< 1 Ivanova 5 >
1 Tko god vjeruje: “Isus je Krist”, od Boga je rođen. I tko god ljubi roditelja, ljubi i rođenoga.
Ame sia ame si xɔe se be Yesue nye Kristo la la, wodzii tso Mawu me, eye ame sia ame si lɔ̃a Fofo la la, lɔ̃a Via hã.
2 Po ovom znamo da ljubimo djecu Božju: kad Boga ljubimo i zapovijedi njegove vršimo.
Esiae nye ale si míenyana be míelɔ̃a Mawu Viwo: to Mawu lɔlɔ̃ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ me.
3 Jer ljubav je Božja ovo: zapovijedi njegove čuvati. A zapovijedi njegove nisu teške.
Esiae nye lɔlɔ̃ na Mawu: be woawɔ eƒe seawo dzi, elabena eƒe sewo mesesẽ o.
4 Jer sve što je od Boga rođeno, pobjeđuje svijet. I ovo je pobjeda što pobijedi svijet: vjera naša.
Elabena ame si wodzi le Mawu me la ɖu xexea me dzi. Míaƒe xɔsee nye nu si ɖu xexea me dzi.
5 Ta tko to pobjeđuje svijet ako ne onaj tko vjeruje da je Isus Sin Božji?
Ame kae nye ame si ɖu xexea me dzi? Ame si xɔe se be Yesue nye Mawu Vi la koe.
6 On, Isus Krist, dođe kroz vodu i krv. Ne samo u vodi nego - u vodi i krvi. I Duh je koji svjedoči jer Duh je istina.
Yesu Kristoe nye ame si va to tsi kple ʋu me. Meva to tsi me ɖeɖe ko o, ke boŋ to tsi kple ʋu me. Eye Gbɔgbɔ lae le ɖase ɖim le nu sia ŋu, elabena Gbɔgbɔ lae nye nyateƒe la.
7 Jer troje je što svjedoči:
Ame etɔ̃e li, ame siwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.
8 Duh, voda i krv; i to je troje jedno.
Eye ame etɔ̃ siawo le ɖase ɖim le anyigba dzi, woawoe nye Gbɔgbɔ la, Tsi la kple Ʋu la, eye wo katã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka.
9 Ako primamo svjedočanstvo ljudi, svjedočanstvo je Božje veće. Jer ovo je svjedočanstvo Božje, kojim je svjedočio za Sina svoga:
Míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖiwo, ke Mawu ƒe ɖase si wòɖi le Via ŋu la de ŋgɔ sãa wu esiawo.
10 Tko vjeruje u Sina Božjega, ima to svjedočanstvo Božje u sebi. Tko ne vjeruje Bogu, učinio ga je lašcem jer nije vjerovao u svjedočanstvo kojim je svjedočio Bog za Sina svoga.
Eya ta ame sia ame si xɔa Mawu Vi la dzi sena la ɖia ɖase le eƒe dzi me. Eye ame si mexɔa Mawu dzi se o la, ewɔ Mawu aʋatsokalae, elabena mexɔ ɖase si Mawu ɖi le Via ŋu la dzi se o.
11 I ovo je svjedočanstvo: Bog nam je dao život vječni; i taj je život u Sinu njegovu. (aiōnios )
Ke ɖaseɖiɖi lae nye esi be Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe mavɔ sia le Via me. (aiōnios )
12 Tko ima Sina, ima život; tko nema Sina Božjega, nema života.
Ame si si Vi la le la agbe le esi, eye ame si si Mawu Vi la mele o la, agbe mele esi o.
13 To napisah vama koji vjerujete u ime Sina Božjega da znate da imate život vječni. (aiōnios )
Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi ame siwo xɔ Mawu Vi la ƒe ŋkɔ dzi se la, ale be mianya be agbe mavɔ le mia si. (aiōnios )
14 I ovo je pouzdanje koje imamo u njega: ako što ištemo po volji njegovoj, uslišava nas.
Kakaɖedzi sia le mía si le tete ɖe Mawu ŋu me, be ne míebia nu si sɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃nu dzi la, eɖoa to mí.
15 I znamo li da nas uslišava u svemu što ištemo, znamo da već imamo što smo od njega iskali.
Eye ne míenyae be eɖoa to mí la, ekema nu sia nu si míebiae la, míenyae be míaƒe asi su edzi xoxo.
16 Vidi li tko brata svojega gdje čini grijeh koji nije na smrt, neka ište i dat će mu život - onima koji čine grijeh što nije na smrt. Ima grijeh što je na smrt; za nj ne velim da moli.
Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa, ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Mele esia gblɔm ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yia ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o.
17 Svaka je nepravda grijeh. A postoji grijeh koji nije na smrt.
Nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi nye nu vɔ̃, gake nu vɔ̃ aɖewo li siwo mehea ame yia ku mee o.
18 Znamo: tko god je rođen od Boga, ne griješi; nego Rođeni od Boga čuva ga i Zli ga se ne dotiče.
Minyae kɔtɛe be ne wodzi ame aɖe tso Mawu me la, meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o; Mawu Vi la ŋutɔ kpɔa eta be wònɔna dedie, eye Vɔ̃ɖitɔ la metea ŋu kaa asi eŋu o.
19 Znamo: od Boga smo, a sav je svijet pod Zlim.
Míenyae be Mawu viwoe míenye, eye be xexea me blibo la le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.
20 Znamo: Sin je Božji došao i dao nam razum da poznamo Istinitoga. I mi smo u Istinitom, u Sinu njegovu, Isusu Kristu. On je Bog istiniti i Život vječni. (aiōnios )
Míenyae hã be Mawu Vi la va, eye wòna nugɔmesese mí, ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la. (aiōnios )
21 Dječice, klonite se idola!
Vinye lɔlɔ̃awo, miɖe mia ɖokuiwo ɖa le legbawo gbɔ.