< ⲦⲒⳘⲞⲐⲈⲞⲤ Ⲁ ̅ 2 >
1 ⲁ̅ ϮϮϨⲞ ⲞⲨⲚ ⲚϢⲞⲢⲠ ⲚϨⲰⲂ ⲚⲒⲂⲈⲚ ⲈⲒⲢⲒ ⲚϨⲀⲚⲦⲰⲂϨ ⲚⲈⲘ ϨⲀⲚⲠⲢⲞⲤⲈⲨⲬⲎ ϨⲀⲚⲤⲈⲘⲒ ϨⲀⲚϢⲈⲠϨⲘⲞⲦ ⲈϨⲢⲎⲒ ⲈϪⲈⲚ ⲢⲰⲘⲒ ⲚⲒⲂⲈⲚ.
Eya ta mele nu xlɔ̃m amewo be do ŋgɔ na nu sia nu la, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔɖeakɔwo kple akpedada ɖe amewo katã ta,
2 ⲃ̅ ⲈϪⲈⲚ ⲚⲒⲞⲨⲢⲰⲞⲨ ⲚⲈⲘ ⲈϪⲈⲚ ⲞⲨⲞⲚ ⲚⲒⲂⲈⲚ ⲈⲦϬⲞⲤⲒ ϨⲒⲚⲀ ⲚⲦⲞⲨϢⲰⲠⲒ ϦⲈⲚⲞⲨⲰⲚϦ ⲈϤϨⲞⲨⲢⲰⲞⲨ ⲞⲨⲞϨ ⲚⲢⲈⲘⲢⲀⲨϢ ϦⲈⲚⲘⲈⲦⲈⲨⲤⲈⲂⲎ ⲤⲚⲒⲂⲈⲚ ⲚⲈⲘ ⲘⲈⲦⲤⲈⲘⲚⲞⲤ ⲚⲒⲂⲈⲚ.
ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye siaa me.
3 ⲅ̅ ⲪⲀⲒ ⲚⲀⲚⲈϤ ⲞⲨⲞϨ ϤϢⲎⲠ ⲘⲠⲈⲘⲐⲞ ⲘⲪⲚⲞⲨϮ ⲠⲈⲚⲤⲰⲦⲎⲢ.
Esia nyo, eye wòdze Mawu mía Ɖela la ŋu.
4 ⲇ̅ ⲪⲀⲒ ⲈⲐⲞⲨⲰϢ ⲚⲦⲈⲢⲰⲘⲒ ⲚⲒⲂⲈⲚ ⲚⲞϨⲈⲘ ⲞⲨⲞϨ ⲚⲤⲈⲒ ⲈⲠⲤⲞⲨⲈⲚ ϮⲘⲈⲐⲘⲎⲒ.
Edi vevie be ame sia ame nakpɔ ɖeɖe, eye wòase nyateƒe sia gɔme be:
5 ⲉ̅ ⲞⲨⲀⲒ ⲄⲀⲢ ⲠⲈ ⲪⲚⲞⲨϮ ⲞⲨⲞϨ ⲞⲨⲀⲒ ⲠⲈ ⲠⲒⲘⲈⲤⲒⲦⲎⲤ ⲚⲦⲈⲪⲚⲞⲨϮ ⲚⲈⲘ ⲚⲒⲢⲰⲘⲒ ⲞⲨⲢⲰⲘⲒ ⲠⲬⲢⲒⲤⲦⲞⲤ ⲒⲎⲤ
Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene la koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo.
6 ⲋ̅ ⲪⲀⲒ ⲈⲦⲀϤⲦⲎⲒϤ ⲚⲤⲰϮ ⲈϪⲈⲚ ⲞⲨⲞⲚ ⲚⲒⲂⲈⲚ ⲠⲒⲘⲈⲐⲢⲈ ϦⲈⲚⲠⲈϤⲤⲎⲞⲨ
Ewɔ esia esi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe amewo katã ta. Esia nye ɖaseɖiɖi si Mawu tsɔ na xexea me le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.
7 ⲍ̅ ⲪⲀⲒ ⲀⲚⲞⲔ ⲈⲦⲀⲨⲬⲀⲦ ⲚⲀϤ ⲚⲢⲈϤϨⲒⲰⲒϢ ⲚⲈⲘ ⲀⲠⲞⲤⲦⲞⲖⲞⲤ ⲐⲘⲎⲒ ⲠⲈϮϪⲰ ⲘⲘⲞⲤ ⲚϮϪⲈⲘⲈⲐⲚⲞⲨϪ ⲀⲚ ⲪⲢⲈϤϮⲤⲂⲰ ⲚⲦⲈϨⲀⲚⲈⲐⲚⲞⲤ ϦⲈⲚⲞⲨⲚⲀϨϮ ⲚⲈⲘ ⲞⲨⲘⲈⲐⲘⲎⲒ.
Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wotiam be manye Mawu ƒe apostolo kple nyanyuidɔgbedela si agblɔ nyateƒe sia na ame siwo menye Yudatɔwo o; afia Mawu ƒe ɖoɖo amewo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me.
8 ⲏ̅ ϮⲞⲨⲰϢ ⲞⲨⲚ ⲚⲦⲈⲢⲰⲘⲒ ⲚⲒⲂⲈⲚ ⲦⲰⲂϨ ϦⲈⲚⲘⲀⲒ ⲚⲒⲂⲈⲚ ⲈⲨϤⲀⲒ ⲚϨⲀⲚϪⲒϪ ⲈⲠϢⲰⲒ ⲈⲨⲞⲨⲀⲂ ⲬⲰⲢⲒⲤ ϪⲰⲚⲦ ⲚⲈⲘ ⲘⲞⲔⲘⲈⲔ.
Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu, ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me.
9 ⲑ̅ ⲠⲀⲒⲢⲎϮ ⲞⲚ ⲚⲒϨⲒⲞⲘⲒ ⲈⲨϦⲈⲚ ⲞⲨⲘⲈⲦⲤⲀⲒ ⲚϨⲎⲦ ⲈⲤⲞⲢϤ ⲚⲈⲘ ⲞⲨⲘⲈⲦϪⲪⲒⲎϮ ⲚⲈⲘ ⲞⲨⲤⲀⲂⲈ ⲈⲨⲤⲞⲖⲤⲈⲖ ⲘⲘⲰⲞⲨ ϦⲈⲚϨⲀⲚϨⲰⲖⲔ ⲀⲚ ⲚⲈⲘ ϨⲀⲚⲚⲞⲨⲂ ⲚⲈⲘ ϨⲀⲚⲀⲚⲀⲘⲎⲒ ⲒⲈ ϦⲈⲚⲞⲨϬⲒϨⲂⲰⲤ ⲈⲚⲀϢⲈⲚⲤⲞⲨⲈⲚϤ.
Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzɛnyenye kple nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo kple dzonu xɔasiwo dede kple avɔ xɔasiwo tata me o,
10 ⲓ̅ ⲀⲖⲖⲀ ⲠⲈⲦϨⲢⲀⲨ ⲚⲚⲒϨⲒⲞⲘⲒ ϬⲒ ⲘⲘⲞϤ ⲈⲨⲰϢ ϦⲈⲚⲞⲨⲘⲈⲦⲐⲈⲞⲤⲈⲂⲎⲤ ⲈⲂⲞⲖ ϦⲈⲚϨⲀⲚϨⲂⲎⲞⲨⲒ ⲈⲚⲀⲚⲈⲨ
ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si dze nyɔnu siwo ʋua eme be yewonye mawusubɔlawo.
11 ⲓ̅ⲁ̅ ⲞⲨⲤϨⲒⲘⲒ ⲘⲀⲢⲈⲤϬⲒⲤⲂⲰ ϦⲈⲚⲞⲨⲘⲈⲦⲢⲈⲘⲢⲀⲨϢ ⲚϦⲢⲎⲒ ϦⲈⲚϬⲚⲈϪⲰϤ ⲚⲒⲂⲈⲚ.
Ele na nyɔnu be wòasrɔ̃ toɖoɖo le ɖoɖoezizi kple ɖokuibɔbɔ siaa me.
12 ⲓ̅ⲃ̅ ϮⲞⲨⲀϨⲤⲀϨⲚⲒ ⲆⲈ ⲀⲚ ⲚⲤϨⲒⲘⲒ ⲈϮⲤⲂⲰ ⲞⲨⲆⲈ ⲈⲐⲢⲈⲤⲈⲢϪⲰϪ ⲈⲠⲈⲤϨⲀⲒ ⲀⲖⲖⲀ ⲘⲀⲢⲈⲤϬⲒⲤⲂⲰ ϦⲈⲚⲞⲨⲘⲈⲦⲢⲈⲘⲢⲀⲨϢ.
Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo aɖu amegã ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ nezi ɖoɖoe.
13 ⲓ̅ⲅ̅ ⲀⲆⲀⲘ ⲄⲀⲢ ⲀⲨⲈⲢⲠⲖⲀⲌⲒⲚ ⲘⲘⲞϤ ⲚϢⲞⲢⲠ ⲒⲦⲀ ⲈⲨⲀ.
Nu ka ta? Elabena Mawu wɔ Adam gbã hafi va wɔ Eva.
14 ⲓ̅ⲇ̅ ⲞⲨⲞϨ ⲀⲆⲀⲘ ⲘⲠⲞⲨϢⲈⲢϨⲀⲖ ⲘⲘⲞϤ ϮⲤϨⲒⲘⲒ ⲆⲈ ⲚⲐⲞⲤ ⲈⲦⲀⲨⲈⲢϨⲀⲖ ⲘⲘⲞⲤ ⲀⲤϢⲰⲠⲒ ϦⲈⲚⲞⲨⲠⲀⲢⲀⲂⲀⲤⲒⲤ.
Eye menye Adam Satana ble o, ke boŋ Evae, eye to esia me, nu vɔ̃ va.
15 ⲓ̅ⲉ̅ ⲈⲤⲈⲚⲞϨⲈⲘ ⲆⲈ ⲈⲂⲞⲖ ϨⲒⲦⲈⲚ ⲦⲈⲤⲘⲈⲦⲢⲈϤϪⲪⲈ ϢⲎⲢⲒ ⲈϢⲰⲠ ⲀⲨϢⲀⲚⲞϨⲒ ϦⲈⲚⲠⲒⲚⲀϨϮ ⲚⲈⲘ ϮⲀⲄⲀⲠⲎ ⲚⲈⲘ ⲠⲒⲦⲞⲨⲂⲞ ϦⲈⲚⲞⲨⲘⲈⲦⲤⲀⲂⲈ.
Eya ta Mawu na be nyɔnuwo nakpe fu ase veve le woƒe vidzidzi me, ke aɖe woƒe luʋɔwo ne woxɔ edzi se, eye wonɔ agbe nyui le lɔlɔ̃ vavã me.