrhu pet lakata.
Sɔti eve le gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Ɖe sia ɖe kɔ mita wuiade. Wotsɔ taɖonu si do tso xɔgbagba la te la ɖo ta na sɔtiawo eye ɖe sia ɖe kɔ mita eve kple afã.
16 U Debiru on splete vijence te ih postavi navrh stupova i napravi sto mogranja koje postavi među vijence.
Ewɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la, le sɔtiawo tame eye wòtsi yevuboɖa alafa ɖeka ɖe kɔsɔkɔsɔawo ŋu.
17 Postavi stupove pred Hekal, jedan zdesna, drugi slijeva, te nazva Jakin onaj zdesna, a Boaz onaj slijeva.
Etu sɔti eve ɖe gbedoxɔ la ŋkume, ɖeka ɖe dziehe gome, evelia ɖe anyiehe gome eye wòna ŋkɔ wo. Woyɔa dziehetɔ be, Yakin eye woyɔa anyiehetɔ be, Boaz.

< 2 Ljetopisa 3 >