< 1 Kraljevima 5 >

1 Tirski kralj Hiram posla svoje sluge Salomonu, jer bijaše čuo da su ga pomazali za kralja na mjesto njegova oca, a Hiram je svagda bio prijatelj Davidov.
Esi Tiro fia, Hiram se be wosi ami na Solomo heɖoe fiae ɖe fofoa, David teƒe la, eɖo eƒe ame dɔdɔwo ɖe Solomo elabena eya kple David wonye xɔlɔ̃ veviwo.
2 Tada Salomon poruči Hiramu:
Solomo hã ɖo du sia ɖe Hiram:
3 “Ti znaš dobro da moj otac David nije mogao sagraditi Doma imenu Jahve, svoga Boga, zbog ratova kojima su ga okružili neprijatelji sa svih strana, sve dok ih Jahve nije položio pod stopala nogu njegovih.
“Ènya be le aʋa siwo futɔwo tso afi sia afi wɔ kple fofonye, David ta la, fofonye mete ŋu tu gbedoxɔ na Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, va se ɖe esime Yehowa tsɔ eƒe futɔwo de eƒe afɔ te.”
4 Sada mi je Jahve, Bog moj, dao mir posvuda unaokolo: nemam neprijatelja ni zlih udesa.
Fia Solomo yi edzi be, “Ke azɔ la, Yehowa, nye Mawu na ŋutifafa Israel le goawo katã me, dukɔ bubuwo meganye futɔwo nam o,
5 Namjeravam, dakle, sagraditi Dom imenu Jahve, Boga svoga, kako je Jahve rekao mome ocu Davidu: 'Tvoj sin koga ću mjesto tebe postaviti na tvoje prijestolje, on će sagraditi Dom mome Imenu.'
eya ta mele ɖoɖo wɔm be matu gbedoxɔ na Yehowa, nye Mawu, abe ale si wòɖo na fofonye be nyee atui na ye ene. Yehowa gblɔ na fofonye be, ‘Viwò si matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi lae atu gbedoxɔ nam.’
6 Stoga sada zapovjedi da mi nasijeku cedrova na Libanonu; moje će sluge biti sa slugama tvojim, i ja ću platiti nadnicu tvojim slugama prema svemu kako mi odrediš. Ti znaš dobro da u nas nema ljudi koji umiju sjeći drva kao Sidonci.”
“Meɖe kuku na wò be nàkpe ɖe ŋunye le dɔ sia wɔwɔ me. Ɖo wò atitsolawo ɖe Lebanon towo dzi be woatso sedatiwo nam. Maɖo nye amewo ɖa woawɔ dɔ kple tɔwòwo. Maxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la na wò amewo. Wò ŋutɔ ènya be ame aɖeke mele Israel si ate ŋu adze ati abe Sidontɔwo ene o!”
7 Kada je Hiram primio Salomonovu poruku, veoma se obradova i reče: “Neka je blagoslovljen danas Jahve koji je dao mudra sina Davidu, koji upravlja ovim velikim narodom.”
Hiram kpɔ dzidzɔ le Solomo ƒe nya siawo ŋu. Egblɔ be, “Woakafu Yehowa be wòna vi nyanu aɖe David be wòaɖu fia ɖe Israel dukɔ gã la dzi.”
8 I Hiram javi Salomonu: “Primio sam tvoju poruku. Ispunit ću u svemu tvoju želju glede drva cedrova i drva čempresova.
Egblɔ ɖo ɖe Solomo be, “Mese wò nyawo eye mawɔ nu si nèbia. Mate ŋu ana sedati kple sesewuti siaa wò hena xɔa tutu.
9 Moje će ih sluge dopremiti s Libanona na more, složit ću ih u splavi i pustiti ih morem do mjesta koje ćeš mi označiti; ondje ću ih razložiti i ti ćeš ih uzeti. Ti ćeš pak ispuniti moju želju i dati hranu mojoj čeljadi.”
Nye amewo atsɔ atiawo tso Lebanon towo dzi ava da ɖe domeƒu la nu. Woakpe wo ale be míada wo ɖe atsiaƒua dzi, woato ƒugo la ŋu ayi afi si nàhiã wo le. Ekema míakaka wo atsɔ wo na wò ɖekaɖekae. Fetu si nàxe lae nye be nàdi nuɖuɖu na nye amewo.”
10 Hiram je davao Salomonu drva cedrova i čempresova koliko je htio,
Ale Hiram tsɔ sedati kple sesewuti ƒe agbɔsɔsɔ si Solomo ahiã la nɛ
11 a Salomon je davao Hiramu dvadeset tisuća kora pšenice za hranu ljudstvu, i dvadeset tisuća kora ulja od tiještenih maslina. Toliko je Salomon davao Hiramu godinu za godinom.
eye abe fetu ene la, Solomo ɖoa lu dzidzenu akpe alafa ɖeka blaeve vɔ atɔ̃ kple ami galɔn blasiekɛ-vɔ-ade ɖe Hiram ƒe sia ƒe.
12 Jahve je dao mudrost Salomonu, kako mu bijaše obećao; između Hirama i Salomona vladao je mir te oni sklopiše savez.
Ale Yehowa na nunya Solomo abe ale si wòdo ŋugbe nɛ ene. Hiram kple Solomo bla nu kple wo nɔewo hena ŋutifafa.
13 Tada diže kralj Salomon kulučare iz svega Izraela; kulučara je bilo u svemu trideset tisuća ljudi.
Solomo ƒo dɔwɔla akpe blaetɔ̃ nu ƒu tso Israelnyigba blibo la dzi.
14 Slao ih je naizmjence na Libanon, svakog mjeseca deset tisuća ljudi: bili su mjesec dana na Libanonu, a dva mjeseca kod kuće. Adoniram je bio nad svim kulučarima.
Eɖoa ame akpe ewo ɖe Lebanon wonɔa afi ma ɣleti ɖeka ale ame sia ame nɔa Lebanon ɣleti ɖeka eye wònɔa aƒe ɣleti eve. Dɔwɔlawo dzikpɔlae nye Adoniram.
15 Salomon je imao i sedamdeset tisuća nosača tereta, osamdeset tisuća kamenorezaca u gori,
Dɔwɔla bubu akpe blaadre kple kpekpala akpe blaenyi hã nɔ Solomo si le tonyigba la dzi,
16 ne računajući glavara službeničkih koji su upravljali poslovima; njih je bilo tri tisuće i tri stotine, a upravljali su narodom zaposlenim na radovima.
hekpe ɖe dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa etɔ̃ ŋu.
17 Kralj je zapovjedio da lome gromade biranog kamena i da ih klešu za temelje Hrama.
Kpekpalawo ku kpe gãwo le kpekuƒewo eye wokpa wo wozu gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpewo.
18 Graditelji Salomonovi i Hiramovi, i oni iz Gibela, tesali su i pripremali drvo i klesali za gradnju Hrama.
Wogblẽ ga geɖe le dɔ sia wɔwɔ me. Amewo tso Gebal va kpe ɖe Solomo kple Hiram ƒe xɔtulawo ŋu le atidzedze kple kpekpakpa na gbedoxɔ la me.

< 1 Kraljevima 5 >