< 2 Ljetopisa 18 >

1 Jošafat je stekao veliko bogatstvo i slavu te se sprijateljio s Ahabom.
Azɔ la, kesinɔnu geɖe ɖo Yehosafat si eye bubu hã nɔ eŋu. Ewɔ ɖeka kple Ahab to via nyɔnuvi ɖeka ɖeɖe me.
2 Poslije nekoliko godina došao je k Ahabu u Samariju. Ahab nakla mnogo sitne stoke i goveda njemu i ljudima što su bili s njim i nagovaraše ga da pođe na Ramot Gilead.
Le ƒe ʋɛe aɖewo megbe la, eyi Samaria be yeakpɔ Fia Ahab ɖa eye Fia Ahab wu alẽ kple nyi geɖewo heɖo kplɔ̃ na Yehosafat kple eƒe amewo. Ahab bia Yehosafat be wòakpe ɖe ye ŋu yewoaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu.
3 Izraelski kralj Ahab upita judejskoga kralja Jošafata: “Hoćeš li poći sa mnom na Ramot Gilead?” On odgovori: “Ja sam kao i ti, moj je narod kao i tvoj; s tobom ćemo u rat.”
Ahab, Israel fia, bia Yuda fia, Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?” Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene. Míakpe ɖe ŋutiwò le aʋa la me.”
4 Jošafat još reče kralju izraelskom: “De, posavjetuj se prije s Jahvom!”
Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia bena “Bia gbe Yehowa gbã.”
5 Tada kralj izraelski sakupi proroke, njih četiri stotine, i upita ih: “Hoćemo li zavojštiti na Ramot Gilead ili da se okanim toga?” Oni odgovoriše: “Idi, jer će ga Bog predati kralju u ruke.”
Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu eye wòbia wo be, “Mího aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo mínɔ anyi koa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Mawu atsɔe ade fia la ƒe asi me.”
6 Ali Jošafat upita: “Ima li ovdje još koji prorok Jahvin da i njega upitamo?”
Ke Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila mele afi sia, si míabia gbee oa?”
7 Kralj izraelski odgovori Jošafatu: “Ima još jedan čovjek preko koga bismo mogli upitati Jahvu, ali ga mrzim jer mi ne proriče dobra nego uvijek samo zlo; to je Mihej, sin Jimlin.” Jošafat reče: “Neka kralj ne govori tako!”
Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nyanyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.” Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.”
8 Tada kralj izraelski dozva jednoga dvoranina i reče mu: “Brže dovedi Jimlina sina Miheja!”
Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!”
9 Izraelski kralj i judejski kralj Jošafat sjedili su svaki na svojem prijestolju, u svečanim haljinama, na gumnu pred Samarijskim vratima, a proroci proricali pred njima.
Le ɣeyiɣi sia me la, Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye nyagblɔɖilawo katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume.
10 Kenaanin sin Sidkija napravi sebi željezne rogove i reče: “Ovako veli Jahve: njima ćeš bosti Aramejce dokle ih god ne zatreš.”
Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.”
11 Tako su i svi drugi proroci proricali govoreći: “Idi na Ramot Gilead, uspjet ćeš: Jahve će ga predati kralju u ruke.”
Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ẽ, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”
12 Glasnik koji bijaše otišao da zove Miheja reče mu: “Evo, svi proroci složno proriču dobro kralju. Govori i ti kao jedan od njih i proreci uspjeh!”
Ame si yi ɖayɔ Mikaya la, gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nyanyui aɖe agblɔ.”
13 Ali Mihej odvrati: “Živoga mi Jahve, govorit ću ono što mi Bog kaže!”
Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be, nya si Mawu gblɔ la ko magblɔ.”
14 Kad dođe pred kralja, upita ga kralj: “Miheju, da pođem u rat na Ramot Gilead ili da se okanim toga?” On odgovori: “Idite i uspjet ćete, jer će vam se predati u ruke!”
Esi Mikaya va ɖo fia la gbɔ la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míanɔ anyi koa?” Mikaya ɖo eŋu be, “Miyi! Miaɖu dzi bɔbɔe!”
15 Na to mu kralj reče: “Koliko ću te puta zaklinjati da mi kažeš samo istinu u Jahvino ime?”
Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”
16 Tada Mihej odgovori: “Sav Izrael vidim rasut po gorama kao stado bez pastira. I Jahve veli: 'Nemaju više gospodara, neka se u miru kući vrate!'”
Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’”
17 Tada izraelski kralj reče Jošafatu: “Nisam li ti rekao da mi neće proreći dobro nego zlo?”
Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nyanyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.”
18 A Mihej reče: “Zato čujte riječ Jahvinu. Vidio sam Jahvu gdje sjedi na prijestolju, a sva mu vojska nebeska stajaše zdesna i slijeva.
Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya bubu si Yehowa gagblɔ nam la ɖa. Mekpɔ Yehowa le eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔ geɖewo le tsitre ɖe eƒe ɖusi kple mia dzi.
19 Jahve upita: 'Tko će zavesti izraelskoga kralja Ahaba da otiđe i padne u Ramot Gileadu?' Jedan reče ovo, drugi ono.
Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab, Israel fia, nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa.
20 Tada uđe jedan duh, stade pred Jahvu i reče: 'Ja ću ga zavesti!' Jahve ga upita: 'Kako?'
Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’ “Ke Yehowa bia be, ‘Aleke nawɔe?’
21 On odvrati: 'Izaći ću i bit ću lažljiv duh u ustima svih njegovih proroka.' Jahve mu reče: 'Ti ćeš ga zavesti. I uspjet ćeš. Idi i učini tako!'
“Eɖo eŋu be, ‘Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nume na eƒe nyagblɔɖilawo katã.’ “Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’
22 Tako je, evo, Jahve stavio lažljiva duha u usta tvojim prorocima; ali ti Jahve navješćuje zlo.”
“Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nume na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be, Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.”
23 Tada pristupi Kenaanin sin Sidkija i udari Miheja po obrazu pitajući: “Zar je Jahvin duh mene napustio da bi govorio s tobom?”
Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”
24 Mihej odvrati: “Vidjet ćeš onoga dana kad budeš bježao iz sobe u sobu da se sakriješ.”
Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.”
25 Tada izraelski kralj naredi: “Uhvatite Miheja i odvedite ga gradskom zapovjedniku Amonu i kraljeviću Joašu.
Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas.
26 Recite im: 'Ovako veli kralj: Bacite ovoga u tamnicu i držite ga na suhu kruhu i vodi dok se sretno ne vratim.'”
Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’”
27 Mihej reče: “Ako se doista sretno vratiš, onda nije Jahve govorio iz mene!” i nadoda: “Čujte, svi puci!”
Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.”
28 Izraelski kralj i judejski kralj Jošafat krenuše na Ramot Gilead.
Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead.
29 Izraelski kralj reče Jošafatu: “Ja ću se preobući i onda ući u boj, a ti ostani u svojoj odjeći!” Preobuče se tada izraelski kralj i oni krenuše u boj.
Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi.
30 Aramejski kralj naredi zapovjednicima bojnih kola: “Ne udarajte ni na maloga ni na velikoga nego jedino na izraelskoga kralja!”
Aram fia de se na eƒe tasiaɖamdzikpɔlawo be, “Miɖe asi le ame sia ame ŋu eye miati Israel fia ɖeɖe ko yome!”
31 Kad zapovjednici bojnih kola ugledaše Jošafata, rekoše: “To je izraelski kralj!” I krenuše na nj da udare. Ali Jošafat povika za pomoć te mu Jahve pomože i odvrati ih od njega.
Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, eya kokokoe nye Israel fia la. Ale wolũ ɖe edzi, ke Yehosafat do ɣli eye Yehowa xɔ nɛ. Ke Mawu ble wo dzoe le egbɔ
32 Kad zapovjednici bojnih kola vidješe da to nije izraelski kralj, okrenuše se od njega.
elabena esi wodze sii be menye eyae nye Israel fia la o ko la, wodzudzɔ eyometiti.
33 Jedan nasumce odape i ustrijeli izraelskoga kralja između nabora na pojasu i oklopa. Kralj reče vozaču: “Potegni uzdu i izvedi me iz boja jer sam ranjen.”
Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.”
34 Boj je onoga dana bio sve žešći, ali se izraelski kralj držao uspravno na bojnim kolima prema Aramejcima sve do večeri. Umro je o zalasku sunca.
Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Israel fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, ke esi ɣe ɖo to ko la, eku.

< 2 Ljetopisa 18 >