< 诗篇 9 >
1 大卫的诗,交与伶长。调用慕拉便。 我要一心称谢耶和华; 我要传扬你一切奇妙的作为。
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “ŋutsuvi la ƒe ku” ƒe gbeɖiɖi nu. Makafu wò, O! Yehowa, kple nye dzi blibo, maɖe wò nukunuwɔwɔwo katã afia.
2 我要因你欢喜快乐; 至高者啊,我要歌颂你的名!
Dzi adzɔm, eye matso aseye le mewò; O Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuhawo na wò ŋkɔ.
3 我的仇敌转身退去的时候, 他们一见你的面就跌倒灭亡。
Nye futɔwo trɔ megbe; wokli nu, eye wo katã wotsrɔ̃ le ŋkuwò me.
4 因你已经为我伸冤,为我辨屈; 你坐在宝座上,按公义审判。
Elabena wòe xɔ nye nya, eye nèɖe nye dzɔdzɔenyenye ɖe go. Ènɔ wò fiazikpui dzi, eye nèdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.
5 你曾斥责外邦,你曾灭绝恶人; 你曾涂抹他们的名,直到永永远远。
Èka mo na dukɔwo, eye nètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hetutu woƒe ŋkɔwo ɖa tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
6 仇敌到了尽头; 他们被毁坏,直到永远。 你拆毁他们的城邑, 连他们的名号都归于无有。
Tsɔtsrɔ̃ mavɔ va futɔ la dzi, elabena èho woƒe duwo, eye womagaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã akpɔ gbeɖe o.
7 惟耶和华坐着为王,直到永远; 他已经为审判设摆他的宝座。
Yehowa aɖu fia tegbetegbe; eɖo eƒe fiazikpui anyi hena ʋɔnudɔdrɔ̃.
Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me; akplɔ dukɔwo katã le nuteƒewɔwɔ me.
9 耶和华又要给受欺压的人作高台, 在患难的时候作高台。
Yehowa nye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi kple mɔ sesẽ le xaxaɣiwo.
10 耶和华啊,认识你名的人要倚靠你, 因你没有离弃寻求你的人。
Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò, elabena wò Yehowa, megble ame siwo dia wò la ɖi kpɔ o.
11 应当歌颂居锡安的耶和华, 将他所行的传扬在众民中。
Midzi kafukafuhawo na Yehowa, ame si nɔ fiazikpui dzi gli le Zion, miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
12 因为那追讨流人血之罪的—他记念受屈的人, 不忘记困苦人的哀求。
Elabena eya, ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la, ɖoa ŋku edzi, medoa toku hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.
13 耶和华啊,你是从死门把我提拔起来的; 求你怜恤我,看那恨我的人所加给我的苦难,
O Yehowa, kpɔ ale si nye futɔwo le yonyeme tim ɖa! Kpɔ nye nublanui, eye nàkɔm tso ku ƒe agbowo me,
14 好叫我述说你一切的美德; 我必在锡安城的门因你的救恩欢乐。
be maɖe wò kafukafu afia le Zion Vinyɔnu ƒe agbowo me, eye le afi ma matso aseye le ɖeɖe si nènam la ta.
15 外邦人陷在自己所掘的坑中; 他们的脚在自己暗设的网罗里缠住了。
Dukɔwo ge dze do si woawo ŋutɔ woɖe la me; woƒe afɔwo ɖo ɖɔ si woawo ŋutɔ woɖo ɖi le bebeme la me.
16 耶和华已将自己显明了,他已施行审判; 恶人被自己手所做的缠住了。 (细拉)
Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. (Sela)
17 恶人,就是忘记 神的外邦人, 都必归到阴间。 (Sheol )
Ame vɔ̃ɖiwo gbugbɔ yi yɔ me, nenema kee nye dukɔ siwo ŋlɔ Mawu be. (Sheol )
18 穷乏人必不永久被忘; 困苦人的指望必不永远落空。
Ke womaŋlɔ hiãtɔ be ɖikaa alo ame si le fu kpem la, mɔkpɔkpɔ nabu ɖee o.
19 耶和华啊,求你起来,不容人得胜! 愿外邦人在你面前受审判!
Tso, O Yehowa! Mègana amegbetɔ naɖu dzi o, na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me.
20 耶和华啊,求你使外邦人恐惧; 愿他们知道自己不过是人。 (细拉)
O! Yehowa, ƒo wo ƒu anyi kple ŋɔdzi; na dukɔwo nanya be amegbetɔwo yewonye. (Sela)