< 2 Ljetopisa 14 >

1 Potom Abija počinu kraj svojih otaca. Sahraniše ga u Davidovu gradu; na njegovo se mjesto zakralji sin mu Asa. Za njegovih je dana zemlja bila mirna deset godina.
Abiya ku eye woɖii ɖe David ƒe du la me. Via ŋutsu, Asa, zu fia ɖe eteƒe eye le eƒe fiaɖuɖu ƒe ŋkekewo me la, ŋutifafa nɔ dukɔ la me ƒe ewo sɔŋ
2 Asa je činio što je dobro i pravo u očima Jahve, njegova Boga.
elabena Asa wɔ nu si dza le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe ŋkume.
3 Uklonio je tuđinske žrtvenike i uzvišice, polomio stupove i razbio ašere.
Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui siwo nɔ togbɛawo dzi kple woƒe aƒeliwo, emu Aserim legbawo ƒu anyi
4 Naredio je Judejcima da traže Jahvu, Boga svojih otaca, da se drže zakona i zapovijedi.
eye wòɖe gbe be, dukɔ blibo la nawɔ Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ƒe sewo dzi.
5 Uklonio je iz svih judejskih gradova uzvišice i sunčane stupove, a kraljevstvo je bilo mirno za njegova vremena.
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe ɣelegbawo ɖa le togbɛawo dzi kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo ɖa le Yuda duwo me. Esia ta Mawu na ŋutifafa nɔ eƒe fiaduƒe me.
6 Sagradio je tvrde gradove u Judeji, jer je zemlja bila mirna. Nitko se nije zaratio na nj onih godina, jer mu je Jahve dao mir.
Nu sia na wòte ŋu tso duwo eye wòɖo gli ƒo xlã wo le Yudanyigba la ƒe akpa sia akpa.
7 Zato je Asa rekao Judejcima: “Da pogradimo ove gradove i da ih opašemo zidom i kulama, vratima i prijevornicama; još je zemlja pred nama naša, jer smo tražili Jahvu, svoga Boga; tražili smo ga, i on nam je dao mir odasvud uokolo!” Tako su gradili i bili sretni.
Fia Asa gblɔ na eƒe amewo be, “Esi Yehowa yra mí eye ŋutifafa le míaƒe anyigba dzi le esi míeɖo toe ta la, mina míatso duwo fifia eye míaglã wo kple gliwo, xɔ tsralawo, agbowo kple gamedetiwo.” Ale wowɔ nu siawo eye nu sia nu dze edzi nyuie.
8 Asa je imao vojske trista tisuća ljudi između Judejaca koji su nosili štit i koplje, a od Benjaminova plemena dvjesta i osamdeset tisuća koji su nosili štit i zapinjali luk. Svi su bili hrabri junaci.
Aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ tso Yuda ƒe viwo dome nɔ Fia Asa ƒe aʋakɔ me. Akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple akplɔwo nɔ wo si. Ame akpe alafa eve blaenyi tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eƒe aʋakɔ la me eye akpoxɔnu gãtɔwo kple datiwo kple aŋutrɔwo nɔ wo si. Wohe aʋawɔlawo katã tso to eveawo me eye wonye kalẽtɔwo.
9 Izašao je na njih Etiopljanin Zerah sa tisuću tisuća vojnika i tri stotine bojnih kola i došao do Mareše.
Zera, Kusitɔ, ho aʋa ɖe wo ŋu kple aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖam alafa etɔ̃ eye wova ɖo keke Maresa.
10 Asa je izašao preda nj; svrstali su se u bojni red u Sefatskoj dolini kod Mareše.
Asa do go yi be yeakpee eye eƒe amewo dze aʋa ɖi ɖe Zefata bali la me te ɖe Maresa ŋu.
11 Asa zavapi k Jahvi, Bogu svome: “O Jahve, tebi je ništa pomoći silnome ili nejakome! Pomozi nam, o Jahve, Bože naš, jer se na te oslanjamo i u tvoje smo ime izišli na ovo mnoštvo! Jahve, ti si Bog naš, ne daj snažnu čovjeku protiv sebe!”
Fia Asa do ɣli na Mawu be, “Oo Yehowa, ame bubu aɖeke mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o! Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ gã sesẽ sia nu o. Oo, xɔ na mí, Yehowa míaƒe Mawu elabena wò ɖeka ko ŋue míeɖo ŋu ɖo be, àxɔ na mí eye le wò ŋkɔ mee míele aʋa kpem kple futɔwo ƒe aʋakɔ gã sia. Mègana amegbetɔ siwo mele ɖeke me o la, naɖu dziwò o!”
12 Jahve razbi Etiopljane pred Asom i pred Judejcima te Etiopljani pobjegoše.
Yehowa na Asa kple Yuda ƒe aʋakɔ la ɖu Kustɔwo dzi eye Kustɔwo si.
13 Asa ih je s narodom koji bijaše s njim potjerao sve do Gerara. Etiopljani su popadali, tako da nijedan nije ostao živ jer ih je satro Jahve i njegove čete; i one su odnijele vrlo velik plijen.
Asa ƒe amewo nya wo yi keke Gerar ke eye wofiti Kustɔwo ƒe aʋakɔ blibo la ale gbegbe be, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o elabena Yehowa kple eƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ wo katã. Yuda ƒe aʋakɔ la ha aboyonu geɖewo ŋutɔ.
14 Osvojile su sve gradove oko Gerara jer je Jahvin strah došao na njih; oplijenile su sve te gradove, jer je u njima bilo mnogo plijena.
Esi wonɔ Gerar la, wodze du siwo katã nɔ nuto me ma la dzi eye Yehowa na vɔvɔ̃ ɖo afi ma tɔwo. Le esia ta wogaha aboyonu geɖewo le du siawo hã me.
15 Poharale su i šatore za stoku i zaplijenile mnoštvo sitne stoke i deva; a onda su se vratile u Jeruzalem.
Womeha nuwo ɖeɖe ko le duawo me o, ke boŋ wogbã lãhawo ƒe agbadɔwo hã eye wokplɔ ale kple kposɔ geɖewo dzoe va Yerusalem.

< 2 Ljetopisa 14 >