< 1 Ljetopisa 13 >

1 David je vijećao s tisućnicima, stotnicima i sa svim vođama.
David de aɖaŋu kple eƒe aʋafiawo kple asrafo akpewo kple alafawo nunɔlawo.
2 I reče on svemu zboru Izraelovu: “Ako vam je pravo te ako je naš Bog Jahve odlučio tako, poslat ćemo glasnike k svojoj ostaloj braći u svim izraelskim zemljama, a tako i svećenicima s njima i levitima po gradovima pašnjaka njihovih, da se ujedine s nama.
Emegbe la, egblɔ na Israel ha blibo la be, “Nenye be edze mia ŋu eye wònye Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu la, mina míaɖo du ɖe kpuiƒe kple didiƒe siaa ɖe mía nɔvi mamlɛ siwo le Israel ƒe anyigbawo katã dzi. Nenema ke míaɖo du ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo, ame siwo nɔ anyi kpli wo le woƒe duwo kple lãnyiƒewo me be woava kpe ɖe mía ŋu.
3 Prenijet ćemo k sebi Kovčeg svoga Boga, jer ga nismo doista tražili za Šaulovih dana.”
Mina míaɖatsɔ míaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va mía gbɔe elabena míebia eta le Saul ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me o.”
4 Sav zbor odluči da se tako učini, jer je to bilo pravo u očima svega naroda.
Ame sia ame lɔ̃ ɖe nya sia dzi enumake elabena nya la dze wo ŋu.
5 Tako je David sabrao sav narod Izraelov od Egipatskoga Šihora pa do Ulaza u Hamat da donesu Kovčeg Božji iz Kirjat Jearima.
Ale David yɔ Israelviwo katã tso Sihor tɔsisi le Egipte ŋu va se ɖe Hamat ƒe mɔnu ale be woanɔ anyi hafi woatsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ tso Kiriat Yearim.
6 Pošao je David sa svim Izraelom u Baalu, u Kirjat Jearim, koji je u Judi, da odande ponesu Kovčeg Božji nazvan imenom Jahve, koji stoluje nad kerubinima.
Ale Fia David kple Israel dukɔ blibo la yi Baala, si nye Kiriat Yearim le Yuda be yewoatsɔ Mawu Yehowa ƒe nubablaɖaka si woda ɖe kerubiwo tame la vɛ.
7 Povezli su Kovčeg Božji na novim kolima iz Abinadabove kuće; a Uza i Ahjo upravljali su kolima.
Wotsɔe da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi tso Abinadab ƒe aƒe me. Uza kple Ahio kplɔ nyiawo.
8 David i sav Izrael igrali su pred Bogom iz sve snage pjevajući uza zvuke citara, harfa, bubnjeva, cimbala i truba.
David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Mawu ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, asiʋuiwo, gakogoewo kple kpẽwo ƒe ɖiɖi ŋu.
9 Kad su došli do Kidonova gumna, posegnu Uza rukom da pridrži Kovčeg jer ga volovi umalo ne prevrnuše.
Ke esi woɖo lugbɔƒe le Kidon la, Uza do asi ɖa be yeadzɔ nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu.
10 Ali se Jahve razgnjevio na Uzu i udario ga zato što je pružio ruku prema Kovčegu. Umro je ondje pred Bogom.
Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu eye wòwui ɖe esi wòka asi nubablaɖaka la ŋu ta. Ale Uza ku ɖe afi ma le Mawu ƒe ŋkume.
11 Davidu bijaše žao što je Jahve onako udario Uzu i on prozva ono mjesto Peres Uza, kako se zove i dan-danas.
David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be, Perez Uza si, gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe.
12 Toga se dana David uplaši Boga i reče: “Kako ću donijeti k sebi Kovčeg Božji?”
Azɔ David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke mawɔ hafi ate ŋu atsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?”
13 Nije dao svratiti Kovčega k sebi u Davidov grad nego ga skloni u kuću Obed-Edoma Gitejca.
Eya ta David metsɔ nubablaɖaka la va eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, ke boŋ ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me.
14 I ostade Kovčeg Božji kod Obed-Edomove obitelji, u njegovoj kući, tri mjeseca. Jahve stoga blagoslovi Obed-Edomovu kuću i sve što je imao.
Nubablaɖaka la nɔ afi ma le Obed Edom kple eƒe ƒometɔwo gbɔ ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom ƒe ƒome kple nu sia nu si le esi.

< 1 Ljetopisa 13 >