< 1 Ljetopisa 22 >

1 Zato David reče: “Ovo je Dom Jahve i ovo je žrtvenik za paljenice Izraelu!”
Ale David gblɔ be, “Yehowa Mawu ƒe aƒe la anɔ afi sia eye nenema kee anye vɔsamlekpui si dzi Israel asa vɔ le.”
2 David zapovjedi da se skupe stranci koji su bili u izraelskoj zemlji i odredi klesare da propisno klešu kamenje za gradnju Doma Božjeg.
Azɔ la, David na be amedzro siwo katã nɔ Israelnyigba dzi la nakpa kpe na gbedoxɔ la tutu.
3 David je pripravio mnogo željeza za čavle na vratnim krilima i za kvačice; i bez mjere mnogo tuča.
Emegbe la, wotsɔ gayibɔ tu gatagbadzɛwo na ʋɔtruwo kple agbowo kple nulégawo. Wololo akɔbli wòsɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu adae o.
4 Mnogo cedrovine, jer su Sidonci i Tirci dovozili mnogo cedrovih drva Davidu.
Tirotɔwo kple Sidontɔwo tso sedati geɖewo vɛ na David.
5 Jer David mišljaše: “Moj je sin Salomon mlad i nježan, a Dom koji treba graditi Jahvi mora biti veličanstven, na slavu i čast po svim zemljama. Hajde da mu sve pripravim.” I David je pripravio mnogo toga prije svoje smrti.
David gblɔ be, “Vinye Solomo nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, evɔ ele be Yehowa ƒe gbedoxɔ la nanye xɔ nyui, wɔnuku, xɔŋkɔ aɖe le xexe blibo la me eya ta made asi dzadzraɖowɔwɔ me na etutu tso fifia.” Ale David ƒo ƒu xɔtunuawo da ɖi hafi eƒe kuɣi ɖo.
6 Potom dozva sina Salomona i zapovjedi mu da sagradi Dom Jahvi, Bogu Izraelovu.
Azɔ la, egblɔ na ƒe via Solomo be wòatu gbedoxɔ la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
7 Još David reče Salomonu: “Sine! Bio sam nakanio u srcu da sagradim Dom imenu Jahve, svoga Boga.
Egblɔ na Solomo be, “Vinye, medi be nye ŋutɔ matu gbedoxɔ la hafi,
8 Ali mi je došla Jahvina riječ: 'Mnogo si krvi prolio i velike si ratove vodio; nećeš ti graditi Doma mome imenu jer si mnogo krvi prolio na zemlju preda mnom.
ke Yehowa meɖe mɔ nam o. Egblɔ nam be, ‘Èwu ame geɖewo akpa le aʋa gãwo me. Èna anyigba biã le nye ŋkume eya ta menye wòe atu nye gbedoxɔ la o.
9 Gle, rodit će ti se sin; on će biti miroljubac i dat ću mu mir od svih njegovih neprijatelja odasvud unaokolo; ime će mu biti Salomon. Mir i pokoj dat ću Izraelu za njegova vremena.
Ke mana nàdzi viŋutsu aɖe ame si anye ŋutifafame aɖe elabena mana ŋutifafa nanɔ eya kple futɔwo dome le dukɔ siwo ƒo xlã mi la me. Woayɔe be Solomo, si gɔmee nye, “Ŋutifafa” eye mana ŋutifafa kple dzidzeme Israel le eƒe fiaɖuɣi.
10 On će sagraditi Dom mome imenu, on će mi biti sin, a ja ću njemu biti otac i utvrdit ću njegovo kraljevsko prijestolje nad Izraelom zauvijek.'
Eyae atu nye gbedoxɔ la, anɔ abe nye ŋutɔ vinye ene eye manye fofoa. Mana ƒe viawo kple viawo ƒe viwo naɖu fia to Israel ƒe dzidzimewo katã me!’
11 Sada, moj sine, neka bude Jahve s tobom da izvršiš i sagradiš Dom Jahve, svoga Boga, kao što je rekao za te.
“Eya ta Yehowa nanɔ kpli wò eye wòana nuwo nadze edzi na wò esi nànɔ nu siwo wòɖo na wò la wɔm eye nànɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tum.
12 Samo neka ti Jahve poda razum i mudrost kad te postavi nad Izraelom zato da se držiš Zakona Jahve, svoga Boga!
Yehowa nana gɔmesese wò ale be nàlé eƒe sewo me ɖe asi ne eɖo wò fiae ɖe Israel dzi.
13 Bit ćeš sretan budeš li brižno vršio uredbe i zakone koje je Jahve preko Mojsija dao Izraelu. Budi junak i hrabar, ne boj se i ne plaši se!
“Eya ta ne èlé se kple ɖoɖo siwo wòna Israel to Mose dzi me ɖe asi la, nuwo adze edzi na wò. Wɔ kalẽ eye nàlé dzi ɖe ƒo; mègavɔ̃ o, ke boŋ nàtsɔ dzo ɖe wò dɔwo ŋu!
14 Ja sam, evo, svojim trudom pripravio za Dom Jahvin sto tisuća zlatnih talenata i milijun srebrnih talenata, a tuča i željeza bez mjere, jer ga je tako mnogo. Pripravio sam i drva i kamenja, a i ti dodaj nešto k tomu.
“Metsɔ dzigbɔɖi blibo di sika ‘tɔn’ akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃, klosalo ‘tɔn’ akpe blaetɔ̃-vɔ-ene alafa atɔ̃ kple akɔbli kple gayibɔ kpekpeme gã aɖe hekpe ɖe ati kple kpe ŋu hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu; mɔɖeɖe li be miadi nu siawo akpe wo faa.
15 Imaš mnogo valjanih radnika, klesara, zidara, tesara i svakovrsnih vještaka u svakom umijeću;
Gawu la, kpeɖolawo kple atikpalawo kple aɖaŋudɔwɔla vovovowo le asiwò.
16 zlatu, srebru, tuču i željezu nema mjere; idi, dakle, i gradi, i neka Jahve bude s tobom!”
Aɖaŋudɔwɔla siawo nya sika, klosalo, akɔbli kple gayibɔ ŋu dɔ wɔwɔ nyuie eya ta dze dɔ la gɔme eye Yehowa nanɔ kpli wo.”
17 Tada David zapovjedi svim izraelskim knezovima da pomažu njegovu sinu Salomonu:
Ale David ɖe gbe na Israel ƒe kplɔlawo katã be woakpe ɖe ye vi, Solomo ŋu le gbedoxɔ la tutu me.
18 “Nije li s vama Jahve, Bog vaš, koji vam je dao mir odasvud unaokolo jer je predao u moje ruke stanovnike ove zemlje i zemlja je pokorena pred Jahvom i pred njegovim narodom.
Egblɔ be, “Yehowa, miaƒe Mawu la nanɔ kpli mi. Ena ŋutifafa ɖo miawo kple dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome elabena Yehowa ƒe ŋkɔ mee meɖu wo dzi le hena eƒe amewo.
19 Sada, dakle, pregnite svojim srcem i svojom dušom da tražite Jahvu, svoga Boga; idite i gradite Svetište Bogu Jahvi, unesite Kovčeg saveza Jahvina i Božje sveto posuđe u Dom koji će se sagraditi Jahvinu imenu!”
Azɔ la, midze agbagba le go ɖe sia ɖe me be, miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la eye miatsɔ nubablaɖaka la kple nu kɔkɔe bubu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me!”

< 1 Ljetopisa 22 >