< 2 Ljetopisa 11 >
1 Došavši u Jeruzalem, skupi sav dom Judin i Benjaminov, sto i osamdeset tisuća vrsnih ratnika, da udare na Izraela i da Roboamu vrate kraljevstvo.
Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene.
2 Ali dođe Jahvina riječ Božjem čovjeku Šemaji:
Ke Yehowa gblɔ na Nyagblɔɖila Semaya be,
3 “Kaži Salomonovu sinu Roboamu, judejskomu kralju, i svim Izraelcima u Judinu i Benjaminovu plemenu:
“Yi, nàgblɔ na Yuda fia, Rehoboam, Solomo ƒe vi kple Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo be,
4 Ovako veli Jahve: 'Ne idite se tući s braćom! Neka se svatko vrati svojoj kući, jer je ovo poteklo od mene.'” I oni poslušaše riječ Jahvinu, vratiše se i ne udariše na Jeroboama.
‘Yehowa be migawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Miyi miaƒe aƒewo me elabena gbɔnyee woƒe aglãdzedze sia tso.’” Woɖo to Yehowa eye womegawɔ aʋa kple Yeroboam o.
5 Roboam, stolujući u Jeruzalemu, poče dizati tvrde gradove po Judeji.
Rehoboam nɔ Yerusalem eye wòglã Yuda du aɖewo kple gliwo kple agbowo hena eya ŋutɔ ƒe dedinɔnɔ.
6 Tako je sagradio Betlehem, Etam, Tekou,
Du siawoe nye Betlehem, Etam, Tekoa
7 Bet Sur, Sokon, Adulam,
Bet Zur, Soko, Adulam,
9 Adorajim, Lakiš, Azeku,
Adoraim, Lakis, Azeka,
10 Soru, Ajalon i Hebron, tvrde gradove u Judinu i Benjaminovu plemenu.
Zora, Aiyalon kple Hebron.
11 Utvrdivši gradove, postavi im zapovjednike i dovuče zalihe hrane, ulja i vina;
Egbugbɔ mɔwo tu sesĩe wu tsã, tsɔ aʋafiawo kple woƒe asrafowo de wo me eye wòdzra nuɖuɖu, ami kple wain ɖo ɖe wo me.
12 u svaki pojedini grad stavi štitova i kopalja i utvrdi ih vrlo jako. Tako je on imao Judino i Benjaminovo pleme.
Edzra akpoxɔnuwo kple akplɔwo ɖo ɖe du ɖe sia ɖe me hena eƒe amewo ƒe dedinɔnɔ elabena Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo koe nɔ eyome.
13 Svećenici i leviti, koji su bili po svem Izraelu, pristupiše k njemu iz svih krajeva.
Nunɔlawo kple Levitɔwo tso woƒe towo me le anyigba blibo la dzi lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi.
14 Leviti ostaviše pašnjake i posjed te otiđoše u Judeju i Jeruzalem, jer ih je bio odbacio Jeroboam i njegovi sinovi da ne obavljaju svećeničku službu Jahvi,
Levitɔwo ɖe asi le woƒe lãnyiƒewo kple nunɔamesiwo gɔ̃ hã ŋu eye wova Yuda kple Yerusalem elabena Yeroboam kple via ŋutsuwo gbe be womaganye nunɔlawo na Yehowa o.
15 a postavio je svećenike za uzvišice, za jarce i za telad koju je napravio.
Eɖo nunɔla bubuwo ɖe wo teƒe eye nunɔla siawo do ŋusẽ ameawo be woasubɔ legbawo ɖe Mawu teƒe eye woasa vɔ na gbɔ̃ kple nyivi siwo wokpa kple ati tsɔ da ɖe togbɛawo dzi.
16 Za njima su iz svih izraelskih plemena dolazili u Jeruzalem da žrtvuju Jahvi, Bogu svojih otaca, oni koji su srcem tražili Jahvu, Boga Izraelova.
Ame aɖewo, siwo menye nunɔlawo o hã de asi ʋuʋu tso Israel ƒe toawo katã me yi Yerusalem, afi si woakpɔ mɔ asubɔ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu eye woasa vɔ nɛ le.
17 Tako su utvrdili judejsko kraljevstvo i osokolili Salomonova sina Roboama za tri godine, jer su tri godine živjeli poput Davida i Salomona.
Nu sia na Yuda fiaɖuƒe la li ke, ale Fia Rehoboam mekpe fu aɖeke le ƒe gbãtɔ etɔ̃awo me o elabena le ƒe mawo me la, woto David kple Solomo ƒe afɔtoƒe.
18 Roboam je sebi uzeo za žemu Mahalatu, kćer Davidova sina Jerimota, i Abihajilu, kćer Jišajeva sina Eliaba,
Rehoboam ɖe Mahalat, ame si nye David ƒe vi Yerimɔt kple David nɔviŋutsu Isai ƒe vi, Eliab ƒe vinyɔnu Abihail ƒe vi.
19 koja mu rodi sinove: Jeuša, Šemarju i Zahama.
Wodzi viŋutsu etɔ̃; woawoe nye Yeus, Semaria kple Zaham.
20 A poslije nje oženio se Abšalomovom kćerju Maakom, koja mu rodi Abiju, Etaja, Zizu i Šelomita.
Emegbe la, Rehoboam gaɖe Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu eye wòdzi Abiya, Atai, Ziza kple Selomit nɛ.
21 Roboam je ljubio Abšalomovu kćer Maaku više od svih svojih žena i inoča, iako je uzeo osamnaest žena i šezdeset inoča i rodio dvadeset i osam sinova i šezdeset kćeri.
Elɔ̃ Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu, wu srɔ̃a bubuawo kple eƒe ahiãviwo. Srɔ̃ wuienyi kple ahiãvi blaade, viŋutsu blaeve-vɔ-enyi kple vinyɔnu blaade nɔ esi.
22 I Roboam postavi Maakina sina Abiju za poglavara i kneza nad njegovom braćom, jer ga je naumio postaviti za kralja.
Rehoboam tɔ asi Maaka ƒe vi, Abiya dzi be wòanye gbãtɔ le fiaviŋutsuawo dome ale be wòaɖu fia ɖe ye yome.
23 I, mudro radeći, razmjesti sinove po svim judejskim i Benjaminovim krajevima, po svim tvrdim gradovima, davši im hrane izobila i poženivši ih sa mnogo žena.
Edze aye, kaka Via ŋutsu bubuawo ɖo ɖe du siwo woglã la me le Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Ena nunɔamesiwo wo fũu eye wòɖe srɔ̃ geɖewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe.