< 撒迦利亚书 11 >
“O Lebanon, ʋu wò agbowo da ɖi siaa be dzo nabi wò sedatiwo!
2 松树啊,应当哀号; 因为香柏树倾倒,佳美的树毁坏。 巴珊的橡树啊,应当哀号, 因为茂盛的树林已经倒了。
Mifa avi, O logotiwo elabena sedati mu dze anyi, ati gãwo tsrɔ̃! Mi ati sesẽ siwo le Basan, mifa avi, elabena wolã avetsuawo ƒu anyi!
3 听啊,有牧人哀号的声音, 因他们荣华的草场毁坏了。 有少壮狮子咆哮的声音, 因约旦河旁的丛林荒废了。
Miɖo to alẽkplɔlawo ƒe avifafa, elabena woƒe lãnyiƒe damawo tsrɔ̃. Miɖo to dzatawo ƒe xɔxlɔ̃, elabena Yɔdan ƒe ave damawo tsrɔ̃!”
4 耶和华—我的 神如此说:“你—撒迦利亚要牧养这将宰的群羊。
Yehowa, nye Mawu la gblɔ nam be, “Yi nàwɔ dɔ abe alẽkplɔla ene, eye nàkplɔ alẽ siwo woɖo ɖi na wuwu.
5 买他们的宰了他们,以自己为无罪;卖他们的说:‘耶和华是应当称颂的,因我成为富足。’牧养他们的并不怜恤他们。
Wo ƒlelawo wua wo yakatsyɔ, eye ame aɖeke mehea to na wo o. Ame siwo dzra wo la hã gblɔ be, ‘Mikafu Yehowa elabena mezu kesinɔtɔ!’ Woƒe kplɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mekpɔa wo ta o,
6 耶和华说:‘我不再怜恤这地的居民,必将这民交给各人的邻舍和他们王的手中。他们必毁灭这地,我也不救这民脱离他们的手。’”
elabena nyemagakpɔ nublanui na anyigbadzinɔlawo o.” Yehowae gblɔe. “Malé ame sia ame ade asi na ehavi kple eƒe fia. Woate anyigba la ɖe to, eye nyemaɖe wo tso woƒe asi me o.”
7 于是,我牧养这将宰的群羊,就是群中最困苦的羊。我拿着两根杖,一根我称为“荣美”,一根我称为“联索”。这样,我牧养了群羊。
Ale nye ŋutɔ mekplɔ alẽha si woɖo ɖi na wuwu, vevietɔ wo dometɔ siwo wote ɖe anyi. Metsɔ atizɔti eve, meyɔ ɖeka be Dɔmefafa, evelia be Ɖekawɔwɔ, eye mekpɔ alẽha la ta.
8 一月之内,我除灭三个牧人,因为我的心厌烦他们;他们的心也憎嫌我。
Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa. Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam.
9 我就说:“我不牧养你们。要死的,由他死;要丧亡的,由他丧亡;余剩的,由他们彼此相食。”
Megblɔ be, “Nyemaganye miaƒe kplɔla o. Ame siwo le kukum la neku, eye ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la netsrɔ̃. Ame siwo susɔ la nelé wo nɔewo ɖu.”
10 我折断那称为“荣美”的杖,表明我废弃与万民所立的约。
Ale metsɔ nye atikplɔ si meyɔ be Dɔmefafa la, meŋee, eye metu nu si mebla kple dukɔwo.
11 当日就废弃了。这样,那些仰望我的困苦羊就知道所说的是耶和华的话。
Metu nubabla la gbe ma gbe, eye ame siwo nu ti kɔ na le alẽhawo me, esi wole kpɔyem la, nyae be enye Yehowa ƒe nya.
12 我对他们说:“你们若以为美,就给我工价。不然,就罢了!”于是他们给了三十块钱作为我的工价。
Megblɔ na wo be, “Ne edze mia ŋu la, ekema mixe nye fe nam, gake ne medze mia ŋu o la, mitsɔe.” Ale woxe klosaloga blaetɔ̃ nam.
13 耶和华吩咐我说:“要把众人所估定美好的价值丢给窑户。”我便将这三十块钱,在耶和华的殿中丢给窑户了。
Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔe ƒu gbe ɖe zemela ŋu.” Eyae nye home gã si wosusu be mexɔ! Ale metsɔ klosaloga blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe nudzraɖoƒe.
14 我又折断称为“联索”的那根杖,表明我废弃犹大与以色列弟兄的情谊。
Azɔ meŋe nye atikplɔ evelia si meyɔ be Ɖekawɔwɔ la, ale meŋe ɖekawɔwɔ si le Yuda kple Israel dome.
15 耶和华又吩咐我说:“你再取愚昧牧人所用的器具,
Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ alẽkplɔla tsibome ƒe lãkplɔnu,
16 因我要在这地兴起一个牧人。他不看顾丧亡的,不寻找分散的,不医治受伤的,也不牧养强壮的;却要吃肥羊的肉,撕裂它的蹄子。
elabena mele alẽkplɔla aɖe ɖo ge ɖe anyigba la nu si makpɔ alẽ bubuwo ta alo adi alẽviwo alo abla abi na esiwo xɔ abi alo adi nuɖuɖu na esiwo le sesĩe la o, ke boŋ aɖu alẽ nyuitɔwo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.
17 无用的牧人丢弃羊群有祸了! 刀必临到他的膀臂和右眼上。 他的膀臂必全然枯干; 他的右眼也必昏暗失明。”
“Baba na alẽkplɔla ɖigbɔ̃ la, ame si gblẽ alẽha la ɖi! Yi nelã eƒe abɔ, eye wòaho eƒe ɖusimeŋku! Eƒe abɔ nedzo ɖo agu, eye eƒe ɖusimeŋku nagbã keŋkeŋ!”