< 阿摩司書 7 >

1 主耶和華指示我一件事:為王割菜之後,菜又發生;剛發生的時候,主造蝗蟲。
Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam le ŋutega me: Yehowa le ʋetsuviwo ƒe ha gã drinya aɖe dɔm ɖa be woava aɖu kelemenukuwo. Esia ava eme ne woxe nuku gbãtɔwo ƒe adzɔ na fia la vɔ megbe.
2 蝗蟲吃盡那地的青物,我就說:「主耶和華啊,求你赦免;因為雅各微弱,他怎能站立得住呢?」
Esi ʋetsuviawo ɖu nukuawo keŋkeŋ vɔ la, medo ɣli be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku, tsɔe ke dzro. Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, elabena enye dukɔ sue aɖe ko?”
3 耶和華就後悔說:「這災可以免了。」
Ale Yehowa ɖe asi le susu si wòɖo la ŋuti. Eye Yehowa gblɔ be, “Esia mava eme o.”
4 主耶和華又指示我一件事:他命火來懲罰以色列,火就吞滅深淵,險些將地燒滅。
Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam: Aƒetɔ Mawu yɔ dzo be wòadza, eye dzo la bi tɔsisi goglowo, eye wòfia anyigba la katã.
5 我就說:「主耶和華啊,求你止息;因為雅各微弱,他怎能站立得住呢?」
Ale megblɔ nɛ be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku mègawɔe o, elabena dukɔ sue aɖe ko wònye!” Aleke Yakob ate ŋu anɔ tee?
6 耶和華就後悔說:「這災也可免了。」
Ale Aƒetɔ Yehowa ɖe asi le susu sia hã ŋuti, Eye wògblɔ nam be, “Esia mava eme o.”
7 他又指示我一件事:有一道牆是按準繩建築的,主手拿準繩站在其上。
Emegbe la, egaɖe nu sia fiam: Aƒetɔ la le tsi tsitre ɖe gli si woɖo, wòdzɔ kã la xa, eye glidzidzenu le esi.
8 耶和華對我說:「阿摩司啊,你看見甚麼?」我說:「看見準繩。」主說:「我要吊起準繩在我民以色列中,我必不再寬恕他們。
Aƒetɔ la biam be, “Amos, nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋuti be, “Glidzidzenu.” Yehowa gayi dzi be, “Kpɔ ɖa, metsɔ glidzidzenu ɖo nye dukɔ, Israel titina. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o.
9 以撒的邱壇必然淒涼;以色列的聖所必然荒廢。我必興起,用刀攻擊耶羅波安的家。」
“Woagbã Isak ƒe nuxeƒewo, Israel ƒe Kɔkɔeƒewo azu aƒedo, eye matso ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu kple yi.”
10 伯特利的祭司亞瑪謝打發人到以色列王耶羅波安那裏,說:「阿摩司在以色列家中圖謀背叛你;他所說的一切話,這國擔當不起;
Ke esi Amazia, nunɔla si le Betel se nya siwo gblɔm Amos le la, eɖo du ɖe Israel fia Yeroboam kaba be, “Amos le nugbe ɖom ɖe ŋutiwò le Israel dukɔ la titina. Amewo mate ŋu atsɔ nya siwo katã gblɔm wòle la o.
11 因為阿摩司如此說:『耶羅波安必被刀殺;以色列民定被擄去離開本地。』」
Amos le gbɔgblɔm be, “‘Yeroboam atsi yi nu eye woaɖe aboyo Israel, akplɔe tso eƒe denyigba dzi.’”
12 亞瑪謝又對阿摩司說:「你這先見哪,要逃往猶大地去,在那裏糊口,在那裏說預言,
Amazia ɖo ame dɔdɔwo ɖe Amos be, “Wò, nyagblɔɖila, do go le afi sia! Si nàyi ɖe Yudanyigba dzi, eye nàgblɔ nya ɖi le afi ma be nàkpɔ abolo aɖu.
13 卻不要在伯特利再說預言;因為這裏有王的聖所,有王的宮殿。」
Mègava ɖe fu na mí kple wò ŋutegakpɔkpɔ ƒe nyawo le Betel, míaƒe toxɔdu, afi si fiaɖuƒe la ƒe gbedoxɔ le o!”
14 阿摩司對亞瑪謝說:「我原不是先知,也不是先知的門徒。我是牧人,又是修理桑樹的。
Amos ɖo eŋu ɖo ɖe Amazia be, “Menye nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae menye o. Nyemetso nyagblɔɖilawo ƒe ƒome me o. Nye la, lãnyila kple atikutsetsewo fɔla ko menye,
15 耶和華選召我,使我不跟從羊群,對我說:『你去向我民以色列說預言。』
gake Yehowa yɔm tso lãnyilawo dome gblɔ nam be, ‘Yi nàgblɔ nya ɖi na nye dukɔ Israel.’
16 亞瑪謝啊,現在你要聽耶和華的話。你說:『不要向以色列說預言,也不要向以撒家滴下預言。』
Azɔ ɖo to nàse gbedeasi sia, si tso Yehowa gbɔ na wò. Ègblɔ be, “‘Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋuti o, eye mègagblɔ Mawu ƒe nya tsi tsitre ɖe Isak ƒe aƒe ŋu o.’
17 所以耶和華如此說:『你的妻子必在城中作妓女;你的兒女必倒在刀下。你的地必有人用繩子量了分取;你自己必死在污穢之地。以色列民定被擄去離開本地。』」
“Aleae nye Yehowa ƒe ŋuɖoɖo na wò, “‘Esime nètsi tsitre ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti ta la, srɔ̃wò azu gbolo le du sia me, woawu viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple yi; woatsɔ dzidzeka ama wò anyigbae. Wò ŋutɔ ya, àku ɖe dzronyigba dzi, eye Israelviwo azu kluviwo le aboyo me le anyigba aɖe si le didiƒe ke la dzi.’”

< 阿摩司書 7 >