< 1 Kraljevima 21 >

1 Nakon tih događaja dogodilo se ovo: Nabot Jizreelac imao vinograd kraj palače Ahaba, kralja samarijskog,
Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nya aɖe va dzɔ ku ɖe Nabɔt, Yezreltɔ ƒe waingble ŋuti. Waingble la nɔ Yezreel eye wòte ɖe Samaria fia, Ahab ƒe fiasã ŋu.
2 i Ahab ovako reče Nabotu: “Ustupi mi svoj vinograd da mi bude za povrtnjak jer je blizu moje kuće. Ja ću ti dati za nj bolji vinograd, ili, ako to želiš, dat ću ti novca koliko vrijedi.”
Gbe ɖeka la, Fia Ahab bia Nabɔt be wòadzra anyigba la na ye. Fia la ɖe eme nɛ be, “Medi be mawɔ abɔ aɖe ɖe anyigba sia dzi elabena ete ɖe nye fiasã la ŋu. Egblɔ be yeaxe ga ɖe eta gake ne elɔ̃ la, yeatsɔ anyigba bubu si nyo wu etɔ la aɖo eteƒe nɛ.”
3 Ali Nabot reče Ahabu: “Jahve me sačuvao od toga da ti ustupim baštinu svojih otaca!”
Ke Nabɔt ɖo eŋu be, “Anyigba sia nye tɔgbuinyigba na mí. Naneke mana maɖe asi le eŋu na wò o.”
4 Ahab se vrati kući mrk i ljutit zbog riječi koju mu je Nabot Jizreelac rekao: “Ne dam ti baštine svojih otaca.” Legao je na postelju i okrenuo lice i nije htio okusiti hrane.
Ale Ahab tsɔ dɔmedzoe kple moyɔyɔ trɔ yi eƒe fiasã me. Egbe nuɖuɖu, eye wòɖamlɔ anyi hetrɔ mo ɖo ɖe gli ŋu!
5 Dođe mu njegova žena Izebela i reče: “Zašto si zlovoljan i ne mariš za hranu?”
Srɔ̃a, Yezebel biae be, “Nya kae dzɔ ɖe dziwò? Nu kae na nètɔtɔ eye nèdo dɔmedzoe ale?”
6 On joj odgovori: “Govorio sam Nabotu Jizreelcu i rekao mu: 'Ustupi mi svoj vinograd za novac, ili, ako ti je draže, dat ću ti drugi vinograd za taj.' Ali mi je on rekao: 'Ne dam ti svoga vinograda.'”
Ahab ɖo eŋu nɛ be, “Mebia Nabɔt be wòadzra eƒe anyigba nam alo wòaɖɔ lii kple tɔnye aɖe, ke egbe!”
7 Tada mu žena Izebela reče: “Jesi li ti onaj koji kraljuje nad Izraelom! Ustani i jedi i budi dobre volje. Ja ću ti pribaviti vinograd Nabota Jizreelca.”
Yezebel biae be, “Wòe nye Israel fia loo alo menye wòe o? Fɔ, nàɖu nu, mègatsi dzimaɖeɖi le nya sia ŋu kura o. Maxɔ Nabɔt ƒe waingble la na wò bɔbɔe!”
8 I napisa ona pisma u ime Ahabovo i zapečati ih kraljevskim pečatom. Pisma je poslala starješinama i glavarima Nabotovim sugrađanima.
Ale Yezebel ŋlɔ agbalẽwo ɖe Fia Ahab ƒe ŋkɔ me, tre enu kple Ahab ƒe ŋkɔsigɛ eye wòɖo wo ɖe Yezreel ƒe dumegã siwo nɔ teƒe ɖeka kple Nabɔt.
9 U tim je pismima napisala: “Proglasite post i postavite Nabota na čelo naroda.
Eɖe gbe na wo le agbalẽawo me be, “Miƒo ƒu dua me tɔwo hena nutsitsidɔ kple gbedodoɖa. Emegbe la, miayɔ Nabɔt
10 Postavite prema njemu dva nitkova koji će ga optužiti: 'Proklinjao si Boga i kralja!' Tada ga izvedite i kamenujte ga da pogine.”
eye miadi ame vlo eve siwo aka aʋatso ɖe Nabɔt si, atso enu be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ekema miakplɔe do goe le dua me eye miaƒu kpee wòaku.”
11 I učiniše ljudi Nabotova grada, starješine i glavari, kako im je Izebela zapovjedila i kako je pisalo u pismima koja im je uputila.
Dumegãwo kple bubume siwo le dua me la wɔ nu si Yezebel ŋlɔ ɖo ɖa wo be woawɔ la.
12 Proglasiše post i Nabota postaviše na čelo naroda.
Woƒo ƒu ameawo eye wodrɔ̃ ʋɔnu Nabɔt.
13 Tada dođoše dva nitkova, sjedoše mu nasuprot i optužiše Nabota pred narodom: “Nabot je proklinjao Boga i kralja.” I tako izvedoše Nabota izvan grada, zasuše ga kamenjem i on pogibe.
Ame eve aɖe siwo si dzitsinya nyui menɔ o la ka aʋatso ɖe Nabɔt si be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ale wohee yi dua godo eye woƒu kpee wòku.
14 Zatim poručiše Izebeli: “Nabot je kamenovan i umro je.”
Le esia megbe la, dumegãwo ɖo du ɖe Yezebel be Nabɔt ku.
15 Pošto je Izebela čula da je Nabot kamenovan i da je umro, reče Ahabu: “Ustani i zaposjedni vinograd što ti ga Nabot Jizreelac ne htjede ustupiti za novac. Nabot više nije živ, on je mrtav.”
Esi Yezebel se be Nabɔt ku la, egblɔ na Ahab be, “Waingble si Nabɔt gbe be yemadzra na wò o la, fifia àte ŋu axɔe azɔ; Nabɔt ku!”
16 Kada je Ahab doznao da je Nabot mrtav, ustade i siđe u vinograd Nabota Jizreelca da ga zaposjedne.
Ale Ahab yi waingble la me be yeaxɔe wòazu ye tɔ.
17 Tada bi upućena riječ Jahvina Iliji Tišbijcu:
Ke Yehowa gblɔ na Eliya, Tisbitɔ be,
18 “Ustani i siđi u Samariju, u susret Ahabu, kralju izraelskom. Eno ga u vinogradu Nabotovu u koji je sišao da ga zaposjedne.
“Yi Fia Ahab gbɔ le Samaria. Anɔ Nabɔt ƒe wainbɔ me, axɔe abe etɔe ene.
19 Reci mu: 'Ovako veli Jahve: Umorio si, oteo si! Zato ovako veli Jahve: Na mjestu gdje su psi lizali Nabotovu krv, lizat će psi i tvoju.'”
Gblɔ nye nya siawo nɛ be, ‘Nabɔt wuwu mesɔ gbɔ na wò oa? Ɖe wòle be nàda adzoe hã? Esi nèwɔ esia ta la, avuwo ano wò ʋu le dua godo abe ale si wono Nabɔt tɔ ene!’”
20 Ahab reče Iliji: “Nađe li me, neprijatelju moj?” Ilija odgovori: “Nađoh te, jer si se prodao da činiš što je zlo u očima Jahvinim.
Ahab gblɔ na Eliya be, “Oo nye futɔ, èke ɖe ŋunye!” Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Meke ɖe ŋuwò elabena ètsɔ ɖokuiwò dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume.
21 Evo, tek što nisam navukao na te nesreću. Pomest ću tvoje potomstvo, istrijebiti Ahabu sve što mokri uza zid, robove i slobodnjake u Izraelu.
Mahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò, matsrɔ̃ wò dzidzimeviwo eye maɖe ŋutsu ɖe sia ɖe ɖa le Ahab ŋu le Israel, eɖanye ablɔɖevi alo kluvi o.
22 Učinit ću s tvojom kućom kao s kućom Jeroboama, sina Nebatova, i s kućom Baše, sina Ahijina, jer si me rasrdio i naveo Izraela na grijeh.
Mawɔ wò aƒe abe Yeroboam, Nebat ƒe vi tɔ ene eye abe Baasa, Ahiya ƒe vi tɔ ene elabena èdo dziku nam eye nèna Israel ge ɖe nu vɔ̃ me.
23 I nad Izebelom reče Jahve: psi će proždrijeti Izebelu na Jizreelskom polju.
“Azɔ la, Yehowa gblɔ nam ku ɖe Yezebel ŋuti be, ‘Avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel ƒe gliwo gbɔ.’
24 Tko od obitelji Ahabove umre u gradu, psi će ga izjesti, a tko umre u polju, pojest će ga ptice nebeske.”
“Avuwo aɖu Ahab ƒe aƒemetɔ siwo aku ɖe dua me eye dziƒoxeviwo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.”
25 Doista, nitko se nije prodao tako kao Ahab da čini što je zlo u očima Jahvinim, jer ga je zavodila njegova žena Izebela.
Ame aɖeke meganɔ anyi kpɔ abe Ahab ene, ame si tsɔ eɖokui dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume o elabena srɔ̃a Yezebel ye do ŋusẽe.
26 Činio je vrlo odvratna djela: išao je za idolima baš kao što su činili Amorejci, koje je Jahve protjerao ispred Izraelaca.
Ewɔ ŋunyɔnu geɖewo to legbawo yomedzedze me abe Amoritɔ siwo Yehowa nya le Israel ŋgɔ la ene.
27 Kad je Ahab čuo te riječi, razdrije svoje haljine i stavi kostrijet na tijelo; i postio je, u kostrijeti je spavao i naokolo išao tiho jecajući.
Esi Ahab se nya siawo la, edze eƒe awuwo heta akpanya eye wotsi nu dɔ. Enɔ akpanya me henɔ yiyim nublanuitɔe.
28 Tada dođe riječ Jahvina Iliji Tišbijcu:
Tete Yehowa ƒe gbe va na Eliya, Tisbitɔ la be,
29 “Jesi li vidio kako se Ahab preda mnom ponizio? Budući da se tako ponizio preda mnom, neću zla pustiti za njegova života; u vrijeme njegova sina pustit ću zlo na kuću njegovu.”
“Èkpɔ ale si Ahab bɔbɔ eɖokui le ŋkunye mea? Esi wòbɔbɔ eɖokui ta la, nyemahe dzɔgbevɔ̃e la vɛ le eƒe ŋkekewo me o, ke boŋ mahee va eƒe aƒe dzi le via ƒe ŋkekewo me.”

< 1 Kraljevima 21 >