< 詩篇 106 >

1 你們要讚美耶和華! 要稱謝耶和華,因他本為善; 他的慈愛永遠長存!
Mikafu Yehowa. Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
2 誰能傳說耶和華的大能? 誰能表明他一切的美德?
Ame kae ate ŋu aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nu dzɔatsu siwo wòwɔ alo akafui wòade go?
3 凡遵守公平、常行公義的, 這人便為有福!
Woayra ame siwo léa dzɔdzɔenyenye me ɖe asi, ame siwo wɔa nu si nyo la ɣe sia ɣi.
4 耶和華啊,你用恩惠待你的百姓; 求你也用這恩惠記念我,開你的救恩眷顧我,
O! Yehowa, ɖo ŋku dzinye ne èle wò dukɔ la nu vem, va kpe ɖe ŋunye ne èle wo ɖem,
5 使我見你選民的福, 樂你國民的樂, 與你的產業一同誇耀。
be nye hã makpɔ gome le wò ame tiatiawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me, be makpɔ dzidzɔ kple wò dukɔ la, eye mawɔ ɖeka kple wò domenyinu la, akafu wò.
6 我們與我們的祖宗一同犯罪; 我們作了孽,行了惡。
Míewɔ nu vɔ̃ abe mía fofowo ke ene; míewɔ nu tovo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.
7 我們的祖宗在埃及不明白你的奇事, 不記念你豐盛的慈愛, 反倒在紅海行了悖逆。
Esi mía fofowo nɔ Egipte la, womebu wò nukunuwo ŋu o; womeɖo ŋku wò dɔmenyo gbogboawo dzi o, ke boŋ wodze aglã le ƒu la to, le Ƒu Dzĩ la to,
8 然而,他因自己的名拯救他們, 為要彰顯他的大能,
gake eɖe wo le eƒe ŋkɔ la ta, be wòana woanya eƒe ŋusẽ triakɔ la.
9 並且斥責紅海,海便乾了; 他帶領他們經過深處,如同經過曠野。
Eblu ɖe Ƒu Dzĩ la ta, eye wòmie; ale wòkplɔ wo to ƒugɔme abe tagba ƒuƒui ene.
10 他拯救他們脫離恨他們人的手, 從仇敵手中救贖他們。
Eɖe wo tso futɔ la ƒe asi me, eye ketɔ la ƒe asimee wòxɔ wo le.
11 水淹沒他們的敵人, 沒有一個存留。
Tsi la ŋe tsyɔ wo yometilawo dzi, eye ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o.
12 那時,他們才信了他的話, 歌唱讚美他。
Tete woxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se, eye wodzi ha kafui.
13 等不多時,他們就忘了他的作為, 不仰望他的指教,
Kasia woŋlɔ nu si wòwɔ la be xoxo, eye womelala xɔ aɖaŋu tso egbɔ o.
14 反倒在曠野大起慾心, 在荒地試探上帝。
Le gbea dzi la, wodzro nu vevie, eye le gbegbe la, wote Mawu kpɔ.
15 他將他們所求的賜給他們, 卻使他們的心靈軟弱。
Ale wòtsɔ nu si biam wole la na wo, gake eɖo dɔvɔ̃ ɖe wo dome.
16 他們又在營中嫉妒摩西 和耶和華的聖者亞倫。
Woʋã ŋu Mose kple Aron le asaɖa la me, ame si ŋuti wokɔ na Yehowa.
17 地裂開,吞下大坍, 掩蓋亞比蘭一黨的人。
Anyigba ke nu mi Datan, eye wòɖi Abiram kple eyomedzelawo agbagbe.
18 有火在他們的黨中發起; 有火焰燒毀了惡人。
Dzo va fia wo yomedzelawo, eye dzo ƒe aɖewo fia ame vɔ̃ɖiawo.
19 他們在何烈山造了牛犢, 叩拜鑄成的像。
Wowɔ nyivi le Horeb to la gbɔ, eye wosubɔ legba si wowɔ kple ga.
20 如此將他們榮耀的主 換為吃草之牛的像,
Wotsɔ woƒe Ŋutikɔkɔe ɖɔli nyitsu si ɖua gbe.
21 忘了上帝-他們的救主; 他曾在埃及行大事,
Woŋlɔ Mawu si ɖe wo la be, Mawu si wɔ nu gãwo na wo le Egipte
22 在含地行奇事, 在紅海行可畏的事。
kple dzesiwo le Hamnyigba dzi kple ŋɔdzinuwo le Ƒu Dzĩ la to.
23 所以,他說要滅絕他們; 若非有他所揀選的摩西站在當中, 使他的忿怒轉消, 恐怕他就滅絕他們。
Eya ta wògblɔ be, yele wo tsrɔ̃ ge. Ɖe Mose, eƒe ame tiatia la metsi tsitre ɖe gbagbãƒe la hexe mɔ na eƒe dziku helĩhelĩ la o la, anye ne etsrɔ̃ wo.
24 他們又藐視那美地, 不信他的話,
Wodo vlo anyigba dzeani la, eye womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o.
25 在自己帳棚內發怨言, 不聽耶和華的聲音。
Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me, eye womeɖo to Yehowa o.
26 所以,他對他們起誓: 必叫他們倒在曠野,
Eya ta wòdo eƒe asiwo ɖe dzi ka atam na wo be yele nana ge wo katã natsrɔ̃ ɖe gbea dzi,
27 叫他們的後裔倒在列國之中, 分散在各地。
woƒe dzidzimeviwo atsi dukɔwo dome, eye yeakaka wo ɖe anyigbawo dzi.
28 他們又與巴力‧毗珥連合, 且吃了祭死神的物。
Wotsɔ Baal Peor ƒe kɔkuti ku kɔ na wo ɖokuiwo, eye woɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ̃e na mawu siwo me agbe mele o.
29 他們這樣行,惹耶和華發怒, 便有瘟疫流行在他們中間。
Wotsɔ woƒe nu vɔ̃ɖiawo do dɔmedzoe na Yehowa, eye dɔvɔ̃ gbã gboo ɖe wo dome.
30 那時,非尼哈站起,刑罰惡人, 瘟疫這才止息。
Gake Finehas tsi tsitre hetso nya me, tete dɔvɔ̃ la nu tso.
31 那就算為他的義, 世世代代,直到永遠。
Wobu esia dzɔdzɔenyenye nɛ hena dzidzime mavɔ siwo ava dzɔ.
32 他們在米利巴水又叫耶和華發怒, 甚至摩西也受了虧損,
Le Meriba tsiawo gbɔ, wodo dɔmedzoe na Yehowa, eye Mose kpɔ nya le woawo ta.
33 是因他們惹動他的靈, 摩西用嘴說了急躁的話。
Elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe Gbɔgbɔ ŋuti, eye nya vlowo ge le Mose nu.
34 他們不照耶和華所吩咐的 滅絕外邦人,
Wometsrɔ̃ ameawo abe ale si Yehowa de se na wo ene o,
35 反與他們混雜相合, 學習他們的行為,
ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe kɔnyinyiwo.
36 事奉他們的偶像, 這就成了自己的網羅,
Wosubɔ woƒe legbawo, esi zu mɔ me woge ɖo.
37 把自己的兒女祭祀鬼魔,
Wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔe na gbɔgbɔ vɔ̃wo.
38 流無辜人的血, 就是自己兒女的血, 把他們祭祀迦南的偶像, 那地就被血污穢了。
Wokɔ ʋu maɖifɔ ɖi, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ƒe ʋu, ame siwo wotsɔ sa vɔe na Kanaan legbawo, eye wotsɔ woƒe ʋu gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.
39 這樣,他們被自己所做的污穢了, 在行為上犯了邪淫。
Woƒo ɖi wo ɖokuiwo to nu si wowɔ la me, eye to woƒe nuwɔnawo me, wotsɔ wo ɖokuiwo wɔ gbolowoe,
40 所以,耶和華的怒氣向他的百姓發作, 憎惡他的產業,
eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋuti, eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu.
41 將他們交在外邦人的手裏; 恨他們的人就轄制他們。
Etsɔ wo de asi na dukɔwo, eye woƒe futɔwo ɖu fia ɖe wo dzi.
42 他們的仇敵也欺壓他們, 他們就伏在敵人手下。
Woƒe futɔwo te wo ɖe to, eye wotsɔ wo de woƒe ŋusẽ te.
43 他屢次搭救他們, 他們卻設謀背逆, 因自己的罪孽降為卑下。
Eɖe wo zi geɖe, gake woɖoe kplikpaa be yewoadze aglã, eye wovɔ le eme keŋkeŋ le woƒe nu vɔ̃ me.
44 然而,他聽見他們哀告的時候, 就眷顧他們的急難,
Ke ekpɔ woƒe hiã la ɖa, esi wòse woƒe ɣlidodo;
45 為他們記念他的約, 照他豐盛的慈愛後悔。
le wo ta, eɖo ŋku eƒe nubabla la dzi, eye wòɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu le eƒe lɔlɔ̃ gã la ta.
46 他也使他們在凡擄掠他們的人面前蒙憐恤。
Ena ame siwo katã ɖe aboyo wo la kpɔ nublanui na wo.
47 耶和華-我們的上帝啊,求你拯救我們, 從外邦中招聚我們, 我們好稱讚你的聖名, 以讚美你為誇勝。
O! Yehowa, míaƒe Mawu, ɖe mí, eye nàƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míaƒo adegbe le wò kafukafu ŋu.
48 耶和華-以色列的上帝是應當稱頌的, 從亙古直到永遠。 願眾民都說:阿們! 你們要讚美耶和華!
Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me. Dukɔ blibo la nàgblɔ be, “Amen!” Mikafu Yehowa.

< 詩篇 106 >