< 诗篇 42 >

1 可拉后裔的训诲诗,交与伶长。 神啊,我的心切慕你, 如鹿切慕溪水。
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Ale si zinɔ ƒe ve me ƒunae ɖe tɔʋuwo ŋu la, O! Mawu, nenemae nye luʋɔ le diwòm.
2 我的心渴想 神,就是永生 神; 我几时得朝见 神呢?
Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu. Ɣe ka ɣi mayi aɖado go Mawu?
3 我昼夜以眼泪当饮食; 人不住地对我说:你的 神在哪里呢?
Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, evɔ amewo le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”
4 我从前与众人同往, 用欢呼称赞的声音 领他们到 神的殿里,大家守节。 我追想这些事, 我的心极其悲伤。
Nu siawo dzi meɖo ŋkue esi meyi ɖokuinye me. Tsã la, nyee kplɔa amehawo; menɔa ŋgɔ kplɔa wo yina ɖe gbedoxɔ me, eye dzidzɔɣli kple kafukafuhawo dea dzi le ŋkekenyuiɖulawo dome kɔtɔɔ.
5 我的心哪,你为何忧闷? 为何在我里面烦躁? 应当仰望 神,因他笑脸帮助我; 我还要称赞他。
O! Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.
6 我的 神啊,我的心在我里面忧闷, 所以我从约旦地, 从黑门岭,从米萨山记念你。
Nye luʋɔ le nu xam le menye, eya ta maɖo ŋku dziwò le Yɔdanyigba dzi, le Hermon tame ke kple Mizar to dzi.
7 你的瀑布发声,深渊就与深渊响应; 你的波浪洪涛漫过我身。
Tɔ goglo yɔa tɔ goglo le wò tsitsetsewo ƒe howɔwɔ me; wò tsitsotsoewo kple tsi kpakawo ŋe tsyiɔ dzinye.
8 白昼,耶和华必向我施慈爱; 黑夜,我要歌颂祷告赐我生命的 神。
Le ŋkeke me la, Yehowa ɖoa eƒe lɔlɔ̃ ɖem, le zã me la eƒe ha nɔa nunyeme, eye wònyea gbedodoɖa na nye agbe ƒe Mawu la.
9 我要对 神—我的磐石说: 你为何忘记我呢? 我为何因仇敌的欺压时常哀痛呢?
Megblɔ na Mawu, nye Agakpe la be, “Nu ka ta nèŋlɔm be ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?”
10 我的敌人辱骂我, 好像打碎我的骨头, 不住地对我说: 你的 神在哪里呢?
Nye ƒuwo le veve sem, eye nye ketɔwo le alɔme ɖem le ŋunye, le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”
11 我的心哪,你为何忧闷? 为何在我里面烦躁? 应当仰望 神,因我还要称赞他。 他是我脸上的光荣,是我的 神。
O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.

< 诗篇 42 >