< 1 Kraljevima 9 >

1 Kad je Salomon dovršio gradnju Doma Jahvina, kraljevskog dvora i svega što je namislio graditi,
Esi fia Solomo wu gbedoxɔ la kple fiasã la kple xɔ bubu siwo wòɖo be yeatu nu la,
2 javi se Jahve i drugi put Salomonu, kao što mu se bio javio u Gibeonu.
Yehowa gaɖe eɖokui fiae zi evelia abe ale si wòɖe eɖokui fiae zi gbãtɔ le Gibeon ene.
3 Jahve mu reče: “Uslišio sam molitvu i prošnju koju si mi uputio. Posvetio sam ovaj Dom, koji si sagradio da u njemu prebiva Ime moje dovijeka; moje će oči i srce biti ovdje svagda.
Yehowa gblɔ nɛ be, “Mese wò gbedodoɖa kple wò kokoƒoƒowo; mekɔ gbedoxɔ si nètu la ŋu to nye ŋkɔ dada ɖe edzi me tegbetegbe. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi.
4 A ti, ako budeš hodio preda mnom kako je hodio tvoj otac David, u nevinosti srca i pravednosti, postupao u svemu kako sam ti zapovjedio i ako budeš držao moje zakone i moje naredbe,
“Ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware kple dzimekɔkɔ kpakple dzɔdzɔenyenye abe fofowò David ene, eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la,
5 ja ću učvrstiti zauvijek tvoje kraljevsko prijestolje nad Izraelom, kako sam obećao tvome ocu Davidu kad sam rekao: 'Nikada ti neće nestati nasljednika na prijestolju Izraelovu.'
ekema mana wò fiaɖuƒe nali ke tegbee abe ale si medo ŋugbe na fofowò, David ene esi megblɔ nɛ be, ‘Viwòwo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi!’
6 Ali ako me ostavite, vi i vaši sinovi, ako ne budete držali mojih zapovijedi i zakona koje sam vam dao, ako se okrenete bogovima i budete im služili i klanjali im se,
“Ke ne wò alo viwòwo miede megbe le ŋunye, eye miewɔ nye seawo kple ɖoɖo siwo mede asi na mi dzi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,
7 tada ću istrijebiti Izraela iz zemlje koju sam mu dao; ovaj ću Dom, koji sam posvetio svome Imenu, odbaciti od sebe, i Izrael će biti poruga i podsmijeh svim narodima.
ekema makplɔ Israel dukɔ la adzoe le anyigba si metsɔ na wo la dzi. Maɖe wo le gbedoxɔ sia si ŋu mekɔ na nye ŋkɔ la me eye manya wo le nye ŋkuta. Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.
8 Ovaj je Dom uzvišen, ali svi koji budu uza nj prolazili bit će zaprepašteni; zviždat će i govoriti: 'Zašto je Jahve tako učinio s ovom zemljom i s ovim Domom?'
Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku eye wòaɖu fewu agblɔ be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’
9 A reći će im se: 'Jer su ostavili Jahvu, Boga svoga, koji je izveo oce njihove iz Egipta, a priklonili se drugim bogovima, častili ih i služili im, zato je Jahve pustio na njih sva ova zla.'”
Eye ŋuɖoɖo la anye, ‘Elabena woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo fofowo tso Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe. Nu sia tae Yehowa he dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo.’”
10 Poslije dvadeset godina, za kojih je Salomon sagradio obje zgrade, Dom Jahvin i kraljevski dvor,
Le ƒe blaeve megbe esi Solomo tu xɔ eve siawo: gbedoxɔ la kple eƒe fiasã la vɔ la,
11 a Hiram, kralj Tira, dobavljao mu drvo cedrovo i čempresovo i zlata koliko je god želio, dade tada kralj Salomon Hiramu dvadeset gradova u zemlji galilejskoj.
Fia Solomo tsɔ du blaeve le Galilea na Hiram, Tiro fia elabena Hiram tsɔ sedatiwo kple sesewutiwo kple sika siwo katã wohiã la nɛ.
12 Hiram izađe iz Tira da vidi gradove koje mu je Salomon darovao, ali mu se nisu svidjeli.
Ke esi Hiram tso Tiro yi ɖakpɔ du siwo Solomo tsɔ nɛ la, duawo medze eŋu o.
13 I reče: “Kakvi su to gradovi što si mi ih dao, brate?” I od tada ih zovu “zemlja Kabul” do današnjega dana.
Ebia Fia Solomo be, “Nɔvinye, du ka ƒomeviwoe nye esiawo nènam? Etsɔ ŋkɔ na duawo be ‘Kabul’ si gɔmee nye, ‘Menyo na naneke o.’”
14 A Hiram bijaše poslao kralju stotinu i dvadeset zlatnih talenata.
Fia Hiram ɖo sika si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe ene alafa etɔ̃ la ɖe fia la.
15 Ovako je bilo s rabotom koju je kralj Salomon digao da sagradi Dom Jahvin, svoj dvor, Milo i zidove Jeruzalema, Hasor, Megido i Gezer.
Fia Solomo zi amewo dzi wotu gbedoxɔ, fiasã, Milo mɔ, Yerusalem ƒe gliwo kple Hazor, Megido kple Gezer duwo katã.
16 Faraon, kralj Egipta, krenu u vojni pohod, osvoji Gezer, popali i poubija Kanaance koji su ondje živjeli, zatim dade grad u miraz svojoj kćeri, ženi Salomonovoj,
Gezer nye du si Egipte fia xɔ, tɔ dzoe eye wòwu Israelvi siwo katã nɔ eme. Emegbe la, etsɔ du sia na via nyɔnu si nye Fia Solomo srɔ̃wo dometɔ ɖeka la, abe srɔ̃ɖenunana ene.
17 a Salomon obnovi Gezer, Bet Horon Donji,
Solomo gbugbɔ Gezer kple Bet Horon anyigbetɔ,
18 Baalat, Tamar u pustinji u zemlji,
Baalat kple Tadmɔ siwo nye gbegbe le eƒe anyigba dzi la tu.
19 sve gradove-skladišta koje je Salomon imao, gradove za bojna kola i gradove za konjicu, i sve što je Salomon želio sagraditi u Jeruzalemu, na Libanonu i u svim zemljama koje su mu bile podložne.
Egatu du bubuwo, ɖewo nye nuɖuɖudzraɖoƒewo eye bubuwo nye tasiaɖamwo ƒe du, sɔdolawo ƒe du, hekpe ɖe xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo la.
20 Svim preostalim Amorejcima, Hetitima, Perižanima, Hivijcima i Jebusejcima, koji nisu bili Izraelci,
Ame siwo katã susɔ tso Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o).
21 sinovima njihovim koji ostadoše iza njih u zemlji i koje Izraelci nisu zatrli, Salomon nametnu tešku tlaku do današnjega dana.
Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo, ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene.
22 Sinove Izraelove nije Salomon pretvarao u robove, nego su mu oni bili vojnici, dvorani, vojskovođe, tridesetnici, zapovjednici njegovih bojnih kola i konjice.
Solomo metsɔ Israelviwo wɔ kluviwo o, ke boŋ wozu asrafowo, dɔnunɔlawo, asrafomegãwo, aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo hã.
23 A evo nadzornika koji su upravljali Salomonovim radovima: njih pet stotina i pedeset koji su zapovijedali puku zaposlenu na radovima.
Israelvi alafa atɔ̃ blaatɔ̃ nye ame siwo nye dzizizidɔwɔlawo dzi kpɔlawo.
24 Čim je faraonova kći ušla iz Davidova grada u kuću koju joj Salomon bijaše sagradio, tada on podiže Milo.
Fia Solomo ɖe Farao ƒe vinyɔnu tso David ƒe du ƒe afi si nye Yerusalem ƒe akpa xoxotɔ la me yi xɔ yeye si wòtu nɛ le fiasã me la me. Emegbe la, etu Milo mɔ la hã.
25 Salomon je tri puta u godini prinosio paljenice i pričesnice na žrtveniku koji je podigao Jahvi i palio je kad pred Jahvom. Tako je dovršio Hram.
Esi wowu gbedoxɔ la tutu nu la, Solomo sa numevɔ kple akpedavɔ zi etɔ̃ ƒe sia ƒe le vɔsamlekpui si wòtu na Yehowa la dzi eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ hã le edzi le Yehowa ŋkume.
26 Kralj Salomon je sagradio brodovlje u Esjon-Geberu, koji je kralj Elata, na obali Crvenoga mora, u zemlji edomskoj.
Fia Solomo na wokpa tɔdziʋuwo hã ɖe Ezion Geber si le Elat gbɔ le Ƒu Dzĩ la ta le Edomnyigba dzi.
27 Hiram je poslao na tim lađama svoje sluge, mornare koji su poznavali more, sa slugama Salomonovim.
Hiram ɖo eƒe ame siwo nye ƒudzidɔwɔlawo eye wonya nu tso atsiaƒu ŋu nyuie la ɖa be woawɔ dɔ kple Solomo ƒe amewo le tɔdziʋuawo me.
28 Oni otploviše u Ofir, uzeše odande četiri stotine i dvadeset talenata zlata i donesoše ih kralju Salomonu.
Wode Ofir eye wotsɔ sika kilogram akpe wuiatɔ̃ alafa ɖeka blaeve vɛ na Fia Solomo.

< 1 Kraljevima 9 >